Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 128

Pilato Kple Herodes Kpɔe Be Yesu Meɖi Fɔ O

Pilato Kple Herodes Kpɔe Be Yesu Meɖi Fɔ O

MATEO 27:12-14, 18, 19 MARKO 15:2-5 LUKA 23:4-16 YOHANES 18:36-38

  • PILATO KPLE HERODES SIAA BIA GBE YESU

Yesu na Pilato nyae kɔtɛ be fiae yenye. Ke hã eƒe Fiaɖuƒea magblẽ naneke le Roma dziɖuɖua ŋu o. Eya ta Yesu gblɔ be: “Nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o. Ne ɖe nye Fiaɖuƒe nye xexe sia ƒe akpa aɖe la, anye ne nye dɔlawo wɔ avu be woagatsɔm ade asi na Yudatɔwo o. Ke abe ale si wòle ene la, nye Fiaɖuƒe metso afi sia o.” (Yohanes 18:36) Ɛ̃, Fiaɖuƒe le Yesu si, gake metso xexe sia me o.

Pilato mese nyaa ɖe afi ma o. Ebia Yesu be: “Ekema, fiae nènyea?” Yesu na Pilato nya be eƒo nya ta nyuie esi wògblɔ nɛ be: “Eya tututue nye ema nègblɔ be fiae menye. Elabena esia tae wodzim ɖo, eye esia tae meva xexea me ɖo, be maɖi ɖase na nyateƒe la. Ame sia ame si le nyateƒea ƒe akpa dzi la ɖoa to nye gbe.”—Yohanes 18:37.

Do ŋgɔ la, Yesu gblɔ na Toma be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la.” Azɔ Pilato gɔ̃ hã le esem be taɖodzinu si tae Yesu va anyigba dzi ɖoe nye be wòaɖi ɖase tso “nyateƒe la” ŋu, vevietɔ nyateƒe si ku ɖe yeƒe Fiaɖuƒea ŋu. Yesu ɖoe kplikpaa be yeanɔ nyateƒea ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe ne esia abia be yeaku gɔ̃ hã. Pilato biae be: “Nu kae nye nyateƒe?” gake melala be Yesu naɖe eme na ye o. Etsɔe be nya siwo yese la su na ye be yeadrɔ̃ ʋɔnu ŋutsu sia.—Yohanes 14:6; 18:38.

Pilato trɔ yi ameha si le lalam le fiasãa ŋkume la gbɔ. Edze ƒãa be Yesu nɔ eƒe axadzi esi wògblɔ na nunɔlawo ƒe tatɔwo kple ame siwo le wo ŋu la be: “Nyemekpɔ vodada aɖeke le ame sia ŋu o.” Nyametsotso sia ve dɔme na amehawo, eye wote tɔ ɖe edzi be: “Ele zitɔtɔ dem dukɔa me kple eƒe nufiafia le Yudea godoo, eye wòdze egɔme tso keke Galilea va ɖo afi sia.”—Luka 23:4, 5.

Yudatɔwo ƒe zazɛ̃nyahehe si gbɔ eme la anya wɔ nuku na Pilato. Esi nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dumegãwo nɔ ɣlidodo dzi la, Pilato bia Yesu be: “Mèle nya gbogbo siwo tsɔm wole ɖe ŋuwò la sem oa?” (Mateo 27:13) Yesu meke nu o. Nya gã siwo wotsɔ ɖe Yesu ŋu hafi wòzi kpi la wɔe be Pilato ƒe mo wɔ yaa.

Yudatɔwo gblɔ le woƒe nutsotsoa me be Yesu ‘dze egɔme tso keke Galilea.’ Nya ma na Pilato kpɔe be Galileatɔe Yesu nye. Esia na Pilato kpɔ mɔ si dzi wòate ŋu ato aɖe ta le agba si nye be wòadrɔ̃ ʋɔnu Yesu la te. Herodes Antipa (Herodes Gã la ƒe vi) ye nye Galilea dzi ɖula, eye enɔ Yerusalem le Ŋutitotoŋkekenyui sia ɖuɣi. Eya ta Pilato ɖo Yesu ɖe Herodes gbɔ. Herodes Antipa ye na wotso ta le Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa nu. Esi Herodes se emegbe be Yesu le nukunuwo wɔm la, esusu be Yesu ye nye Yohanes si fɔ tso ame kukuwo dome.—Luka 9:7-9.

Dzi nɔ Herodes dzɔm azɔ be yeakpɔ Yesu. Menye ɖe wòdi be yeakpe ɖe Yesu ŋu alo adze agbagba be yeanya nenye be nya siwo wotsɔ tso enu la le eme tae o. Ðeko Herodes di vevie be yeakpɔe, le esi “wòle mɔ kpɔm be awɔ nukunu aɖewo yeakpɔ” ta. (Luka 23:8) Gake Yesu mena Herodes kpɔ nu si dim wòle be yeakpɔ la o. Le nyateƒe me la, esi Herodes nɔ nya biam Yesu la, meke nu o. Esi esia ve Herodes kple eƒe asrafowo ta la, ‘wodo vlo’ Yesu. (Luka 23:11) Wodo awu nyui aɖe nɛ heɖu fewu le eŋu. Eyome Herodes gbugbɔ Yesu ɖo ɖe Pilato. Esia wɔe be Herodes kple Pilato siwo nye futɔwo tsã la va zu xɔlɔ̃ veviwo.

Esi wokplɔ Yesu va Pilato gbɔe la, eyɔ nunɔlawo ƒe tatɔwo, Yudatɔwo ƒe amegãwo, kple dukɔ la ƒo ƒu hegblɔ be: “Medzro eƒe nya me le mia ŋkume, ke nyemekpɔ agɔdzedze aɖeke le ame sia ŋu le nya siwo mietsɔ ɖe eŋu la me o. Herodes hã mekpɔ naneke le eŋu o, elabena egbugbɔe ɖo ɖe mí, eye mikpɔ ɖa, mewɔ naneke si dze ku o. Eya ta mahe to nɛ, eye maɖe asi le eŋu.”—Luka 23:14-16.

Pilato di vevie be yeaɖe asi le Yesu ŋu, elabena ekpɔe dze sii be ŋuʋaʋã ta koe nunɔlawo dee asi ɖo. Esi Pilato nɔ agbagba dzem be yeaɖe asi le Yesu ŋu la, egase nya aɖe si de dzi ƒo nɛ be wòawɔe nenema. Esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpuia dzi la, srɔ̃a ɖo ame ɖee be: “Mègawɔ naneke ame dzɔdzɔe ma o, elabena mekpe fu geɖe le drɔ̃eƒe egbea [anye be Mawu gbɔe esia tso] le eta.”—Mateo 27:19.

Togbɔ be ele be Pilato naɖe asi le ame maɖifɔ sia ŋu hã la, aleke wòle ewɔ gee?