Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 136

Le Galilea-ƒua Ta

Le Galilea-ƒua Ta

YOHANES 21:1-25

  • YESU ÐE EÐOKUI FIA LE GALILEA-ƑUA TA

  • ELE BE PETRO KPLE NUSRƆ̃LA BUBUAWO NANYI ALẼAWO

Le zã mamlɛtɔ si me Yesu nɔ eƒe apostoloawo gbɔ la, egblɔ na wo be: “Ne wofɔm ɖe tsitre la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea.” (Mateo 26:32; 28:7, 10) Azɔ eyomedzela geɖewo zɔ mɔa yi Galilea, gake nu kae woawɔ le afi ma?

Le afi ma la, Petro gblɔ na apostoloawo dometɔ ade be: “Meyina tɔƒo.” Wo ame adea katã gblɔ be: “Míayi kpli wò.” (Yohanes 21:3) Womete ŋu ɖe lã aɖeke zã bliboa o. Esi ŋu nɔ kekem la, Yesu ɖe eɖokui fia le ƒua ta, gake womekpɔe dze sii o. Yesu do ɣli be: “Vinyewo, nane le mia si miaɖua?” Woɖo eŋu be: “Ao!” Yesu gblɔ na wo be: “Mida ɖɔ la ɖe ʋua ƒe ɖusime, eye miakpɔ lã aɖe.” (Yohanes 21:5, 6) Lã si woɖe la sɔ gbɔ ale gbegbe be ɖɔa hehe zu dɔ.

Yohanes gblɔ na Petro be: “Aƒetɔ lae!” (Yohanes 21:7) Enumake Petro tsɔ eƒe awudziwui do, elabena eɖee da ɖi hafi nɔ ɖɔa kplɔm. Edzo dze tsia me heƒu tsi abe meta 90 ene va gota. Ke ame mamlɛ siwo le tɔdziʋua me ya le ɖɔ si yɔ fũu kple tɔmelãwo la hem ɖɔɖɔɖɔ gbɔna gotae.

Esi wova ɖi go la, wokpɔ “akadzo aɖe le afi ma, lãwo le edzi eye abolo hã le afi ma.” Yesu gblɔ na wo be: “Mitsɔ lã siwo mieɖe fifi laa la ƒe ɖe vɛ.” Petro he ɖɔ si yɔ fũu kple lã gã 153 la va gota! Yesu gblɔ be: “Miva ɖu ŋdinu.” Dzi menɔ wo dometɔ aɖeke ƒo ne wòabiae be, “Ame kae nènye?” hã o, elabena wokpɔe dze sii be Yesu ye. (Yohanes 21:9-12) Esiae nye zi etɔ̃lia si wòɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo le ha me.

Yesu na abolo kple tɔmelã wo katã woɖu. Azɔ anye be Yesu nɔ tɔmelã si woɖe la kpɔm esi wòbia be: “Simon, Yohanes vi, èlɔ̃am wu esiawoa?” Ðe Petro ƒe dzi ku ɖe lãɖeɖedɔa ŋu wu dɔ si Yesu di be wòawɔ la? Petro ɖo eŋu be: “Ɛ̃, Aƒetɔ, ènya be nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o.” Eya ta Yesu gblɔ nɛ be: “Nyi nye alẽviawo.”—Yohanes 21:15.

Yesu gabiae ake be: “Simon, Yohanes vi, èlɔ̃ma?” Ðewohĩ eƒe biabiaa wɔ moyaa na Petro eye wòɖo eŋu kple mo vevi be: “Ɛ̃, Aƒetɔ, ènya be nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o.” Yesu gblɔ nya si ɖi esi wògblɔ va yi la be: “Kplɔ nye alẽ sueawo.”—Yohanes 21:16.

Yesu gabiae zi etɔ̃lia be: “Simon, Yohanes vi, mèlɔ̃a nu le gbɔnye oa?” Ðewohĩ Petro anɔ susum azɔ be Yesu meka ɖe yeƒe nuteƒewɔwɔ dzi o. Petro gblɔ kple kakaɖedzi be: “Aƒetɔ, ènya nuwo katã, ènyae be nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o.” Yesu gate gbe ɖe nu si wòle be Petro nawɔ la dzi esi wògblɔ be: “Nyi nye alẽ sueawo.” (Yohanes 21:17) Ɛ̃, ele be ame siwo le ŋgɔ xɔm la nasubɔ ame siwo wohe va Mawu ƒe alẽkpoa me.

Wobla Yesu hewui le esi wòwɔ dɔ si Mawu de esi be wòawɔ ta. Azɔ eɖee fia be nu sia tɔgbie ava dzɔ ɖe Petro dzi. Yesu gblɔ nɛ be: “Esime mèkpɔ tsi alea o la, wò ŋutɔ èdoa awu heyia afi si nèdi. Ke ne èku amegã la, àkɔ wò abɔwo dzi, eye ame bubu ado awu na wò, eye wòakplɔ wò ayi afi si mèdi o.” Gake Yesu de dzi ƒo nɛ be: “Nɔ yonyeme ɖaa.”—Yohanes 21:18, 19.

Petro kpɔ apostolo Yohanes eye wòbia be: “Aƒetɔ, ke ame sia ya ɖe?” Ɛ̃, aleke etsɔme ava nɔ na apostolo si gbɔ Yesu melɔ̃a nu le o la? Yesu gblɔ be: “Ne nye lɔlɔ̃nue wònye be wòanɔ anyi va se ɖe esime mava ɖe, afi kae wòka na wò?” (Yohanes 21:21-23) Ele be Petro nadze Yesu yome, ke menye be wòatsi dzi ɖe nu si ame bubuwo awɔ ŋu o. Ke hã Yesu ɖee fia be Yohanes anɔ agbe wòadidi wu apostolo mamlɛawo, eye woana wòakpɔ Yesu ƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me le ŋutega me.

Le nyateƒe me la, Yesu wɔ nu bubu geɖe siwo ne wobe woaŋlɔ wo la, womate ŋu ayi agbalẽ geɖewo gɔ̃ hã me o.