Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 108

Yesu Gblẽ Mɔ̃ Si Wotre Nɛ La Me

Yesu Gblẽ Mɔ̃ Si Wotre Nɛ La Me

MATEO 22:15-40 MARKO 12:13-34 LUKA 20:20-40

  • MITSƆ KAISARO TƆ NA KAISARO

  • ÐE WOAÐE SRƆ̃ LE TSITRETSITSIA MEA?

  • SEDEDE GÃTƆWO

Subɔsubɔhakplɔla siwo nye Yesu ƒe futɔwo la do dziku. Edo lo siwo klo nu le woƒe vɔɖivɔ̃ɖi dzi vɔ koe nye ema. Azɔ Farisitɔwo ɖo nugbe be yewoatre mɔ̃ nɛ. Wodi be yewoana wòagblɔ nya aɖe si dzi yewoanɔ te ɖo atsɔe ade asi na Roma nutodziɖula la, eya ta wona ga woƒe nusrɔ̃la aɖewo be woayi aɖatre mɔ̃ nɛ.—Luka 6:7.

Ame siawo va gblɔ be: “Nufiala, míenyae be èƒoa nu hefia nu ɖe eteƒe, eye mèkpɔa ame ŋkume o, ke boŋ èfiaa Mawu ƒe mɔ la le nyateƒe me: Ðe se ɖe mɔ be míaxe adzɔ na Kaisaro loo, alo se meɖe mɔ o?” (Luka 20:21, 22) Woƒe kesekukuɖɔɖɔnamea meflu Yesu o, elabena alakpanu kple ayemenu wɔmee wonɔ. Ne eɖo eŋu be, ‘Ao, mele be woaxe adzɔ o’ la, woate ŋu atsɔ nya ɖe eŋu be edze aglã ɖe Roma dziɖuɖua ŋu. Gake ne egblɔ be, ‘Ɛ̃, mixe adzɔ sia’ la, ekema dukɔa me tɔwo, siwo le tse ɖum le Romatɔwo ƒe dziɖuɖu ta la, ase eƒe nyaa gɔme bubui ahatso ɖe eŋu. Eya ta aleke wòɖo nyaa ŋui?

Yesu gblɔ be: “Nu ka tae miele mɔ̃ trem nam? Mitsɔ gaku si wotsɔna xea adzɔ la vɛ makpɔ.” Wotsɔ denario ɖeka vɛ nɛ. Eye wòbia wo be: “Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe nye esia?” Wogblɔ be: “Kaisaro tɔe.” Eye wògblɔ na wo be: “Ekema mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, eye mitsɔ nu siwo nye Mawu tɔ la na Mawu.”—Mateo 22:18-21.

Ale si Yesu ɖo nyaa ŋu aɖaŋutɔe la na woƒe nu ku, eye wotrɔ dzo. Gake ŋkekea mewu enu haɖe o, eye wogale agbagbadzedze dzi be yewoatre mɔ̃ nɛ. Le Farisitɔwo ƒe kpododo nu megbe la, kɔmama bubu ƒe kplɔlawo va Yesu gbɔ.

Zadukitɔ siwo gblɔna be tsitretsitsi meli o la va bia nya aɖe ku ɖe tsitretsitsi la kple ame nɔvi si ku srɔ̃ ɖeɖe ŋu. Wobia be: “Nufiala, Mose gblɔ be: ‘Ne ŋutsu aɖe ku, evɔ vi mele esi o la, nɔviaŋutsu naxɔ srɔ̃a aɖe ne wòado ƒome ɖi nɛ.’ Nɔviŋutsu adre nɔ mía dome. Gbãtɔa ɖe srɔ̃ eye wòku, gake esi medzi vi aɖeke o ta la, nɔvia xɔ nyɔnua ɖe. Nu ma kee dzɔ ɖe evelia kple etɔ̃lia dzi va se ɖe wo ame adrea katã dzi. Mlɔeba nyɔnua hã ku. Eya ta le tsitretsitsia me ɖe, ŋutsu adreawo dometɔ ka srɔ̃ wòanye? Elabena wo katã woɖee kpɔ.”—Mateo 22:24-28.

Yesu he susu yi Mose ƒe nuŋlɔɖia, si dzi Zadukitɔwo xɔ se la dzi tsɔ ɖo eŋu na wo be: “Ðe menye esia tae mieda ƒu le esi mienya Ŋɔŋlɔawo loo alo Mawu ƒe ŋusẽ la oa? Elabena ne wofɔ tso ame kukuwo dome la, ŋutsuwo maɖe srɔ̃ o, eye womatsɔ nyɔnuwo ana be woaɖe o, ke boŋ woanɔ abe mawudɔla siwo le dziƒo ene. Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, ɖe miexlẽ ŋuve ŋuti nuŋlɔɖi si le Mose ƒe agbalẽa me, ale si Mawu gblɔ nɛ be: ‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kpakple Yakob ƒe Mawu’ la oa? Menye ame kukuwo ƒe Mawue wònye o, ke boŋ agbagbeawo tɔe. Mieda ƒu ŋutɔ.” (Marko 12:24-27; 2 Mose 3:1-6) Yesu ƒe nyaŋuɖoɖoa na amehawo ƒe nu ku.

Esi Yesu tsi nya ɖe Farisitɔwo kple Zadukitɔwo nu alea ta la, tsitretsiɖeŋula siawo va wɔ ɖeka be yewoagadoe akpɔ. Agbalẽfiala aɖe biae be: “Nufiala, sedede kae nye gãtɔ le Se la me?”—Mateo 22:36.

Yesu ɖo eŋu be: “Gbãtɔe nye, ‘Oo Israel, see, Yehowa mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe, eye nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo, wò tamesusu blibo kple wò ŋusẽ blibo.’ Eveliae nye esi, ‘Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ Se bubu aɖeke megali si lolo wu esiawo o.”—Marko 12:29-31.

Esi agbalẽfialaa se ŋuɖoɖo sia la, egblɔ be: “Nufiala, ègblɔe nyuie le nyateƒe la nu be, ‘Ðeka koe wònye, eye bubu aɖeke megali o, negbe eya ko,’ eye be woalɔ̃e kple dzi blibo kple gɔmesese blibo kpakple ŋusẽ blibo, eye woalɔ̃ ame havi abe ame ɖokui ene la xɔ asi sãsãsã wu numevɔsa blibowo kple vɔsawo katã.” Esi Yesu kpɔ be eɖo nyaa ŋu nunyatɔe la, egblɔ nɛ be: “Mèle adzɔge tso Mawu Fiaɖuƒe la gbɔ o.”—Marko 12:32-34.

Ŋkeke etɔ̃e nye esia (Nisan 9, 10, kple 11) Yesu le nu fiam le gbedoxɔa me. Ame aɖewo abe agbalẽfiala sia ene kpɔ dzidzɔ ɖe toɖoɖoe ŋu. Gake mele alea le subɔsubɔhakplɔla siwo ƒo dzi ‘megale be woabia nya aɖekee o’ la gome o.