Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 115

Yesu Ƒe Ŋutitoto Mamlɛtɔ Ðuɖu Gogo

Yesu Ƒe Ŋutitoto Mamlɛtɔ Ðuɖu Gogo

MATEO 26:1-5, 14-19 MARKO 14:1, 2, 10-16 LUKA 22:1-13

  • WONA GA YUDA ISKARIOT BE WÒADE YESU ASI

  • APOSTOLO EVE YI ÐADZRA ÐO ÐE ŊUTITOTOŊKEKENYUIA ŊU

Yesu fia nu apostolo eneawo vɔ le Amitoa dzi heɖo nya si wobia tso eƒe anyinɔɣi le etsɔme kple nuɖoanyia ƒe nuwuɣi la ŋu na wo.

Dɔ siwo wòwɔ le Nisan 11 lia dzi la sɔ gbɔ loo! Anɔ eme be esi wotrɔ yina Betania be yewoatsi afi ma adɔ lae Yesu gblɔ na apostoloawo be: “Mienya be esusɔ ŋkeke eve ne Ŋutitotoŋkekenyui la naɖo, eye wole Amegbetɔvi la de ge asi woahe ɖe ati ŋu.”—Mateo 26:2.

Anye be le Kuɖa, si nye ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, Yesu kple eƒe apostoloawo meyi afi aɖeke o. Le Braɖagbe la, Yesu ka mo na subɔsubɔhakplɔlawo heklo nu le woƒe nuwɔnawo dzi le dutoƒo. Wole didim be yewoawui azɔ. Eya ta medo ɖe amewo dome le Nisan 12 lia dzi o, ale be naneke nagaxe mɔ na eya kple eƒe apostoloawo be woagaɖu Ŋutitotoa o, elabena aɖu Ŋutitotoa le Yawoɖa ƒe ɣeɖoto, si nye Nisan 14 lia ƒe gɔmedzedze.

Ke hã, hafi Ŋutitotoŋkekenyuia naɖo edzi la, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dumegãwo hã nɔ dɔ dzi. Wova ƒo ƒu ɖe nunɔlagã Kayafa ƒe me. Nu ka tae? Dzi le wo kum elabena Yesu klo nu le woƒe nuwɔnawo dzi. Azɔ wode asi nugbeɖoɖo me “be yewoato ayemɔ dzi alé Yesu awu.” Mɔ ka dzie woato awɔ esia, eye ɣekaɣie woawɔe? Wogblɔ be: “Manye le ŋkekenyuia ɖuɣi o, be zi nagatɔ le dukɔ la me o.” (Mateo 26:4, 5) Wole vɔvɔ̃m, elabena ame geɖe kpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ŋu.

Kasia, ame aɖe va subɔsubɔhakplɔla siawo gbɔ. Ewɔ nuku na wo be Yuda Iskariot, si nye Yesu ŋutɔ ƒe apostoloawo dometɔ ɖekae. Satana ƒã susua ɖe tame nɛ be wòade eƒe Aƒetɔ la asi! Yuda bia wo be: “Nu kae mianam ne madee asi na mi?” (Mateo 26:15) Dzi dzɔ wo ŋutɔ eye “wolɔ̃ ɖe edzi be yewoana klosalogae.” (Luka 22:5) Ho neni? Wolɔ̃ ɖe edzi kple dzidzɔ be yewoanae klosalo 30. Gɔmesese aɖe le home si nye sekel 30 la ŋu, elabena ga home mae wotsɔ ƒlea kluvii. (2 Mose 21:32) Subɔsubɔhakplɔlawo to esia dzi do vlo Yesu, womebui ɖe ɖeke me o. Azɔ Yuda le “mɔnu dim be yeadee asi esime ameha la manɔ eŋu o.”—Luka 22:6.

Nisan 13 lia dze egɔme azɔ le Kuɖa ƒe ɣeɖoto, eye esiae nye zi adelia kple mamlɛtɔ si Yesu tsi Betania dɔ. Le ŋufɔke la, ele be woawɔ dzadzraɖo mamlɛtɔwo hena Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu. Ele be woadi alẽvi si woawu ahamè bliboe ne Nisan 14 lia dze egɔme. Afi kae woaɖu nua le, eye ame kae akpɔ egbɔ be nuawo sɔ gbe? Yesu mena wonya haɖe o. Eya ta Yuda mate ŋu aʋu goe na nunɔlawo ƒe tatɔwo o.

Anɔ eme be Yawoɖagbe ŋdɔ mee Yesu dɔ Petro kple Yohanes ɖa tso Betania hegblɔ na wo be: “Miheyi ɖadzra ŋutitotoa ɖo na mí ne míaɖu.” Wobiae be: “Afi kae nèdi be míadzrae ɖo le?” Yesu gblɔ be: “Ne miege ɖe dua me la, ŋutsu aɖe si tsɔ tsize la ado go mi. Midze eyome yi aƒe si me wòage ɖo la me. Eye migblɔ na aƒea tɔ be, ‘Nufiala be míabia wò be: “Afi kae amedzroxɔ si me nye kple nye nusrɔ̃lawo míaɖu Ŋutitotoa le la le?”’ Eye ame ma afia xɔ gã aɖe mi le dziƒoxɔ dzi, si me xɔmenuwo le. Midzrae ɖo le afi ma.”—Luka 22:8-12.

Ðikeke mele eme o be aƒea tɔ la nye Yesu ƒe nusrɔ̃la. Ðewohĩ enɔ mɔ kpɔm be Yesu abia tso ye si be yeazã aƒea na wɔna sia. Esi apostolo eveawo ɖo Yerusalem la, wokpɔe abe ale si tututu Yesu gblɔe na wo ene. Eya ta wokpɔ egbɔ be alẽvia kple nu mamlɛ siwo katã hiã hena Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu la sɔ gbe, eye woade ame 13-awo, siwo nye Yesu kple eƒe apostolo 12-awo nu.