Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 112

Ŋudzɔnɔnɔ Ŋuti Nufiame—Ðetugbui Leaƒeawo

Ŋudzɔnɔnɔ Ŋuti Nufiame—Ðetugbui Leaƒeawo

MATEO 25:1-13

  • YESU DO LO TSO ÐETUGBUI LEAƑE EWO ŊU

Yesu le nya si eƒe apostoloawo biae ku ɖe eƒe anyinɔɣi kple nuɖoanyia ƒe nuwuɣi ƒe dzesia ŋu la ŋu ɖom na wo. Esi nya sia le susu me nɛ la, egado lo bubu tsɔ na nuxlɔ̃ame nyui aɖe wo. Ame siwo anɔ agbe le eƒe anyinɔɣi la akpɔ ale si lododo sia ava emee.

Edze lododoa gɔme ale: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ɖetugbui leaƒe ewo, siwo tsɔ woƒe akaɖiwo, eye wodo go be yewoaɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃ ene. Wo dometɔ atɔ̃ nye bometsilawo, eye atɔ̃ nye aɖaŋudzelawo.”—Mateo 25:1, 2.

Yesu mele gbɔgblɔm be yeƒe nusrɔ̃la siwo anyi Dziƒofiaɖuƒea dome la ƒe afã anye bometsilawo, eye afã mamlɛa anye aɖaŋudzelawo o. Ke boŋ nya si gblɔm wòlee nye be, le Fiaɖuƒea me yiyi gome la, yeƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖe sia ɖee atiae nenye be yeanɔ ŋudzɔ ɖe eŋu loo alo be yemanɔ ŋudzɔ o. Gake Yesu ka ɖe edzi be yeƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ nuteƒe ale be ye Fofo nayrae.

Le lododoa me la, ɖetugbui ewoawo katã do go be yewoaɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃ la ale be yewoakpɔ gome le eƒe srɔ̃ɖeɖea me. Ne eva ɖo la, ɖetugbuiawo asi woƒe akaɖiawo ale be wòaklẽ ɖe mɔa dzi, eye esia anye bubudede eŋu esime wòkplɔ eƒe ŋugbetɔ la yina aƒe si wodzra ɖo ɖi nɛ me. Gake aleke nuwo va yii?

Yesu gblɔ be: “Bometsilaawo tsɔ woƒe akaɖiwo, ke wometsɔ ami kpe ɖe wo ŋu o, ke aɖaŋudzelaawo ya tsɔ ami ɖe goewo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋu. Esi ŋugbetɔsrɔ̃ la meva ɖo kaba o ta la, alɔ̃ tsɔ wo katã eye wodɔ alɔ̃.” (Mateo 25:3-5) Ŋugbetɔsrɔ̃a meva le ɣeyiɣi si dzi wonɔ mɔ kpɔm nɛ la o. Edze abe eƒe vava he ɖe megbe ene, si wɔe be ɖetugbuiawo dɔ alɔ̃. Apostoloawo anya ɖo ŋku lo aɖe si Yesu do va yi ku ɖe bubume aɖe si zɔ mɔ eye “mlɔeba esi woɖoe fia la, wòtrɔ gbɔ” la dzi.—Luka 19:11-15.

Le ɖetugbui ewoawo ƒe lododoa me la, Yesu ƒo nu tso nu si dzɔ esi ŋugbetɔsrɔ̃ la gbɔ mlɔeba la ŋu. Egblɔ be: “Le zã titina la, ɣli ɖi be: ‘Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo loo! Mido go yi ɖakpee!’” (Mateo 25:6) Ðe ɖetugbuiawo nɔ dzadzraɖoɖi henɔ ŋudzɔa?

Yesu yi edzi gblɔ be: “Eye ɖetugbuiawo katã fɔ, eye wodzra woƒe akaɖiwo ɖo. Bometsilaawo gblɔ na aɖaŋudzelaawo be, ‘Mina miaƒe ami la ɖe mí, elabena míaƒe akaɖiwo le tsitsim.’ Aɖaŋudzelaawo ɖo eŋu na wo be: ‘Ðewohĩ masu na mía kpli miawo siaa o. Miheyi edzralawo gbɔ boŋ ne miadze ɖe na mia ɖokui.’”—Mateo 25:7-9.

Ðetugbui tsibome atɔ̃awo mele ŋudzɔ o, eye womedzra ɖo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe vava ŋu o. Ami mesɔ gbɔ ɖe woƒe akaɖiawo me o, eya ta ehiã be woayi aɖadi ɖe adze. Yesu gblɔ be: “Esi woyina edze ge la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo. Ðetugbui siwo le dzadzraɖoɖi la yi srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea kplii; eye wotu ʋɔa. Emegbe ɖetugbui susɔeawo hã va gblɔ be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mí!’ Eɖo eŋu na wo be, ‘Vavã, mele egblɔm na mi be, nyemenya mi o.’” (Mateo 25:10-12) Nublanuinya kae nye esi le esi womele dzadzraɖoɖi hele ŋudzɔ o ta!

Apostoloawo akpɔe adze sii be ŋugbetɔsrɔ̃ si Yesu wɔnɛ lae nye eya ŋutɔ. Do ŋgɔ la, etsɔ eɖokui sɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃. (Luka 5:34, 35) Ke ɖetugbui dzeaɖaŋuawo ya ɖe? Esi Yesu nɔ nu ƒom tso “alẽha sue” si woatsɔ Fiaɖuƒea ana ŋu la, egblɔ be: “Midzra ɖo, minɔ klalo, eye miaƒe akaɖiwo nenɔ bibim.” (Luka 12:32, 35) Eya ta le ɖetugbuiawo ŋuti lododo sia me la, apostoloawo ase egɔme be Yesu le nu ƒom tso yewo kple amesiamina bubuwo ŋu. Ke nu ka gɔmee Yesu di be woase to lododo sia dzi?

Yesu megblẽ nyaa ɖe yame nenema ko evɔ o. Eƒo eƒe lododoa ta be: “Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.”—Mateo 25:13.

Eme kɔ be Yesu le nu xlɔ̃m eyomedzela wɔnuteƒewo be ele be ‘woanɔ ŋudzɔ’ hafi ate ŋu ade dzesi yeƒe anyinɔɣia. Ava, eya ta ele be woanɔ dzadzraɖoɖi ahanɔ ŋudzɔ—abe ɖetugbui atɔ̃ siwo dze aɖaŋu la ene—ale be woƒe susu nagadzo le mɔkpɔkpɔ xɔasi si le wo ŋgɔ la dzi, si awɔe be fetu si asu wo si la nato wo ŋu o.