Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 111

Apostoloawo Bia Dzesi

Apostoloawo Bia Dzesi

MATEO 24:3-51 MARKO 13:3-37 LUKA 21:7-38

  • NUSRƆ̃LA ENE BIA DZESI

  • EMEVAVA LE ƑE ALAFA GBÃTƆ ME KPLE EMEGBE

  • ELE BE MÍANƆ ŊUDZƆ

Braɖagbe ŋdɔ mee, eye Nisan 11 lia le enu wum. Ŋkeke siwo Yesu le dɔ dzi vevie le anyigba dzi afi sia la hã le enu wum. Le ŋkeke me la, efiaa nu le gbedoxɔa me, ke ne zã do la, edoa go le dua me ɖatsia teƒe aɖe dɔna. Ame geɖe dina be yewoase eƒe nyawo, eye wovaa “egbɔ ŋdi kanya le gbedoxɔa me va ɖoa toe.” (Luka 21:37, 38) Gake esia nu va yi. Azɔ Yesu bɔbɔ nɔ anyi ɖe Amitoa dzi eye eƒe apostolo ene siwo nye Petro, Andrea, Yakobo kple Yohanes le eŋu.

Ame ene siawo ɖeɖee va egbɔ. Wotsi dzi ɖe gbedoxɔa ŋu, elabena fifi laa koe Yesu gblɔe ɖi be womele eƒe kpe aɖeke gblẽ ge ɖe kpe dzi o. Ke hã woganɔ nya geɖewo hã ŋu bum. Do ŋgɔ la, Yesu xlɔ̃ nu wo be: “Minɔ dzadzraɖoɖi, elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo si miesusu o la dzi.” (Luka 12:40) Eƒo nu tso “gbe si gbe Amegbetɔvi la aɖe eɖokui afia” ŋu hã va yi. (Luka 17:30) Ðe nya mawo ku ɖe nya siwo wògblɔ fifi laa tso gbedoxɔa ŋu la ŋua? Apostoloawo di vevie be yewoanya. Wogblɔ be: “Gblɔe na mí, ɣekaɣie nu siawo adzɔ, eye nu kae anye wò anyinɔɣi kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?”—Mateo 24:3.

Anɔ eme be gbedoxɔa si nɔ dzedzem le adzɔge ɖaa la ƒe nuwuwue nɔ susu me na wo. Woƒe biabia la ku ɖe Amegbetɔvi la ƒe anyinɔɣi hã ŋu. Woanya ɖo ŋku lo si Yesu do ku ɖe “bubume aɖe” si ‘zɔ mɔ be woaɖo ye fia ne yeatrɔ agbɔ’ la dzi. (Luka 19:11, 12) Eye mlɔeba la, wodi be yewoanya nu siwo adzɔ le ‘nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.’

Le Yesu ƒe nyaŋuɖoɖo si me wòɖe nu me tsitotsito le me la, egblɔ dzesi si ana woanya ɣeyiɣi si me Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia, si ƒe akpa aɖe gbedoxɔa hã nye la awu enu. Gake eƒe nyawo meku ɖe nuɖoanyi ma ko ŋu o. Le etsɔme la, dzesi sia akpe ɖe Kristotɔwo ŋu woanya ɣeyiɣi si me wole eƒe ‘anyinɔɣia’ me kple ɣeyiɣi si me anyigba dzi nuɖoanyi bliboa gogo eƒe nuwuwu.

Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, apostoloawo kpɔ Yesu ƒe nyagblɔɖia me vava. Ɛ̃, nu siwo wògblɔ ɖi la dometɔ geɖe te emevava le woƒe agbenɔɣi. Eya ta Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia kple woƒe gbedoxɔa tsɔtsrɔ̃ si nɔ aƒe tum la melili Kristotɔ siwo nɔ ŋudzɔ le ƒe 70 K.Ŋ., si nye ƒe 37 tso esime wogblɔ nyaa ɖi la o. Ke hã menye nu siwo katã Yesu gblɔ ɖi lae va eme le ƒe siwo do ŋgɔ na ƒe 70 K.Ŋ. kple ƒe ma ŋutɔ me o. Ekema nu kawoe ade dzesi eƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me? Yesu gblɔe na apostoloawo.

Yesu gblɔe ɖi be woase “aʋawɔwɔwo kple aʋawɔwɔwo ŋu nyawo” eye “dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu.” (Mateo 24:6, 7) Egblɔ hã be “anyigba aʋuʋu ŋɔdzitɔe le teƒeteƒewo, eye dɔwuame kple dɔvɔ̃wo ava teƒeteƒewo.” (Luka 21:11) Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Amewo alé mi, [eye] woati mia yome.” (Luka 21:12) Aʋatsonyagblɔɖilawo ado eye woakplɔ ame geɖe atrae. Sedzimawɔmawɔ adzi ɖe edzi eye ame akpa gãtɔ ƒe lɔlɔ̃ ayi to. Egblɔ kpee hã be “woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”—Mateo 24:14.

Togbɔ be Yesu ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa aɖewo va eme hafi Romatɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem eye akpa aɖewo va eme le etsrɔ̃ɣia hã la, ɖe wòanye be Yesu ƒe nyawo agava eme emegbe le mɔ si lolo wu nua? Ðe nèkpɔ nu siwo ɖo kpe edzi be Yesu ƒe nyagblɔɖi ɖedzesia le eme vam le mɔ si lolo wu nu le míaƒe ŋkekea mea?

Nu siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe anyinɔɣi ƒe dzesia me la dometɔ ɖekae nye “ŋunyɔnu si ahe aƒedozuzu vɛ.” (Mateo 24:15) Le ƒe 66 K.Ŋ. la, ŋunyɔnu sia va nye Romatɔwo ƒe ‘aʋakɔ siwo ɖe to’ ɖe Yerusalem kple woƒe trɔ̃subɔsubɔ ƒe aflagawo. Romatɔwo ɖe do ɖe dua ƒe gliwo te. (Luka 21:20) “Ŋunyɔnu” la va tsi tre ɖe afi si mele be wòanɔ o, si nye afi si Yudatɔwo buna be enye “kɔkɔeƒe.”

Yesu gayi eƒe nyagblɔɖia dzi be: “Ɣemaɣi la, xaxa gã si tɔgbi meva kpɔ tso xexea ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o la ava, eye etɔgbi megale vava ge ake o.” Le ƒe 70 K.Ŋ. la, Romatɔwo tsrɔ̃ Yerusalem. Yudatɔwo ƒe ‘du kɔkɔea’ kple eƒe gbedoxɔa tsɔtsrɔ̃ la nye xaxa gã vavã si me wowu ame akpe geɖe le. (Mateo 4:5; 24:21) Tsɔtsrɔ̃ ma dzi ŋɔ wu ɖe sia ɖe si va du ma kple Yudatɔwo dzi kpɔ, eye wòna tadedeagu ƒe ɖoɖo si me Yudatɔwo lé ɖe asi ƒe alafa geɖee nye ema la wu enu. Eya ta ɖikeke mele eme o be Yesu ƒe nyagblɔɖia me vava le etsɔme le mɔ si lolo wu nu la adzi ŋɔ ŋutɔ.

DZINƆAMEƑO LE NYAGBLƆÐIA ME VAVA ƑE ƔEYIƔIWO ME

Dze si ɖom Yesu kple eƒe apostoloawo nɔ ku ɖe eƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me kple nuɖoanyia ƒe nuwuɣi ƒe dzesia ŋu la mewu enu kura haɖe o. Azɔ exlɔ̃ nu wo tso “aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo” yome dzedze ŋu. Egblɔ be ame mawo adze agbagba be “ne woate ŋui la, woaflu ame tiatiawo gɔ̃ hã.” (Mateo 24:24) Gake womate ŋu aflu ame tiatia siawo o. Ŋku ate ŋu akpɔ aʋatsokristowo. Gake Yesu ƒe anyinɔnɔ ya madze ŋku nakpɔ o.

Yesu gblɔ tso xaxa gã aɖe si lolo wu si ava le nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi ŋu be: “Ɣe ado viviti, eye ɣleti magaɖi o, ɣletiviwo age tso dziƒo, eye woaʋuʋu dziƒowo ƒe ŋusẽwo.” (Mateo 24:29) Apostolo siwo nɔ nya dovoɖiname mawo sem la menya ale si tututu nya mawo ava emee o, gake wokpɔe be adzi ŋɔ ŋutɔ.

Ŋusẽ kae nudzɔdzɔ dziŋɔ mawo akpɔ ɖe ameƒomea dzi? Yesu gblɔ be: “Amewo aku ƒenyi le vɔvɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ na nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge le anyigba bliboa dzi la ta, elabena woaʋuʋu dziƒowo ƒe ŋusẽwo.” (Luka 21:26) Ɣeyiɣi sesẽtɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe vavã.

Dzidzɔtɔe la, Yesu na eme kɔ na eƒe apostoloawo be menye amewo katãe afa konyi ne ‘Amegbetɔvi la va le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã’ me o. (Mateo 24:30) Egblɔe ɖi do ŋgɔ be Mawu ade asi nyaa me “le ame tiatiawo ta.” (Mateo 24:22) Aleke wòle be nusrɔ̃la wɔnuteƒewo nawɔ nui ne nudzɔdzɔ dziŋɔ siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe la de asi emevava me? Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be: “Ne nu siawo de asi dzɔdzɔ me la, mitsi tre miadzɔ kã, eye miafɔ ta dzi, elabena miaƒe ɖeɖe gogo.”—Luka 21:28.

Ke hã, aleke Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo le agbe le ɣeyiɣi sia si me nyagblɔɖiawo le eme vam me la awɔ anya be nuwuwua gogo? Yesu do lo aɖe ku ɖe gboti ŋu ale: “Ne edze alɔ fẽwo, eye wònya to aŋgbawo ko la, mienyana be dzomeŋɔli gogo. Nenema kee miawo hã, ne miekpɔ nu siawo katã la, minyae be Amegbetɔvi la gogo ʋɔtruawo nu. Vavã mele egblɔm na mi be, dzidzime sia nu mele yiyi ge akpɔ o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme.”—Mateo 24:32-34.

Eya ta ne eƒe nusrɔ̃lawo kpɔe be dzesia ƒe akpa vovovoawo le eme vam la, ele be woanyae be nuwuwua gogo. Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃la siwo anɔ agbe le ɣeyiɣi ɖedzesi mawo me la be:

“Le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, ame aɖeke menyae o, mawudɔla siwo le dziƒo la menyae o, eye Vi la hã menyae o, negbe Fofo la ko. Elabena ale si Noa ƒe ŋkekeawo nɔ la, nenema kee Amegbetɔvi la ƒe anyinɔɣi la hã anɔ. Elabena ale si wowɔ le ŋkeke siwo do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔ la me, wole nu ɖum, le nu nom, ŋutsuwo le srɔ̃ ɖem, eye wole nyɔnuwo tsɔm na be woaɖe va se ɖe gbe si gbe Noa ge ɖe aɖakaʋua me, eye womede dzesii o, va se ɖe esime Tsiɖɔɖɔa va, eye wòkplɔ wo katã dzoe la, nenema kee Amegbetɔvi la ƒe anyinɔɣi la hã anɔ.” (Mateo 24:36-39) Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔ ɖedzesi si Yesu tsɔ wɔ kpɔɖeŋui la va xexea katã dzi.

Ðikeke mele eme o be apostolo siwo nɔ to ɖom Yesu le Amitoa dzi la kpɔe dze sii be ŋudzɔnɔnɔ hiã. Yesu gblɔ be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie be nu tsu ɖuɖu kple aha tsu nono kpakple agbemedzimaɖitsitsiwo nagate miaƒe dzi ɖe to gbeɖe o, ne ŋkeke ma nagaɖi ɖe mi abe mɔ̃ ene o. Elabena ava ame siwo katã le anyigba bliboa dzi la dzi. Eya ta minɔ ŋudzɔ, eye minɔ kokoƒoƒo dzi ɖaasi, be miate ŋu asi le nu siawo katã, siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la nu, eye miate ŋu atsi tsitre ɖe Amegbetɔvi la ŋkume.”—Luka 21:34-36.

Yesu gaɖee fia be menye teƒe ɖeka aɖe koe yeƒe nyagblɔɖia ava eme le o. Menye nu siwo adzɔ le ƒe aɖewo megbe ɖe Yudatɔwo ƒe dukɔa dzi alo le Yerusalem ko la ŋue eƒe nyagblɔɖia ku ɖo o. Ao, ke boŋ nu siwo adzɔ ɖe “ame siwo katã le anyigba bliboa dzi” la ŋue wònɔ nu ƒom tsoe.

Egblɔ be ele be yeƒe nusrɔ̃lawo nanɔ ŋudzɔ, woanɔ mo xexi, eye woanɔ dzadzraɖoɖi. Yesu gado lo bubu tsɔ te gbe ɖe nuxlɔ̃ame ma dzi ale: “Minya esia be: Ne ɖe aƒea tɔ anya zã ƒe gaƒoƒo si dzi fiafitɔ ava la, anye ne anɔ ŋudzɔ, eye maɖe mɔ woadze kpɔ age ɖe eƒe me o. Esia ta miawo hã minɔ dzadzraɖoɖi, elabena Amegbetɔvi la gbɔna le gaƒoƒo si miesusu be eya dzie wòava o la dzi.”—Mateo 24:43, 44.

Yesu yi edzi gblɔ nu siwo ana mɔkpɔkpɔ eƒe nusrɔ̃lawo. Eka ɖe edzi na wo be ne yeƒe nyagblɔɖia le eme vam la, “kluvi” aɖe anɔ anyi si anɔ ŋudzɔ ahanɔ dɔ dzi vevie. Yesu he eƒe apostoloawo ƒe susu yi nɔnɔme aɖe si woate ŋu akpɔ le susu me bɔbɔe la dzi hegblɔ be: “Ame ka tututue nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela si eƒe aƒetɔ ɖo eƒe aƒemesubɔviwo nu be wòana woƒe nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi? Dzidzɔtɔe kluvi ma anye ne eƒe aƒetɔ trɔ gbɔ va kpɔe wòle ewɔm nenema! Vavã mele egblɔm na mi be, atsɔe aɖo eƒe nuwo katã nu.” Gake ne “kluvi” la awɔ nu vɔ̃ɖi eye wòasẽ tame le amewo ŋu la, aƒetɔ la ahe “to nɛ vevie.”—Mateo 24:45-51; tsɔe sɔ kple Luka 12:45, 46.

Ke hã Yesu mele gbɔgblɔm be ye yomedzelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ava nye nu vɔ̃ɖi wɔlawo o. Ke nu kae Yesu di be yeafia yeƒe nusrɔ̃lawo? Edi be woanɔ ŋudzɔ ahanɔ dɔ dzi vevie, abe ale si wòna esia me kɔ le lododo bubu aɖe me ene.