Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 70

Yesu Da Gbe Le Ŋutsu Si Wodzi Ŋkuagbãtɔ La Ŋu

Yesu Da Gbe Le Ŋutsu Si Wodzi Ŋkuagbãtɔ La Ŋu

YOHANES 9:1-18

  • WODA GBE LE NUBIALA SI WODZI ŊKUAGBÃTƆ LA ŊU

Yesu gakpɔtɔ le Yerusalem le Sabat ŋkekea dzi. Esime eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ tsa ɖim le dua me la, wokpɔ nubiala aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔe. Nusrɔ̃lawo bia Yesu be: “Rabi, ame kae wɔ nu vɔ̃ be wodzi ame sia ŋkuagbãtɔe?”—Yohanes 9:2.

Nusrɔ̃lawo nyae be luʋɔ makpɔmakpɔ aɖeke menɔ ŋutsu sia si hafi wodzii o, ke hã woanya nɔ eŋu bum kpɔ be ɖe ame ate ŋu awɔ nu vɔ̃ esime wòle dadaa ƒe vidzidɔ me hã. Yesu ɖo eŋu na wo be: “Menye ame sia alo edzilawoe wɔ nu vɔ̃ o, ke boŋ be woaɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔwo afia to edzi tae.” (Yohanes 9:3) Eya ta menye ŋutsu sia loo alo edzilawoe wɔ nu vɔ̃ aɖe koŋ si tae ŋutsu sia ƒe ŋku gbã ɖo o. Ke boŋ, le Adam ƒe nu vɔ̃a ta la, wodzia amegbetɔwo katã ame madeblibowoe, si wɔnɛ be wotea ŋu dzia ame wònyea ŋkunɔ, hekpe ɖe dɔléle bubuwo ŋu. Gake esi wodzi ŋutsu sia ŋkuagbãtɔ la, esia na mɔnukpɔkpɔ Yesu be wòaɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔwo afia, abe ale si wòwɔ ɣebubuɣiwo esi wòda gbe le amewo ŋu ene.

Yesu te gbe ɖe ale si dɔ siawo wɔwɔ hiã kpatae la dzi. Egblɔ be: “Zi ale si ŋkeke li la, ele be míawɔ Ame si dɔm ɖa la ƒe dɔwo; zã le dodo ge, esime ame aɖeke mate ŋu awɔ dɔ o. Zi ale si mele xexea me la, nyee nye xexea ƒe kekeli.” (Yohanes 9:4, 5) Ɛ̃, eteƒe madidi o, Yesu ƒe kua ana wòayi yɔdomeviviti si me mate ŋu awɔ naneke le o la me. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, egakpɔtɔ nye numekɔkɔtsoƒe na xexea.

Gake ɖe Yesu ada gbe le ŋutsu sia ŋua, eye aleke wòawɔe? Yesu ɖe ta ɖe anyigba eye wòtsɔe nya anyie. Etsɔ ɖe sisi ɖe ŋkuagbãtɔ la ƒe ŋkuwo dzi hegblɔ nɛ be: “Heyi ɖaklɔ ŋkume le Siloam-ta la me.” (Yohanes 9:7) Ŋutsua wɔe nenema. Esi wòwɔ esia la, ete ŋu kpɔ nu! Bu dzidzɔ si gbegbe wòkpɔ le esi esiae nye zi gbãtɔ wòle nu kpɔm le eƒe agbe me ta la ŋu kpɔ!

Esia wɔ nuku na eƒe aƒelikawo kple ame bubu siwo nyae be enye ŋkuagbãtɔ la. Wobia be: “Menye ame siae bɔbɔ nɔa anyi nɔa nu biam oa?” Ame aɖewo gblɔ be: “Eyae.” Ke ame bubuwo mexɔe se o, eye wogblɔ be: “Kpao, amee ɖi ame.” Gake ŋutsua ŋutɔ gblɔ be: “Nyee.”—Yohanes 9:8, 9.

Eya ta wobiae be: “Ekema aleke wɔ wò ŋkuwo ʋu?” Eɖo eŋu na wo be: “Ame si woyɔna be Yesu lae nya anyi tsɔ sisi ɖe nye ŋkuwo dzi, eye wògblɔ nam be, ‘Yi ɖaklɔ ŋkume le Siloam-ta la me.’ Eya ta meyi ɖaklɔ ŋkume, eye mele nu kpɔm.” Eyome wobiae be: “Afi kae wòle?” Nubialaa ɖo eŋu be: “Nyemenya o.”—Yohanes 9:10-12.

Ameawo kplɔ ŋutsua yi Farisitɔwo gbɔ, eye woawo hã wodi be yewoanya ale si wòdzɔe be wòle nu kpɔm. Ŋutsua gblɔ na wo be: “Esisi anyi ɖe nye ŋkuwo dzi, eye meyi ɖaklɔe, eye mele nu kpɔm.” Ðe wòle be Farisitɔwo nakpɔ dzidzɔ kple nubiala sia si ŋu woda gbe le la hafi. Gake le ema teƒe la, wo dometɔ aɖewo ƒo nu tsi tre ɖe Yesu ŋu. Wogblɔ be: “Menye Mawu gbɔe ame sia tso o, elabena mewɔna ɖe Sabat la dzi o.” Ke ame bubuwo gblɔ be: “Aleke nu vɔ̃ wɔla ate ŋu awɔ dzesi siawo tɔgbi?” (Yohanes 9:15, 16) Ale mama ɖo wo dome.

Esi amewo ƒe nyawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu alea ta la, wotrɔ ɖe ŋutsu si le nu kpɔm azɔ la ŋu hebiae be: “Esi wònye wòe wòʋu ŋku na ɖe, nya ka gblɔm nèle le eŋu?” Ŋutsua ka ɖe ame si Yesu nye la dzi bliboe, eya ta eɖo eŋu be: “Nyagblɔɖilae wònye.”—Yohanes 9:17.

Yudatɔawo melɔ̃ ɖe nya sia dzi o. Woanya susui be aye wɔm Yesu kple ŋutsu sia le be yewoatsɔ aflu amewo. Woƒo nya ta be mɔ si dzi yewoato akpɔ nyaa gbɔe nye be yewoabia gbe nubialaa dzilawo kpɔ be wo via nye ŋkuagbãtɔ vavã hã.