Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 113

Veviedodonu Ŋuti Nufiame—Talentoawo

Veviedodonu Ŋuti Nufiame—Talentoawo

MATEO 25:14-30

  • YESU DO LO KU ÐE TALENTOAWO ŊU

Yesu gado lo bubu na eƒe apostolo eneawo esime wokpɔtɔ le Amitoa dzi. Ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ esime wònɔ Yeriko la, edo lo ku ɖe minawo ŋu tsɔ ɖee fia be etsɔme ʋĩi kee Fiaɖuƒea ava. Lo si dom wòle fifia la me nya aɖewo ɖi esi wòdo ku ɖe minawo ŋu. Esi wònɔ nya si wobiae ku ɖe eƒe anyinɔɣi kple nuɖoanyia ƒe nuwuɣi ŋu ɖom lae wòdo lo sia. Lododoa te gbe ɖe ale si wòle be eƒe nusrɔ̃lawo nado vevie nu le nu si wòade wo si la ŋu dɔ wɔwɔ me dzi.

Yesu dze lododoa gɔme be: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ŋutsu aɖe si le mɔ zɔ ge ayi duta ene. Eyɔ eƒe kluviwo hetsɔ eƒe nunɔamesiwo de asi na wo.” (Mateo 25:14) Esi wònye be do ŋgɔ la, Yesu tsɔ eɖokui sɔ kple ŋutsu aɖe si zɔ mɔ yi duta “be woaɖo ye fia” ta la, anɔ bɔbɔe be apostoloawo nakpɔe be Yesu ŋutɔe nye “ŋutsu” si ŋu wòle nu ƒom tsoe fifia.—Luka 19:12.

Hafi ŋutsu si ŋu wòƒo nu tsoe le lododoa me nazɔ mɔ ayi duta la, etsɔ nu xɔasiwo de eƒe kluviwo si. Le ƒe etɔ̃ kple afã siwo Yesu wɔ subɔsubɔdɔa me la, gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ŋue wòlé fɔ ɖo, eye wòna hehe eƒe nusrɔ̃lawo ɖe dɔ sia wɔwɔ ŋu. Fifia esusɔ vie wòadzo, eye eka ɖe edzi be woayi dɔ si wòna hehe wo be woawɔ la dzi.—Mateo 10:7; Luka 10:1, 8, 9; tsɔe sɔ kple Yohanes 4:38; 14:12.

Le lododoa me la, aleke ŋutsua ma eƒe nunɔamesiawoe? Yesu gblɔ be: “Etsɔ talento atɔ̃ na ame gbãtɔ, etsɔ eve na ame evelia, eye wòtsɔ ɖeka na ame etɔ̃lia hã, ena wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe ŋutete nu, eye wòzɔ mɔ yi duta.” (Mateo 25:15) Nu kae kluvi siawo awɔ kple nu siwo wode wo si la? Ðe woazãe atsɔ ado aƒetɔa ƒe nuwo ɖe ŋgɔ veviedodotɔea? Yesu gblɔ na apostoloawo be:

“Enumake ame si xɔ talento atɔ̃ la yi ɖatsa asi kplii, eye wòkpɔ talento atɔ̃ bubu ɖe edzi. Nenema kee ame si xɔ talento eve hã kpɔ eve bubu ɖe edzi. Ke ame si xɔ talento ɖeka ya dzo yi ɖaɖe do, eye wòɖi eƒe aƒetɔ la ƒe ga la ɖe eme.” (Mateo 25:16-18) Nu kae adzɔ ne aƒetɔ la trɔ gbɔ?

Yesu yi edzi be: “Le ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, kluvi mawo ƒe aƒetɔ gbɔ, eye wòwɔ akɔnta kpli wo.” (Mateo 25:19) Ame eve gbãtɔwo wɔ nu si woate ŋui kple talentoawo, “wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe ŋutete nu.” Kluvi siawo dometɔ ɖe sia ɖe do vevie nu, wɔ dɔ sesĩe eye wòdzi nu si wode esi la ɖe edzi. Ame si wotsɔ talento atɔ̃ na la kpɔ atɔ̃ bubu ɖe edzi, eye ame si wotsɔ eve na la hã kpɔ eve bubu ɖe edzi. (Ɣemaɣi la, ele be ame nawɔ dɔ abe ƒe 19 ene hafi akpɔ ga si ƒe home de talento ɖeka.) Nya ɖeka ma kee aƒetɔ la gblɔ tsɔ kafu wo ame evea. Egblɔ be: “Kluvi nyui kple nuteƒewɔla, wòe wɔ dɔ kakaka! Èwɔ nuteƒe le nu ʋɛwo me. Matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu. Ge ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me.”—Mateo 25:21.

Gake mele alea le kluvi si xɔ talento ɖeka la gome o. Egblɔ be: “Aƒetɔ, menya be wò nya me sẽ, èŋea nu le afi si mèƒã nu ɖo o, eye nèlɔa nuku le afi mègbɔ nu le o. Eya ta mevɔ̃, eye meyi ɖaɖi wò talento la ɖe to me. Wò nu lae nye esi.” (Mateo 25:24, 25) Meda ga la ɖe gadzraɖoƒe ale be eƒe aƒetɔ nakpɔ viɖe aɖe ɖe edzi teti gɔ̃ hã o. Eƒe nuwɔna sia ɖee fia be egbe be yemadzi yeƒe aƒetɔ la ƒe nuwo ɖe edzi o.

Esɔ be aƒetɔ la yɔe be “kluvi vɔ̃ɖi kuviatɔ.” Woxɔ talentoa le esi hetsɔe na kluvi si lɔ̃ faa do vevie nu la. Aƒetɔ la ƒe dzidzenu si wòɖe gblɔe nye esi: “Ame si si nu le la, woatsɔ nu geɖe wu akpee nɛ, eye nu asɔ gbɔ ɖe esi fũu. Ke ame si si nu mele o la, woaxɔ nu si le esi la gɔ̃ hã le esi.”—Mateo 25:26, 29.

Lododo sia ɖeɖe dzaa ana Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nabu nya geɖe ŋu, tsɔ kpe ɖe nya bubu siwo wògblɔ va yi la ŋu. Woate ŋu akpɔe be nusrɔ̃lawo wɔwɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ xɔasi, si nye dɔ si dem Yesu le asi na yewo la, nye nu si ŋu asixɔxɔ gã le. Eye ekpɔ mɔ be woado vevie nu le mɔnukpɔkpɔ sia ŋu dɔ wɔwɔ me. Yesu medi tso wo si be woawɔ dɔ sɔsɔe le gbeƒãɖeɖedɔ si wòde wo si la me o. Le eƒe lododoa nu la, ele be ame ɖe sia ɖe nawɔ nu si wòate ŋui “ɖe eƒe ŋutete nu.” Esia mefia be Yesu akpɔ ŋudzedze ɖe ame si nye “kuviatɔ” si mewɔa eƒe ŋutete katã tsɔ dzia eƒe Aƒetɔa ƒe nuwo ɖe edzi o la ŋu o.

Dzi anya dzɔ apostoloawo ŋutɔ esi Yesu ka ɖe edzi na wo be: “Ame si si nu le la, woatsɔ nu geɖe wu akpee nɛ”!