Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 139

Yesu Ahe Paradiso Vɛ Ahawu Eƒe Dɔ La Nu

Yesu Ahe Paradiso Vɛ Ahawu Eƒe Dɔ La Nu

1 KORINTOTƆWO 15:24-28

  • NU SI AVA DZƆ ÐE ALẼAWO KPLE GBƆ̃AWO DZI

  • AME GEÐE AKPƆ DZIDZƆ LE PARADISO ME LE ANYIGBA DZI

  • YESU NYE MƆ LA, NYATEƑE LA KPLE AGBE LA VAVÃ

Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe teti ko la, edze ŋgɔ futɔ aɖe si ɖoe kplikpaa be yeana wòado kpo nu hafi wòadze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme gɔ̃ hã. Ɛ̃, Abosam dze agbagba enuenu be yeate Yesu kpɔ. Emegbe Yesu gblɔ tso vɔ̃ɖitɔ ma ŋu be: “Xexea dzi ɖula la gbɔna, eye mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye o.”—Yohanes 14:30.

Le ŋutega me la, apostolo Yohanes kpɔ nu si ava dzɔ ɖe “ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, si woyɔna be Abosam kple Satana” la dzi. Woatsɔ amegbetɔwo ƒe futɔ vɔ̃ɖi ma aƒu gbe tso dziƒo, ‘eye dzi akui vevie, elabena enyae be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na ye.’ (Nyaɖeɖefia 12:9, 12) Kristotɔwo ka ɖe edzi be ‘ɣeyiɣi vi si susɔ’ la mee yewole, eye eteƒe madidi o woatsɔ “ʋɔ driba, si nye da xoxo la,” ade aʋli me, eye wòanɔ dɔ mawɔmawɔ ƒe nɔnɔme me le ƒe 1,000 si me Yesu anɔ dzi ɖum le Mawu Fiaɖuƒea me la me.—Nyaɖeɖefia 20:1, 2.

Nu kae adzɔ le anyigba, si nye míaƒe aƒe la dzi, le ɣeyiɣi ma me? Ame kawoe anɔ anyigba dzi, eye aleke nɔnɔmeawo anɔ? Yesu ŋutɔ ɖo nya siawo ŋu. Le lo si wòdo ku ɖe alẽawo kple gbɔ̃awo ŋu me la, egblɔ ale si etsɔme ava nɔ na ame dzɔdzɔe siwo le abe alẽwo, siwo wɔa nu aduadu kple Yesu nɔviwo hewɔa nyui na wo la. Ena nu si ava dzɔ ɖe ame siwo mewɔa nu nyui mawo o, siwo le abe gbɔ̃wo ene dzi la hã me kɔ. Yesu gblɔ be: “Ame siawo [gbɔ̃awo] ayi ɖe tsɔtsrɔ̃ mavɔ me, ke ame dzɔdzɔewo [alẽawo] ya ayi ɖe agbe mavɔ me.”—Mateo 25:46.

Esia kpe ɖe mía ŋu míese nya si Yesu gblɔ na nu vlo wɔla si woklã ɖe atia ŋu le exa la gɔme. Menye teƒeɖoɖo si ƒe ŋugbe Yesu do na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo, si nye be woanɔ Dziƒofiaɖuƒea me la kee wòdo na ŋutsu sia o. Ke boŋ Yesu do ŋugbe na nu vlo wɔla si trɔ dzi me la be: “Vavã mele egblɔm na wò egbea be, ànɔ Paradiso me kplim.” (Luka 23:43) Esia fia be mɔnukpɔkpɔ asu ŋutsu ma si be wòanɔ Paradiso, si le abe abɔ dzeani ene la me. Eya ta eme kɔ ƒãa be ame siwo le abe alẽwo ene egbea siwo ayi ɖe “agbe mavɔ me” la hã anɔ Paradiso ma me.

Esia wɔ ɖeka kple nya siwo apostolo Yohanes gblɔ tsɔ ɖɔ ale si nɔnɔmeawo anɔ le anyigba dzi ɣemaɣi. Egblɔ be: “Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woanye eƒe dukɔ. Eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo. Eye atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Hafi nu vlo wɔlaa nate ŋu anɔ agbe le Paradiso me la, ele be woafɔe ɖe tsitre. Eye menye eya koe woafɔ ɖe tsitre o. Yesu na esia me kɔ esi wògblɔ be: “Gaƒoƒo la gbɔna, esime ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase eƒe gbe, eye woado go, ame siwo wɔ nu nyuiwo la, hena agbe ƒe tsitretsitsi, eye ame siwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.”—Yohanes 5:28, 29.

Ke apostolo wɔnuteƒeawo kple ame ʋɛ bubu siwo anɔ dziƒo kple Yesu ya ɖe? Biblia gblɔ be: “Woanye Mawu kple Kristo ƒe nunɔlawo, eye woaɖu fia kplii ƒe akpe ɖeka.” (Nyaɖeɖefia 20:6) Ame siawo siwo ava ɖu fia kple Kristo la nye ŋutsu kple nyɔnu siwo nɔ agbe le anyigba dzi kpɔ. Eya ta ɖikeke mele eme o be dziɖula mawo ase veve ɖe ame siwo le anyigba dzi la nu ahase nu gɔme na wo.—Nyaɖeɖefia 5:10.

Yesu ana eƒe tafevɔsaa naɖe vi na amegbetɔ siwo le anyigba dzi, eye wòaɖe wo tso nu vɔ̃ ƒe fiƒode si dome wonyi la me. Eya kple eƒe hatidziɖulawo ana amegbetɔƒomea nade blibo. Ɛ̃, amegbetɔwo ase vivi na agbea abe ale si Mawu ɖoe tso gɔmedzedzea me esi wògblɔ na Adam kple Xawa be woadzi ayɔ anyigba dzi la ene. Ku si do tso Adam ƒe nu vɔ̃a me la gɔ̃ hã maganɔ anyi o!

Eya ta Yesu awɔ dɔ siwo katã Yehowa de esi la ade goe. Le Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu la, atsɔ Fiaɖuƒea kple amegbetɔƒomea si de blibo la ade Fofoa si. Apostolo Paulo ŋlɔ tso Yesu ƒe ɖokuibɔbɔnuwɔna ɖedzesi sia ŋu be: “Ne wotsɔ nuwo katã de ete vɔ la, ekema Vi la ŋutɔ hã atsɔ eɖokui ade Ame si tsɔ nuwo katã de ete la te, ale be Mawu nanye nuwo katã na ame sia ame.”—1 Korintotɔwo 15:28.

Eme kɔ ƒãa be Yesu wɔa akpa vevi aɖe be Mawu ƒe tameɖoɖo wɔnukuwo nava eme. Eye ne tameɖoɖo mawo yi edzi le eme vam yi ɖe mavɔmavɔ me la, awɔ nu wòasɔ kple nya si wògblɔ tso eɖokui ŋu la be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la.”—Yohanes 14:6.