Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA ENELIA

Ame Kae Nye Yesu Kristo?

Ame Kae Nye Yesu Kristo?

1, 2. (a) Ðe nàgblɔ be yenya ame aɖe nyuie nenye eƒe ŋkɔ ɖeɖe koe nènya? Ðe eme. (b) Aleke amewo bua Yesui?

AME xɔŋkɔ geɖewo le xexea me. Ðewohĩ ènya ame xɔŋkɔ aɖe ƒe ŋkɔ. Gake àlɔ̃ ɖe edzi be amea ŋkɔ nyanya ɖeɖe dzaa mefia be ènya amea nyuie o. Mefia be ènya nu sia nu tso eƒe agbenɔnɔ kple ame si ƒomevi wònye la ŋu nyuie o.

2 Esi wònye be Yesu nɔ anyigba sia dzi ƒe 2,000 aɖewoe nye esi va yi ta la, ànya se nu tso eŋu kpɔ. Gake ame akpa gãtɔ menya ame si tututu Yesu nye o. Ame aɖewo gblɔna be ame nyui aɖee wònye, ame ɖewo be nyagblɔɖilae, eye ame bubuwo hã xɔe se be eyae nye Mawu. Ke wò ɖe, nu kae nèsusu?—Kpɔ Dzesidenya 12.

3. Nu ka tae wòle vevie be nànya Yehowa Mawu kple Yesu Kristo?

3 Ele vevie ŋutɔ be nànya nyateƒe si ku ɖe Yesu ŋu. Nu ka tae? Elabena Biblia gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Vavãe, ne ènya nyateƒe si ku ɖe Yehowa kple Yesu ŋu la, àte ŋu anɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi. (Yohanes 14:6) Gakpe ɖe eŋu la, Yesue va ɖo ale si míanɔ agbe kple ale si míawɔ nu ɖe amewo ŋu la ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi na mí. (Yohanes 13:34, 35) Le Ta 1 me la, míesrɔ̃ nu tso nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu la ŋu. Azɔ míasrɔ̃ nu tso nu si tututu Biblia fia ku ɖe Yesu ŋu la hã ŋu.

MÍEKPƆ MESIA LA!

4. Nu kae nya siwo nye “Mesia” kple “Kristo” fia?

4 Ƒe akpe geɖe do ŋgɔ na Yesu dzidzi la, Yehowa do ŋugbe le Biblia me be yeadɔ Mesia alo Kristo ɖa. “Mesia” nye Hebrigbe me nya eye “Kristo” nye Helagbe me nya. Bubuŋkɔ eve siawo katã fia be Mawu atia Mesia si ŋugbe wòdo la ahana ɖoƒe tɔxɛ aɖee. Mesia la ana Mawu ƒe ŋugbedodowo nava eme. Yesu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò fifia gɔ̃ hã. Gake do ŋgɔ na Yesu dzidzi la, ame geɖewo anya nɔ biabiam be, ‘Ame kae ava nye Mesia la?’

5. Ðe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ka ɖe edzi be eyae nye Mesia la?

5 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ka ɖe edzi bliboe be eyae nye Mesia la. (Yohanes 1:41) Le kpɔɖeŋu me, Simon Petro gblɔ na Yesu be: “Wòe nye Kristo la.” (Mateo 16:16) Aleke míawɔ aka ɖe edzi be Yesue nye Mesia la?

6. Aleke Yehowa kpe ɖe ame siwo di vevie be yewoakpɔ Mesia la ŋu be woakpɔ Mesia la adze sii?

6 Ƒe geɖe do ŋgɔ na Yesu dzidzi la, Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ŋlɔ nu geɖe ku ɖe Mesia ŋu siwo akpe ɖe amewo ŋu woakpɔe adze sii. Aleke esia akpe ɖe wo ŋui? Tsɔe be wobe nàyi aɖakpe ame aɖe si mèkpɔ kpɔ o la le ʋutɔɖoƒe aɖe si amewo sɔa gbɔ ɖo fũu. Ne woɖɔ amea na wò nyuie la, anɔ bɔbɔe na wò be nàkpɔe adze sii. Nenema ke Yehowa to nyagblɔɖilawo dzi gblɔ nu siwo Mesia la ava wɔ kple nu siwo adzɔ ɖe edzi la na mí. Nyagblɔɖi mawo katã me vava akpe ɖe ame siwo di vevie be yewoakpɔ Mesia la ŋu woakpɔe adze sii be Yesue nye Mesia la.

7. Nyagblɔɖi eve kawoe ɖo kpe edzi be Yesue nye Mesia la?

7 Na míakpɔ nyagblɔɖi siawo dometɔ eve ɖa. Gbã, ƒe alafa adre do ŋgɔ na Yesu dzidzi la, nyagblɔɖila Mika gblɔe ɖi be woadzi Mesia le du sue si nye Betlehem me. (Mika 5:2) Du ma tututu mee wodzi Yesu le! (Mateo 2:1, 3-9) Evelia, nyagblɔɖila Daniel gblɔe ɖi be Mesia la ado le ƒe 29 Kristotɔwo Ŋɔli. (Daniel 9:25) Esiawo nye nyagblɔɖi gbogbo siwo ɖo kpe edzi kɔtɛe be Yesue nye Mesia si ŋugbe wodo la dometɔ eve pɛ ko.—Kpɔ Dzesidenya 13.

Esi Yesu xɔ nyɔnyrɔ la, ezu Mesia alo Kristo la

8, 9. Nu kae dzɔ le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔɣi si ɖo kpe edzi be eyae nye Mesia la?

8 Yehowa na wòdze ƒãa be Yesue nye Mesia la. Mawu do ŋugbe be yeana dzesi aɖe Yohanes Amenyrɔɖetsimela ale be wòakpɔ ame si nye Mesia la adze sii. Esi Yesu yi Yohanes gbɔ le ƒe 29 Kristotɔwo Ŋɔli be wòanyrɔ ye ɖe Yordan-tɔsisia me la, Yohanes kpɔ dzesi la. Biblia gblɔ nu si dzɔ la na mí be: “Esi wonyrɔ Yesu vɔ la, efɔ tso tsia me enumake; eye kpɔ ɖa, dziƒowo nu ʋu, eye wòkpɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ la wòle ɖiɖim ɖe edzi abe ahɔnɛ ene. Kpɔ ɖa! Gbe aɖe hã ɖi tso dziƒowo gblɔ be: ‘Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye.’” (Mateo 3:16, 17) Esi Yohanes kpɔ nu sia hese nya siawo la, ekpɔe dze sii be Yesue nye Mesia la. (Yohanes 1:32-34) Esi Yehowa kɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖe Yesu dzi gbe ma gbe la, Yesu zu Mesia la. Eyae nye ame si Mawu tia be wòanye Kplɔla kple Fia.—Yesaya 55:4.

9 Biblia ƒe nyagblɔɖiwo, Yehowa ŋutɔ ƒe nyawo kple dzesi si wòna le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔɣi la katã ɖo kpe edzi be Yesue nye Mesia la. Gake afi kae Yesu tso va, eye ame ka ƒomevie wònye? Na míakpɔ ale si Biblia ɖo nya siawo ŋui ɖa.

AFI KAE YESU TSO VA?

10. Nu kae Biblia fia ku ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ do ŋgɔ na eƒe anyigbadzivava ŋu?

10 Biblia fia mí be Yesu nɔ agbe le dziƒo ɣeyiɣi didi aɖe hafi va anyigba dzi. Nyagblɔɖila Mika gblɔ be Yesu “dzɔɣi tso blemablema ke.” (Mika 5:2) Yesu ŋutɔ gblɔ zi geɖe be yenɔ dziƒo ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ hafi wova dzi ye ɖe anyigba dzi. (Xlẽ Yohanes 3:13; 6:38, 62; 17:4, 5.) Kadodo tɔxɛ aɖe nɔ Yesu kple Yehowa dome xoxoxo hafi Yesu va anyigba dzi gɔ̃ hã.

11. Nu ka tae Yesu nye ame vevi aɖe na Yehowa?

11 Ame vevi aɖe ŋutɔe Yesu nye na Yehowa. Nu ka tae? Elabe Mawu wɔe do ŋgɔ na nu sia nu kple ame sia ame. Esia tae woyɔ Yesu be “nuwɔwɔwo katã ƒe gbãtɔ.” * (Kolosetɔwo 1:15) Susu bubu si tae Yesu nye ame vevi aɖe na Yehowae nye be eya ɖeɖe koe Yehowa ŋutɔ wɔ tẽe. Eya tae woyɔe be “Tenuvi la.” (Yohanes 3:16) Yesu ɖeka ko dzie Yehowa to wɔ nu bubuwo katã. (Kolosetɔwo 1:16) Yesu ɖeka koe woyɔ be “Nya la,” elabe Yehowa zãe wògblɔ eƒe gbedeasiwo kple mɔfiamewo na mawudɔlawo kple amegbetɔwo siaa.—Yohanes 1:14.

12. Aleke míewɔ nya be menye Yesu kee ganye Mawu o?

12 Ame aɖewo xɔe se be Yesu kee ganye Mawu. Gake menye nu siae Biblia fia o. Biblia gblɔ be ɖe wowɔ Yesu, si fia be gɔmedzedze li na Yesu. Gake gɔmedzedze meli na Yehowa, ame si wɔ nuwo katã la ya o. (Psalmo 90:2) Yesu, si nye Mawu ƒe Vi la, metee kpɔ be yeazu Mawu o. Biblia fia mí eme kɔ ƒãa be Fofo la lolo wu Vi la. (Xlẽ Yohanes 14:28; 1 Korintotɔwo 11:3.) Yehowa ɖeka koe nye “Mawu Ŋusẽkatãtɔ.” (1 Mose 17:1) Eyae nye ame gãtɔ kple ame sesẽtɔ kekeake le xexea me godoo.—Kpɔ Dzesidenya 14.

13. Nu ka tae Biblia gblɔ be Yesu nye “Mawu makpɔmakpɔ la ƒe nɔnɔme”?

13 Yehowa kple Via Yesu wɔ dɔ asi-le-asi-me ƒe miliɔn akpe geɖewo hafi va wɔ dziƒo kple anyigba la. Woanya lɔ̃ wo nɔewo vevie ŋutɔ! (Yohanes 3:35; 14:31) Yesu srɔ̃ Fofoa ƒe nɔnɔmewo nyuie ale gbegbe be Biblia yɔe be “Mawu makpɔmakpɔ la ƒe nɔnɔme.”—Kolosetɔwo 1:15.

14. Aleke wòdzɔe be wova dzi Yehowa ƒe Vi vevi la wònye amegbetɔ?

14 Yehowa ƒe Vi vevi sia lɔ̃ faa dzo le dziƒo wova dzii ɖe anyigba dzi. Aleke esia te ŋu dzɔe? Yehowa trɔ Via ƒe agbe tso dziƒo nukutɔe va de ɖetugbui leaƒe Maria ƒe vidzidɔ me. Esia wɔe be mehiã Vifofo si nye amegbetɔ hafi woafɔ Yesu ƒe fu o. Aleae wòdzɔe be Maria va dzi vi si nye ame deblibo, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Yesu.—Luka 1:30-35.

AME KA ƑOMEVIE YESU NYE?

15. Aleke míawɔ anya Yehowa nyuie?

15 Àte ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Yesu, eƒe agbenɔnɔ kple eƒe nɔnɔmewo ŋu ne èxlẽ Biblia-gbalẽ siwo nye Mateo, Marko, Luka kple Yohanes. Woyɔa agbalẽ siawo be Nyanyuigbalẽwo. Esi wònye be Yesu le abe Fofoa ene pɛpɛpɛ ta la, nu si nàxlẽ tso eŋu la akpe ɖe ŋuwò nànya Yehowa hã nyuie. Susu sia tae Yesu gblɔ be: “Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.”—Yohanes 14:9.

16. Nu kawoe Yesu fia? Afi kae Yesu ƒe nufiafiawo tso?

16 Ame geɖe yɔ Yesu be “Nufiala.” (Yohanes 1:38; 13:13) Nu vevitɔ siwo wòfia la dometɔ ɖekae nye “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la.” Nu kae nye Fiaɖuƒe la? Eyae nye dziɖuɖu si le dziƒo si aɖu anyigba bliboa dzi, eye wòahe yayra mavɔwo vɛ na ame siwo ɖoa to Mawu. (Mateo 4:23) Yehowa gbɔe nu sia nu si Yesu fiana la tso. Yesu gblɔ be: “Nu si mefiana la menye tɔnye o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la tɔe.” (Yohanes 7:16) Yesu nyae be Yehowa di be amewo nase nya nyui si nye be Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖu anyigba la dzi.

17. Teƒe kawoe Yesu fia nu le? Nu ka tae wòku kutri fia nu amewo?

17 Teƒe kawoe Yesu fia nu le? Efia nu le afi sia afi si wòakpɔ amewo le. Efia nu le agbletawo, du gãwo, kɔƒewo, tadeaguƒewo, asiwo kple amewo ƒe aƒewo me. Melalana be ameawo ŋutɔ nava ye gbɔ o. Zi geɖe la, eya ŋutɔe yia wo gbɔ. (Marko 6:56; Luka 19:5, 6) Yesu ku kutri hezã eƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe tsɔ fia nu amewo. Nu ka tae? Esi wònya be nenemae Mawu di be yenewɔ eye wòɖoa to Fofoa ɣesiaɣi tae. (Yohanes 8:28, 29) Susu bubu si ta Yesu ɖe gbeƒã na amewo lae nye be woƒe nu wɔa nublanui nɛ. (Xlẽ Mateo 9:35, 36.) Ekpɔe be subɔsubɔhakplɔlawo mefiaa nyateƒe siwo ku ɖe Mawu kple eƒe Fiaɖuƒea ŋu la amewo o. Eya ta edi be yeakpe ɖe ame gbogbo aɖewo ŋu woase nya nyui la.

18. Yesu ƒe nɔnɔme kawoe nyo ŋuwò vevie?

18 Yesu lɔ̃ amewo eye wòtsɔa ɖe le eme na wo. Efa tu eye amewo tea ŋu ɖoa dze kplii bɔbɔe. Ðeviwo gɔ̃ hã lɔ̃a egbɔnɔnɔ. (Marko 10:13-16) Yesu medea ame dzi o. Elé fu nu fitifiti wɔwɔ kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ. (Mateo 21:12, 13) Le eƒe ɣeyiɣia me la, womenaa gome boo nyɔnuwo o, eye womedea bubu wo ŋu hã o. Gake Yesu ya dea bubu kple asixɔxɔ nyɔnuwo ŋu ɣesiaɣi. (Yohanes 4:9, 27) Yesu nye ɖokuibɔbɔla vavã hã. Le kpɔɖeŋu me, le fiẽ aɖe me la, eklɔ afɔ na eƒe apostolowo evɔ wònye subɔvi tsɛwoe wɔa dɔ sia zi geɖe hafi.—Yohanes 13:2-5, 12-17.

Yesu ɖe gbeƒã le afi sia afi si wòkpɔ amewo le

19. Kpɔɖeŋu kae ɖee fia be Yesu nya nu si tututu hiã amewo eye wòdina vevie be yeakpe ɖe wo ŋu?

19 Yesu nya nu si tututu hiã amewo, eye edina vevie be yeakpe ɖe wo ŋu. Esia dze ƒãa esime wòzã Mawu ƒe ŋusẽ tsɔ da dɔ na amewo nukutɔe. (Mateo 14:14) Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu anyidɔléla aɖe va Yesu gbɔ hegblɔ nɛ be: “Ne èlɔ̃ ko la, àte ŋu ana ŋutinye nakɔ.” Amea ƒe vevesese kple eƒe fukpekpe na Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe eŋu. Eƒe nu wɔ nublanui na Yesu wòdi be yeakpe ɖe eŋu. Eya ta Yesu do asi ɖa ka asi eŋu hegblɔ nɛ be: “Melɔ̃! Ŋutiwò nekɔ.” Eye ŋutsua haya! (Marko 1:40-42) Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe ŋutsua ase le eɖokui me la le susu mea?

EWƆA NUTEƑE NA FOFOA ƔESIAƔI

20, 21. Aleke Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi na mí le toɖoɖo Mawu gome?

20 Yesue ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi na mí le toɖoɖo Mawu gome. Yesu wɔ nuteƒe na Fofoa, eɖanye nu ka kee ɖadzɔ ɖe edzi alo nu ka kee eƒe futɔwo ɖatu kplii o. Le kpɔɖeŋu me, esi Satana te Yesu kpɔ la, Yesu mewɔ nu vɔ̃ o. (Mateo 4:1-11) Yesu ŋutɔ ƒometɔ aɖewo mexɔe se be eyae nye Mesia la o, eye wogblɔ tso eŋu gɔ̃ hã be “eƒe tagbɔ le gbegblẽm,” gake Yesu yi edzi nɔ Mawu ƒe dɔwo wɔm. (Marko 3:21) Esi Yesu ƒe futɔwo sẽ ŋuta le eŋu gɔ̃ hã la, eyi edzi wɔ nuteƒe na Mawu, eye metee kpɔ be yeawɔ nu vevi wo o.—1 Petro 2:21-23.

21 Yesu yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa esime wonɔ funyafunya wɔmee wòse veve ʋuu kaka ku gɔ̃ hã. (Xlẽ Filipitɔwo 2:8.) Kpɔ nu si gbegbe me Yesu to le gbe si gbe wòku la ɖa le susu me. Wolée, aʋatsoɖasefowo tso enu be enye busunyagblɔla, ʋɔnudrɔ̃la maɖianukwarewo bu fɔe, amehawo ɖu fewu le eŋu, eye asrafowo wɔ fui hehee ɖe ati ŋu. Esi wònɔ kukum la, edo ɣli gblɔ be: “Wowu enu!” (Yohanes 19:30) Gake esi Yesu ku la, Yehowa fɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃a gbe eye wòna gbɔgbɔŋutilãe. (1 Petro 3:18) Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, Yesu trɔ yi dziƒo, eye “wòbɔbɔ nɔ Mawu ƒe ɖusime,” henɔ lalam be Mawu naɖo ye Fia.—Hebritɔwo 10:12, 13.

22. Mɔnukpɔkpɔ kae ʋu ɖi na mí egbea le esi Yesu wɔ nuteƒe na Fofoa ta?

22 Esi Yesu wɔ nuteƒe na Fofoa ta la, mɔnukpɔkpɔ su mía si egbea be míanɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi, abe ale si tututu Yehowa ɖo tamee ene. Le ta si kplɔ esia ɖo me la, míadzro ale si Yesu ƒe kua ana míanɔ agbe tegbee la me.

^ mm. 11 Woyɔa Yehowa be Fofo, elabe eyae nye Wɔla la. (Yesaya 64:8) Woyɔ Yesu be Mawu ƒe Vi, elabe Yehowae wɔe. Woyɔ mawudɔlawo kple ame Adam siaa be Mawu ƒe viwo.—Hiob 1:6; Luka 3:38.