Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 133

Wodzra Yesu Ƒe Kukua Ðo Heɖii

Wodzra Yesu Ƒe Kukua Ðo Heɖii

MATEO 27:57–28:2 MARKO 15:42–16:4 LUKA 23:50–24:3 YOHANES 19:31–20:1

  • WOÐE YESU ƑE KUKUA LE ATIA ŊU

  • WODZRA YESU ƑE KUKUA ÐO HENA ÐIÐI

  • NYƆNUAWO VA KE ÐE YƆDO ƑUƑLU ŊU

Fiẽsi le ɖoɖom le Fiɖa, Nisan 14 lia dzi. Nisan 15 lia, si nye Sabat, adze egɔme le ɣeɖoto. Yesu ku xoxo, ke adzodala eve siwo le eƒe axawo dzi ya gale agbe. Le Sea nu la, mele be ame kuku natsi ati ŋu “ŋu nake ɖe edzi o,” ke boŋ ele be woaɖii “gbe ma gbe ke.”—5 Mose 21:22, 23.

Azɔ hã, woyɔa Fiɖagbe be Dzadzraɖoŋkeke, elabena ɣeyiɣi sia mee amewo ɖaa nu eye wowua dɔ bubu siwo womate ŋu agblẽ ɖi va se ɖe Sabat la megbe o la nu. Le ɣeɖoto la, Sabat eve ƒokpli, alo Sabat ‘gã,’ adze egɔme. (Yohanes 19:31) Ele alea elabena Nisan 15 lia anye Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui si xɔa ŋkeke adre la ƒe ŋkeke gbãtɔ, eye godoo la ŋkeke gbãtɔ ma nyea Sabat. (3 Mose 23:5, 6) Le go sia me la, ŋkeke gbãtɔ ma dze kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat la dzi.

Eya ta Yudatɔwo bia tso Pilato si be wòado tsɔtsɔe Yesu kple adzodala eve siwo le eƒe axawo dzi la ƒe ku. To mɔ ka dzi? To woƒe afɔwo ŋeŋe dzi. Esia awɔe be womate ŋu até woƒe afɔwo ɖe anyi akɔ wo ɖokui ɖe dzi agbɔ o. Asrafoawo va ŋe afɔ na adzodala eveawo. Gake edze abe Yesu ku ene, eya ta womeŋe eƒe afɔwo o. Esia na Psalmo 34:20 va eme. Afi ma gblɔ be: “Ekpɔa eƒe ƒuwo katã ta; womeŋe wo dometɔ ɖeka pɛ hã o.”

Be woaka ɖe edzi be Yesu ku vavã la, asrafoawo dometɔ ɖeka tɔ akplɔ eƒe axadame, le eƒe dzi gbɔ lɔƒo. “Enumake ʋu kple tsi do go.” (Yohanes 19:34) Esia hã na ŋɔŋlɔ bubu va eme be: “Woafɔ ŋku ɖe ame si woƒo nu ɖo la dzi.”—Zakariya 12:10.

Yosef si tso Arimatia, si nye “kesinɔtɔ” kple Sanhedrin la me tɔ si ŋu wodea bubui la hã nɔ eteƒe esi wowu Yesu. (Mateo 27:57) Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso eŋu be enye “ame nyui kple ame dzɔdzɔe” si le “Mawu Fiaɖuƒe la lalam.” Le nyateƒe me la, enye “Yesu ƒe nusrɔ̃la le adzame le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta,” eye meda asi ɖe ʋɔnu si wodrɔ̃ Yesu la dzi o. (Luka 23:50; Marko 15:43; Yohanes 19:38) Yosef do dzi yi Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua. Pilato dɔ asrafomegã aɖe ɖa wòyi gbɔ va gblɔ be Yesu ku vavã. Eyome Pilato wɔ Yosef ƒe biabia la dzi nɛ.

Yosef ƒle aklala biɖibiɖi dzadzɛ eye wòɖe Yesu ƒe kukua le atia ŋu. Exatsa aklala la ɖe eƒe kukua ŋu hena ɖiɖi. Nikodemo, “ame si va [Yesu gbɔ] va yi le zã me” la hã kpe asi ɖe Yesu ƒe kukua dzadzraɖo ŋu. (Yohanes 19:39) Etsɔ mire kple aloe si wotsaka, si ade Romatɔwo ƒe pounde alafa ɖeka (kilogram 33) sɔŋ la vɛ. Woxatsa avɔ siwo me atike ʋeʋĩ siawo le la ɖe Yesu ƒe kukua ŋu, abe ale si Yudatɔwo dzraa ame kuku ɖo hafi ɖina ene.

Yɔdo si me wometsɔ ame aɖeke mlɔ kpɔ o si woɖe ɖe agakpe me la le Yosef si, eye wotsɔ Yesu ƒe kukua mlɔ eme. Azɔ womli kpe gã aɖe ɖo yɔdoa nu. Wowɔ esia kabakaba hafi Sabat la nadze egɔme. Anye be Maria Magdalatɔ kple Maria si nye Yakobo Suetɔ dada nɔ asi kpem ɖe Yesu ƒe kukua dzadzraɖo ŋu. Azɔ wowɔ kaba yi aƒe me “be yewoaɖadzra atike ʋeʋĩwo kple ami ʋeʋĩwo ɖo” be yewoagava si na Yesu ƒe kukua le Sabat la megbe.—Luka 23:56.

Le ŋufɔke, si nye Sabat dzi la, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Farisitɔwo yi Pilato gbɔ ɖagblɔ nɛ be: “Míeɖo ŋku edzi be, esime ameblela ma nɔ agbe la, egblɔ be, ‘Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, woafɔm ɖe tsitre.’ Eya ta de se be woadzɔ yɔdo la ŋu nyuie va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe, ne eƒe nusrɔ̃lawo magava fii adzoe ahagblɔ na amewo be, ‘Wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome o!’ Ne edzɔ alea la, amebeble mamlɛtɔ sia avɔ̃ɖi wu gbãtɔ.” Pilato ɖo eŋu na wo be: “Dzɔlawo neyi kpli mi. Ne miadzɔ eŋu ale si miate ŋui.”—Mateo 27:63-65.

Le Kwasiɖagbe ŋdi kanya la, Maria Magdalatɔ, Maria si nye Yakobo dada kple nyɔnu bubuwo tsɔ atike ʋeʋĩwo yi yɔdoa to be yewoasi na Yesu ƒe kukua. Wobia wo nɔewo be: “Ame kae amli kpea ɖa le yɔdoa nu na mí?” (Marko 16:3) Gake do ŋgɔ la, anyigba ʋuʋu. Azɔ hã, mawudɔla aɖe mli kpe la ɖa, dzɔlawo dzo, eye edze abe yɔdoa tsi ƒuƒlu ene!