Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 106

Waingble Ŋuti Lododo Eve

Waingble Ŋuti Lododo Eve

MATEO 21:28-46 MARKO 12:1-12 LUKA 20:9-19

  • EDO LO KU ÐE VIŊUTSU EVE ŊU

  • EDO LO KU ÐE WAINGBLEMEDƆWƆLAWO ŊU

Le gbedoxɔa me la, ɖeko Yesu na ŋu kpe nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dumegã siwo tɔ gbee ku ɖe ame si na ŋusẽe wòtsɔ le nuwo wɔm la ŋu vɔ koe nye esia. Yesu ƒe nyaŋuɖoɖoa wɔe be womegakpɔ nya aɖeke woagblɔ o. Azɔ edo lo aɖe tsɔ klo nu le ame si ƒomevi wonye la dzi.

Yesu gblɔ be: “Vi eve le ŋutsu aɖe si. Eye wòyi gbãtɔ gbɔ ɖagblɔ nɛ be, ‘Vinye, yi ɖawɔ dɔ le waingble la me egbe.’ Eɖo eŋu be, ‘Nyemayi o,’ ke emegbe la evee eye wòyi. Eye wòva evelia gbɔ gblɔ na eya hã nenema ke. Eya ɖo eŋu be, ‘Mayi,’ ke meyi o. Ame eve siawo dometɔ kae wɔ fofoa ƒe lɔlɔ̃nu?” (Mateo 21:28-31) Ŋuɖoɖoa dze ƒãa—vi gbãtɔ lae wɔ fofoa ƒe lɔlɔ̃nu mlɔeba.

Eya ta Yesu gblɔ na eƒe tsitretsiɖeŋulawo be: “Vavã mele egblɔm na mi be, adzɔxɔlawo kple gbolowo atre Mawu Fiaɖuƒe la me yiyi na mi.” Le gɔmedzedzea la, adzɔxɔlawo kple gbolowoe menɔ Mawu subɔm o. Gake abe ale si vi gbãtɔa wɔe ene la, wova trɔ dzi me emegbe hele Mawu subɔm. Ke subɔsubɔhakplɔlawo ya le abe vi evelia ene, elabena wogblɔna be yewole Mawu subɔm, evɔ womesubɔnɛ hafi o. Yesu gblɔ be: “Yohanes [Amenyrɔɖetsimelaa] va mia gbɔ be yeafia dzɔdzɔenyenyemɔ la mi, ke miexɔ edzi se o. Gake adzɔxɔlawo kple gbolowo ya xɔ edzi se, eye togbɔ be miekpɔ esia hã la, mete ɖe mia dzi emegbe ne miaxɔ edzi ase o.”—Mateo 21:31, 32.

Yesu gado lo bubu ɖe ema yome. Le lo sia me la, Yesu ɖee fia be menye ɖeko subɔsubɔhakplɔlawo gbe be yewomasubɔ Mawu o. Ke boŋ ɖe wovɔ̃ɖi. Yesu gblɔ be: “Ame aɖe de waingble, eye wòtɔ kpɔ ƒo xlãe, ewɔ wainfiãƒe ɖe eme, eye wòtu agbledzɔxɔ ɖe eme, etsɔe de asi na agbledelawo, eye wòzɔ mɔ yi duta. Ke esi nuŋeɣi ɖo la, edɔ eƒe kluvi ɖeka ɖe agbledelawo gbɔ be wòaxɔ waingblea me kutsetse aɖewo tso wo gbɔ avɛ. Ke wolée heƒoe, eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlui. Egadɔ kluvi bubu ɖe wo gbɔ, ke woxlã nu ɖe ta nɛ hedo vloe. Eye wògadɔ bubu ɖa, ke wowu eya hã, egadɔ bubu geɖewo ɖa, ke woƒo ɖewo, eye wowu ɖewo hã.”—Marko 12:1-5.

Ðe ame siwo nɔ to ɖom Yesu la ase eƒe lododoa gɔmea? Anɔ eme be woaɖo ŋku Yesaya ƒe fɔbuamenya siawo dzi be: “Aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe waingble lae nye Israel ƒe aƒe; Yudatɔwoe nye agble si gbɔ melɔ̃a nu le o la. Ekpɔ mɔ na ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃, ke kpɔ ɖa, sedzidadae li.” (Yesaya 5:7) Yesu ƒe lododoa me nyawo ɖi nya mawo. Agbletɔ lae nye Yehowa, eye waingble lae nye Israel dukɔa si Mawu ƒe Se la nye kpɔtɔtɔ kple takpɔkpɔ na. Yehowa dɔ nyagblɔɖilawo ɖe eƒe amewo be woafia nu wo ahakpe ɖe wo ŋu be woatse ku nyuiwo.

Ke hã ‘agbledelaawo’ wɔ fu “kluvi” siwo wodɔ ɖo ɖe wo la hewu wo. Yesu gblɔ be: “Azɔ viŋutsuvi ɖeka le [waingbletɔa si] si gbɔ melɔ̃a nu le o. Edɔ eya hã ɖe wo gbɔ gblɔ be, ‘Woasi vinye ŋkume ɖa.’ Ke agbledela mawo gblɔ le wo nɔewo dome be, ‘Ame siae nye domenyila la. Miva míawui, ne domenyinua nazu mía tɔ.’ Ale wolée hewui.”—Marko 12:6-8.

Azɔ Yesu bia be: “Nu kae waingbletɔa awɔ?” (Marko 12:9) Subɔsubɔhakplɔlawo ɖo eŋu be: “Esi wonye ame vɔ̃ɖiwo ta la, atsrɔ̃ wo ŋɔdzitɔe, eye wòatsɔ waingble la ade asi na agbledela bubu siwo atsɔ kutsetsewo anɛ le kutsetseawo ɖiɣi.”—Mateo 21:41.

Woƒe nyaŋuɖoɖo sia nye ʋɔnudɔdrɔ̃ wo ɖokuiwo le manyamanya me, elabena woawo hã wokpe ɖe ‘agbledela’ siwo le dɔ wɔm le Yehowa ƒe “waingble,” si le tsitre ɖi na Israel dukɔa me la ŋu. Yehowa tɔ dzɔ be wòadi kutsetsewo tso agbledela mawo si, eye kutsetse sia ƒe ɖee nye be woaxɔ Via si nye Mesia la dzi ase. Azɔ Yesu kpɔ wo dũu hegblɔ be: “Ðe miexlẽ ŋɔŋlɔ sia kpɔ be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu dzogoedzikpe vevitɔ, Yehowa gbɔe esia tso, eye wònye nu wɔnuku le mía ŋkume’ oa?” (Marko 12:10, 11) Yesu na eƒe nyaa me kɔ ƒãa azɔ esi wògblɔ be: “Esia tae mele egblɔm na mi be, woaxɔ Mawu Fiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ si tsea eƒe kuwo.”—Mateo 21:43.

Agbalẽfialawo kple nunɔlawo ƒe tatɔwo kpɔe dze sii be “yewo ŋue wòdo lo sia ɖo.” (Luka 20:19) Fifia ya wodi vevie wu tsã be yewoawu Yesu, si nye “domenyila” si dze la. Gake wovɔ̃ ameha la, elabena wobua Yesu nyagblɔɖilae, eya ta womedze agbagba be yewoawui ɣemaɣi o.