Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 109

Eka Mo Na Subɔsubɔhakplɔla Siwo Tsi Tre Ðe Eŋu

Eka Mo Na Subɔsubɔhakplɔla Siwo Tsi Tre Ðe Eŋu

MATEO 22:41–23:24 MARKO 12:35-40 LUKA 20:41-47

  • AME KA ƑE VIE KRISTO LA NYE?

  • YESU ƲU GO TSITRETSIÐEŊULA ALAKPANUWƆLAWO ƑE NUWƆNA

Agbagba si subɔsubɔhakplɔla tsitretsiɖeŋulawo dze be yewoadi nya na Yesu alo atre mɔ̃ nɛ ale be yewoadee asi na Romatɔwo la medze edzi o. (Luka 20:20) Fifia esi wògale gbedoxɔa me le Nisan 11 lia dzi la, eya hã trɔ ɖe wo ŋu eye wòɖe ame si ŋutɔŋutɔ wònye la fia. Ebia wo be: “Nu kae miesusu le Kristo la ŋu? Ame ka vie wònye?” (Mateo 22:42) Ame geɖe nyae be Kristo, alo Mesia la, atso David ƒe ƒomea me. Eye woƒe nyaŋuɖoɖoa wɔ ɖeka kple nya sia.—Mateo 9:27; 12:23; Yohanes 7:42.

Yesu bia wo be: “Ekema aleke wɔ gbɔgbɔ ʋã David wòyɔe be ‘Aƒetɔ,’ esi wògblɔ be: ‘Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ be: “Bɔbɔ nɔ nye ɖusime va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo ade wò afɔ te”’? Azɔ ne David yɔe be ‘Aƒetɔ’ ɖe, ke aleke wɔ wònye via?”—Mateo 22:43-45.

Farisitɔwo mete ŋu ɖo nya ma ŋu o, elabena wonɔ mɔ kpɔm na David ƒe dzidzimevi si nye amegbetɔ si ava ɖe wo tso Romatɔwo ƒe teteɖeanyi me. Gake Yesu he susu yi David ƒe nya si le Psalmo 110:1, 2 la dzi tsɔ ɖee fia be menye amegbetɔ dziɖula dzroe Mesia la anye o. Enye David ƒe Aƒetɔ, eye axɔ ŋusẽ ne eva nɔ Mawu ƒe ɖusime. Yesu ƒe nya sia tsi nya ɖe eƒe tsitretsiɖeŋulawo nu.

Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kple ame bubuwo hã nɔ to ɖom. Yesu trɔ ɖe wo ŋu azɔ hexlɔ̃ nu wo tso agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ŋu. Ŋgɔnɔla siawo “bɔbɔ nɔ Mose ƒe zikpui dzi” be woafia Mawu ƒe Sea amewo. Yesu gblɔ na eƒe nyaselawo be: “Miwɔ nu siwo katã wogblɔna na mi la, eye milé wo me ɖe asi, ke migakpɔ woƒe nuwɔna miawɔ o, elabena wogblɔnɛ, gake womewɔa nu si wogblɔna la dzi o.”—Mateo 23:2, 3.

Azɔ Yesu ƒo nu tso alakpanu siwo wowɔna la dometɔ aɖewo ŋu esi wògblɔ be: “Wowɔa nugoe siwo me ŋɔŋlɔawo le la wòkekena eye woblaa wo ɖe ŋgonu kple abɔ be woakpɔ yewo ta.” Yudatɔ aɖewo hã blaa nugoe siawo siwo me Sea me nya kpuiwo nɔna la ɖe ŋgonu kple abɔ, gake wo tɔawo nɔa sue wu. Farisitɔwo wɔa wo tɔawo wòkekena be amewo nakpɔe be yewoléa fɔ ɖe Se la ŋu. “Wowɔa woƒe awu togawo wòdidina” hã. Wobia tso Israel-viwo si be woade gbowo woƒe awuwo to, ke hã Farisitɔwo kpɔa egbɔ be yewo tɔwo didi wu. (4 Mose 15:38-40) Wowɔa esiawo katã “be amewo nakpɔ” yewo.—Mateo 23:5.

Ame ŋkuta nyenye ƒe didia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gɔ̃ hã dzi, eya ta exlɔ̃ nu wo be: “Migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe Nufiala, ke mi katã la, nɔviwo mienye. Eye migayɔ ame aɖeke be mia fofo le anyigba dzi hã o, elabena ame ɖekae nye mia Fofo, Ame si le dziƒo. Eye womegayɔ mi be kplɔlawo hã o, elabena ame ɖekae nye miaƒe Kplɔla, eyae nye Kristo la.” Ke aleke wòle be nusrɔ̃lawo nabu wo ɖokuiwoe, eye aleke wòle be woawɔ nui? Yesu gblɔ na wo be: “Ame si nye gãtɔ le mia dome la nanye miaƒe subɔla. Ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si bɔbɔa eɖokui la, woadoe ɖe dzi.”—Mateo 23:8-12.

Azɔ Yesu bu fɔ agbalẽfialawo kple Farisitɔ alakpanuwɔlawo vevie esi wògblɔ be: “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Elabena mietua Dziƒofiaɖuƒe la ƒe ʋɔwo ɖe amewo nu; eye esi miawo ŋutɔwo mieyina ɖe eme o ta la, mieɖea mɔ na ame siwo le mɔ dzi yina ɖe eme la be woayi ɖe eme o.”—Mateo 23:13.

Yesu bu fɔ Farisitɔwo, elabena womedea asixɔxɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu o, eye esia dze le woƒe sedede ɖe nuwo ŋu madzemadzee la me. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔna be: “Ne ame aɖe tà gbedoxɔa la, mehiã be wòawɔ edzi o; ke ne ame aɖe tà sika si le gbedoxɔa me ya la, ele be wòawɔ eƒe atam la dzi godoo.” Esia ɖe ale si woƒe ŋkuwo gbãe la fia, elabena wodea asixɔxɔ sika si le gbedoxɔa me la ŋu wu tadedeagu si wotsɔna na Yehowa le gbedoxɔa me. Eye woŋea “aɖaba ƒua Se la me nu vevitɔwo, siwo nye dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ kpakple nuteƒewɔwɔ dzi.”—Mateo 23:16, 23; Luka 11:42.

Yesu yɔ Farisitɔ siawo be “mɔfiala ŋkuagbãtɔ siwo tsyɔa nu dzodzoe sue, gake mia kposɔ ya!” (Mateo 23:24) Wotsyɔa nu dzodzoe le woƒe wain me, elabena eŋu mekɔ le Se la nu o. Gake ale si woŋea aɖaba ƒua Se la me nu siwo le vevie wu dzi la le ko abe ɖe wole kposɔ mim ene. Kposɔ hã nye lã si ŋu mekɔ o, evɔ eya boŋ lolo sãa wu.—3 Mose 11:4, 21-24.