Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 119

Yesu Ye Nye Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La

Yesu Ye Nye Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La

YOHANES 14:1-31

  • YESU LE DZODZOM AÐADZRA TEƑE ÐO

  • EDO KPEÐEŊUTƆ AÐE ŊUGBE NA EYOMEDZELAWO

  • FOFO LA LOLO WU YESU

Esi Yesu kple eƒe apostoloawo gakpɔtɔ le dziƒoxɔa dzi le ŋkuɖodzinua ɖuɖu vɔ megbe la, ede dzi ƒo na wo be: “Migana dzika natso mia ƒo o. Mixɔ Mawu dzi se; mixɔ nye hã dzinye se.”—Yohanes 13:36; 14:1.

Yesu ɖe nu si tae mele be yeƒe dzodzo la natso dzika ƒo na apostolo wɔnuteƒeawo o la me esi wògblɔ be: “Fofonye ƒe me la, nɔƒe geɖewo li. . . . Ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi vɔ la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, ale be afi si mele la, miawo hã mianɔ afi ma.” Ke hã apostoloawo mese egɔme be eƒe dziƒoyiyi ŋu nya gblɔmee wòle o. Toma biae be: “Aƒetɔ, míenya afi si yim nèle o, aleke míawɔ anya mɔa?”—Yohanes 14:2-5.

Yesu ɖo eŋu be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la.” Mɔ si ko dzi ame ate ŋu ato ayi Fofoa ƒe me, si nye dziƒo lae nye be wòaxɔ Yesu kple eƒe nufiafiawo dzi ase ahasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu. Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.”—Yohanes 14:6.

Filipo, si nɔ to ɖom vevie la gblɔ be: “Aƒetɔ, fia Fofo la mí, eye ema asɔ gbɔ na mí.” Anye be Mawu ŋuti ɖeɖefia, abe esiwo dze le ŋutega siwo Mose, Eliya kple Yesaya kpɔ me ene la tɔgbie Filipo di be yeakpɔ. Ke hã nane si nyo wu ŋutega mawo la le apostoloawo si. Yesu he susu yi nu si wònye la dzi esi wògblɔ be: “Filipo, ɣeyiɣi didi aɖee nye esia mele mia gbɔ, eye mènyam oa? Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.” Yesu ɖe Fofoa ƒe nɔnɔme fia pɛpɛpɛ; eya ta Yesu gbɔ nɔnɔ kple ŋkuléle ɖe eŋu le ko abe Fofo la kpɔkpɔ ene. Ke hã eme kɔ ƒãa be Fofo la lolo wu Vi la, elabena Yesu gblɔ be: “Nya siwo gblɔm mele na mi la, menye nye ŋutɔ nye nyawoe o.” (Yohanes 14:8-10) Apostoloawo kpɔe be Yesu tsɔ nu siwo wòfiana la ŋuti kafukafua katã na Fofoa.

Yesu ƒe apostoloawo kpɔ nukunu siwo wòwɔ, eye wosee wòɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. Azɔ egblɔ na wo be: “Ame si xɔa dzinye sena la hã awɔ dɔ siwo mewɔna; eye awɔ dɔ siwo lolo wu esiawo.” (Yohanes 14:12) Yesu mele gbɔgblɔm be woawɔ nukunu siwo lolo wu esiwo yewɔ o. Ke hã woazã ɣeyiɣi geɖe wu ɖe subɔsubɔdɔa ŋu, le anyigbamama si lolo wu me, eye woaɖo ame geɖe wu gbɔ.

Yesu ƒe dzodzo le wo gbɔ mefia be agblẽ wo ɖi o, elabena edo ŋugbe na wo be: “Ne miebia nane le nye ŋkɔ me la, mawɔe.” Egblɔ kpee be: ‘Mabia Fofo la wòana kpeɖeŋutɔ bubu, si nye nyateƒegbɔgbɔ la mi, be wòanɔ mia gbɔ tegbee.’ (Yohanes 14:14, 16, 17) Eka ɖe edzi na wo be woaxɔ kpeɖeŋutɔ bubu, si nye gbɔgbɔ kɔkɔe la. Esia dzɔ le Pentekoste ŋkekea dzi.

Yesu gblɔ be: “Esusɔ vie ko xexea magakpɔm o, ke miawo ya miakpɔm, elabena mele agbe, eye miawo hã mianɔ agbe.” (Yohanes 14:19) Tsɔ kpe ɖe ale si Yesu aɖe eɖokui afia wo le ŋutilã me le eƒe tsitretsitsi megbe ŋu la, ava fɔ wo ɖe tsitre emegbe be woanye gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo anɔ egbɔ le dziƒo.

Azɔ Yesu gblɔ nyateƒenya aɖe si le tẽe ale: “Ame si léa nye sewo me ɖe asi, eye wòwɔa wo dzi la, eyae lɔ̃am. Azɔ ame si lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e, eye malɔ̃e, eye maɖe ɖokuinye afiae.” Esia na apostolo Yuda, si wogayɔna be Tadeo la, biae be: “Aƒetɔ, nu ka tae nèdi be yeaɖe ye ɖokui afia mí, ke menye xexea katã o?” Yesu ɖo eŋu be: “Ne ame aɖe lɔ̃m la, alé nye nya la me ɖe asi, eye Fofonye alɔ̃e . . . Ame si melɔ̃am o la mewɔa nye nyawo dzi o.” (Yohanes 14:21-24) Yesu yomedzelawo xɔe se be Yesu ye nye mɔ la, nyateƒe la kple agbe la, gake mele alea le xexea ya gome o.

Esi Yesu le dzodzom la, aleke eƒe nusrɔ̃lawo awɔ aɖo ŋku nu siwo katã wòfia wo la dzi? Yesu gblɔ be: “Kpeɖeŋutɔ la, gbɔgbɔ kɔkɔe si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔ me la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nu siwo katã megblɔ na mi la dzi na mi.” Apostoloawo kpɔ ŋusẽ si gbegbe le gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu la xoxo, eya ta nya ma afa akɔ na wo. Yesu gblɔ kpee be: “Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi; mele nye ŋutifafa nam mi. . . . Migana dzika natso mia ƒo o, eye vɔvɔ̃ hã megaɖo mi o.” (Yohanes 14:26, 27) Mele be dzika natso nusrɔ̃lawo ƒo o, elabena Yesu Fofo afia mɔ wo ahakpɔ wo ta.

Eteƒe madidi o, woakpɔ Mawu ƒe ametakpɔkpɔ ŋuti kpeɖodzi. Yesu gblɔ be: “Xexea dzi ɖula la gbɔna, eye mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye o.” (Yohanes 14:30) Abosam te ŋu ge ɖe Yuda me hekpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Gake nu vɔ̃ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖeke mele Yesu ŋu si ŋu dɔ Satana ate ŋu awɔ be Yesu nadze aglã ɖe Mawu ŋu o. Azɔ hã Abosam mate ŋu axe mɔ ɖe Yesu ƒe fɔfɔ tso ku me nu o. Nu ka tae? Yesu gblɔ be: “Mele nu si tututu Fofo la de se nam be mawɔ la wɔm.” Eka ɖe edzi bliboe be ye Fofo afɔ ye ɖe tsitre.—Yohanes 14:31.