Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA ATƆ̃LIA

Tafe La—Mawu Ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake

Tafe La—Mawu Ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake

1, 2. (a) Nu kae ana nàbu nunana aɖe be ele vevie? (b) Nu ka ta tafe lae nye nunana gãtɔ kekeake si Mawu na mí?

NU KAE nye nu nyuitɔ kekeake si ame aɖe na wò kpɔ? Mehiã be nunanaa naxɔ asi hafi wòanye nunana nyui o. Ne nunanaa do dzidzɔ na wò alo kpɔ wò hiahiã vevi aɖe gbɔ la, àkpɔ ŋudzedze gã aɖe ɖe eŋu.

2 Le nu siwo katã Yehowa na mí dome la, wo dometɔ ɖeka aɖe li si míehiã wu ɖe sia ɖe. Eyae nye nunana gãtɔ kekeake si Mawu na amegbetɔwo. Le ta sia me la, míava kpɔe be Yehowa dɔ Via Yesu Kristo ɖa ale be míate ŋu anɔ agbe tegbee. (Xlẽ Mateo 20:28.) Yehowa ɖee fia be yelɔ̃ mí vevie esi wòdɔ Yesu wòva xe tafe ɖe mía ta.

NU KAE NYE TAFE LA?

3. Nu ka tae amegbetɔwo kuna?

3 Tafe alo fexexeɖeta lae nye ɖoɖo si Yehowa wɔ be yeaɖe amegbetɔwo tso nu vɔ̃ kple ku si me. (Efesotɔwo 1:7) Be míase nu si tae tafea le vevie ɖo gɔme la, ele be míanya nu tso nane si dzɔ le Eden-bɔa me ƒe akpe geɖewoe nye esia la ŋu. Mía dzila gbãtɔ Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃. Esi wowɔ nu vɔ̃ ta la, woku. Míawo hã míekuna, elabe míenyi nu vɔ̃ dome tso Adam kple Xawa gbɔ.—Kpɔ Dzesidenya 9.

4. Ame kae nye Adam, eye nu kae nɔ esi?

4 Esi Yehowa wɔ ŋutsu gbãtɔ Adam la, Yehowa na nu xɔasi aɖee. Ena amegbetɔ ƒe agbe deblibo Adam. Adam de blibo le ŋutilã kple susu me. Eya ta madze dɔ, atsi aku amegã alo aku gbeɖe o. Esi wònye be Yehowae wɔ Adam ta la, Yehowa le abe fofo ene nɛ. (Luka 3:38) Yehowa ɖoa dze kple Adam edziedzi. Yehowa gblɔ nu si tututu wòdi tso Adam si be wòawɔ la nɛ eye wòde dɔ dodzidzɔname aɖe esi be wòawɔ.—1 Mose 1:28-30; 2:16, 17.

5. Nya si Biblia gblɔ be “Mawu ƒe nɔnɔme” nue wòwɔ Adam ɖo la gɔme ɖe?

5 Wowɔ Adam ɖe “Mawu ƒe nɔnɔme” nu. (1 Mose 1:27) Yehowa de nɔnɔme siwo le abe eya ŋutɔ tɔwo ene la eme. Nɔnɔme siawo dometɔ aɖewoe nye lɔlɔ̃, nunya, dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ. Ena tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe Adam. Menye mɔ̃e Adam nye o. Mawu wɔ Adam hena ŋutetee be wòate ŋu atiae be yeawɔ nyui alo vɔ̃. Ne ɖe Adam tiae be yeaɖo to Mawu la, anye ne enɔ agbe tegbee le Paradiso me.

6. Nu kawoe Adam bu esi wògbe toɖoɖo Mawu? Aleke esia gblẽ nu le mía ŋui?

6 Esi Adam meɖo to Mawu o eye Mawu tso kufia nɛ la, ebu nu xɔasi aɖewo ŋutɔ. Ebu xɔlɔ̃wɔwɔ tɔxɛ si nɔ eya kple Yehowa dome kple eƒe agbe debliboa kpakple eƒe Paradisoƒea hã. (1 Mose 3:17-19) Esi wònye be ɖe Adam kple Xawa tiae be yewomaɖo to Mawu o ta la, mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na wo o. Le nu si Adam wɔ ta la, “nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti.” (Romatɔwo 5:12) Esi Adam wɔ nu vɔ̃ la, ‘edzra’ eya ŋutɔ kple míawo siaa míezu nu vɔ̃ kple ku ƒe kluviwo. (Romatɔwo 7:14) Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li na mía? Ɛ̃, ɖe li.

7, 8. Nu kae nye tafe la?

7 Nu kae nye tafe la? Gɔmesese eve koŋue le nya tafe alo fexexeɖeta ŋu. Gbã la, tafe nye fe si woxena ɖe ame ta be woaɖe asi le eŋu alo ɖe nane ta be woagbugbɔe axɔ. Evelia, enye fe si woxena ɖe nane ƒe home nu.

8 Amegbetɔ aɖeke mate ŋu axe nu si gbegbe dome Adam gblẽ esi wòwɔ nu vɔ̃ eye wòhe ku vae na mí katã la ƒe fe gbeɖe o. Gake Yehowa wɔ ɖoɖo be yeaɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me. Na míadzro tafe si ƒe ɖoɖo Yehowa wɔ kple vi siwo wòate ŋu aɖe na wò la me kpɔ.

ALE SI YEHOWA NA TAFE LAE

9. Aleke woate ŋu axe tafe lae?

9 Mía dometɔ aɖeke mate ŋu axe tafe ɖe agbe deblibo si Adam bu la ta gbeɖe o. Nu ka tae? Elabena mí katã míede blibo o. (Psalmo 49:7, 8) Ele be tafe si woaxe nanye amegbetɔ ƒe agbe deblibo bubu. Esia tae woyɔe be “tafe si sɔ ɖe enu” ɖo. (1 Timoteo 2:6) Ele be tafea ƒe asixɔxɔ nasɔ kple agbe si Adam bu la tɔ pɛpɛpɛ.

10. Aleke Yehowa na tafe lae?

10 Aleke Yehowa na tafe lae? Yehowa dɔ Via vevitɔ ɖe anyigba dzi. Via sia si ŋkɔe nye Yesu ye nye eƒe nuwɔwɔ gbãtɔ. (1 Yohanes 4:9, 10) Yesu lɔ̃ faa gblẽ Fofoa kple dziƒo si nye enɔƒe la ɖi. (Filipitɔwo 2:7) Yehowa trɔ Yesu ƒe agbe tso dziƒo va anyigba dzi ale be wodzii wònye ame deblibo eye nu vɔ̃ aɖeke menɔ eŋu o.—Luka 1:35.

Yehowa tsɔ Via si xɔ asi nɛ ŋutɔ la na tafe ɖe mía ta

11. Aleke ame ɖeka ate ŋu axe tafe ɖe amewo katã tae?

11 Esi amegbetɔ gbãtɔ Adam da Yehowa ƒe se dzi la, ebu agbe deblibo na amegbetɔwo katã. Ðe amegbetɔ bubu aɖe ate ŋu aɖe Adam ƒe dzidzimeviwo katã tso ku si mea? Ɛ̃. (Xlẽ Romatɔwo 5:19.) Yesu, ame si mewɔ nu vɔ̃ kpɔ o la, tsɔ eƒe agbe deblibo na wònye tafe. (1 Korintotɔwo 15:45) Woate ŋu ato eƒe agbe debliboa dzi aɖe Adam ƒe dzidzimeviwo katã tso ku me.—1 Korintotɔwo 15:21, 22.

12. Nu ka tae wòhiã be Yesu nakpe fu nenema gbegbe?

12 Biblia ƒo nu tso fu siwo gbegbe Yesu kpe hafi ku la ŋu. Woƒoe vevie kple atam, woklãe ɖe fuwɔameti ŋu ŋutasesẽtɔe, wòse veve helĩhelĩ ʋuu heku. (Yohanes 19:1, 16-18, 30) Nu ka tae wòhiã be Yesu nakpe fu nenema gbegbe? Elabena Satana gblɔ be amegbetɔ aɖeke mate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu ne eto nɔnɔme dziŋɔwo me o. Yesu ɖee fia be ame deblibo ate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu le nɔnɔme sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã me. Bu ale si gbegbe Yehowa anya kpɔ dzidzɔ ɖe Yesu ŋui la ŋu kpɔ!—Lododowo 27:11; kpɔ Dzesidenya 15.

13. Aleke woxe tafe lae?

13 Aleke woxe tafe lae? Yesu tsɔ eƒe agbe ƒe asixɔxɔ yi na Fofoa. Le ƒe 33 ƒe Nisan 14 dzi, le Yudatɔwo ƒe ƒegbalẽ nu la, Yehowa ɖe mɔ Yesu ƒe futɔwo wu Yesu. (Hebritɔwo 10:10) Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Yehowa fɔ Yesu ɖe tsitre wòzu gbɔgbɔmenuwɔwɔ, meganye amegbetɔ o. Emegbe esi Yesu trɔ yi Fofoa gbɔ le dziƒo la, etsɔ eƒe amegbetɔ deblibo ƒe agbe ƒe asixɔxɔ na Yehowa wònye tafe. (Hebritɔwo 9:24) Esi woxe tafea alea la, mɔnukpɔkpɔ su mía si be woaɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me azɔ.—Xlẽ Romatɔwo 3:23, 24.

VI SIWO TAFEA AÐE NA WÒ

14, 15. Nu kae wòle be míawɔ be woatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí?

14 Mawu ƒe nunana gãtɔ la le vi ɖem na mí xoxo. Na míadzro ale si wòle vi ɖem na mí fifia kple ale si wòaɖe vi na mí le etsɔme la me.

15 Mawu tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí. Mele bɔbɔe be míawɔ nu nyui ɣeawokatãɣi o. Míedaa vo eye ɣeaɖewoɣi la, míegblɔa nya alo wɔa nu siwo mesɔ o. (Kolosetɔwo 1:13, 14) Aleke míawɔ akpɔ tsɔtsɔke? Ele be míase veve ɖe nu gbegblẽ si míewɔ la ta, eye míabia Yehowa ɖokuibɔbɔtɔe be wòatsɔe ake mí. Ekema míate ŋu aka ɖe edzi be wotsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí.—1 Yohanes 1:8, 9.

16. Nu kae míawɔ be dzitsinya nyui nanɔ mía si?

16 Dzitsinya nyui sua mía si. Ne míaƒe dzitsinya bu fɔ mí be míewɔ nu gbegblẽ la, míesena le mía ɖokui me be míedze agɔ, mɔkpɔkpɔ bu ɖe mí eye viɖe mele mía ŋu o. Gake mele be míana ta o. Ne míeɖe kuku na Yehowa bia tsɔtsɔke la, míate ŋu aka ɖe edzi be aɖo to mí ahatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. (Hebritɔwo 9:13, 14) Yehowa di be míagblɔ míaƒe kuxiwo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo na ye. (Hebritɔwo 4:14-16) Esia ana be míanɔ ŋutifafa me kple Mawu.

17. Yayra kawoe ate ŋu asu mía si esi Yesu va ku ɖe mía ta la ta?

17 Agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le mía si. “Nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe amenuvevenunanae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu mía Aƒetɔ la dzi.” (Romatɔwo 6:23) Esi Yesu va ku ɖe mía ta ta la, míate ŋu anɔ agbe tegbee ahanɔ lãmesẽ deblibo me. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Gake aleke míawɔ yayra mawo nasu mía si?

ÐE NÀÐEE AFIA BE YEKPƆ ŊUDZEDZE ÐE TAFEA ŊUA?

18. Aleke míewɔ nya be Yehowa lɔ̃ mí?

18 Kpɔ ale si dzi dzɔa wòe ne ame aɖe na nu nyui aɖe wò la ɖa. Tafe lae nye nunana nyuitɔ kekeake, eye ele be míada akpe na Yehowa vevie ɖe eta. Yohanes 3:16 gblɔ na mí be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na.” Ɛ̃, Yehowa lɔ̃ mí ale gbegbe be wòtsɔ Via, Yesu, si xɔ asi nɛ ŋutɔ la na ɖe mía ta. Míenya be Yesu hã lɔ̃ mí, elabe elɔ̃ faa ku ɖe mía ta. (Yohanes 15:13) Ele be tafe si wona ɖe mía ta la nana nàka ɖe edzi be Yehowa kple Yesu lɔ̃ wò vevie.—Galatiatɔwo 2:20.

Ne míeyi edzi le nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu la, míazu exɔlɔ̃wo eye míalɔ̃e vevie

19, 20. (a) Aleke nàwɔ anye Yehowa xɔlɔ̃? (b) Aleke nàwɔ aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ƒe tafevɔsaa ŋu?

19 Esi nèva srɔ̃ nu tso lɔlɔ̃ gã si le Yehowa si na mí ŋu la, aleke nàwɔ anye exɔlɔ̃? Mele bɔbɔe be nàlɔ̃ ame si mènya o. Yohanes 17:3 gblɔ be míate ŋu anya Yehowa. Ne èle esia wɔm la, àva lɔ̃e vevie, àdi be yeawɔ nu wòadze eŋu, eye miava zu xɔlɔ̃wo. Eya ta yi edzi nànɔ Biblia srɔ̃m be nànɔ nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu.—1 Yohanes 5:3.

20 Kpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ƒe tafevɔsaa ŋu. Biblia gblɔ be, “ame si xɔa Vi la dzi sena la, agbe mavɔ le esi.” (Yohanes 3:36) Nu kae wòfia be woaxɔ Yesu dzi ase? Efia be míawɔ nu siwo Yesu fia mí. (Yohanes 13:15) Menye gbɔgblɔ ko be ‘mexɔ Yesu dzi se’ ye nye nyaa o. Ne míexɔ tafea dzi se la, ehiã be míawɔ nane tso míaƒe xɔse ŋu. Elabe Yakobo 2:26 gblɔ be: “Xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui hã nye nu kuku.”

21, 22. (a) Nu ka ta wòle be míade Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe? (b) Nu ka mee míadzro le Ta 6 kple 7 lia me?

21 De Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. Le fiẽ si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, Yesu fia mí be míanɔ ŋku ɖom yeƒe kua dzi. Míewɔa esia ƒe sia ƒe, eye míeyɔnɛ be Ŋkuɖodzia alo “Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu.” (1 Korintotɔwo 11:20; Mateo 26:26-28) Edi be míanɔ ŋku ɖom edzi be yetsɔ yeƒe agbe deblibo xe tafe ɖe mía ta. Egblɔ be: “Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Xlẽ Luka 22:19.) Ne èdea Ŋkuɖodzia la, àɖee afia be yeɖoa ŋku tafea kple lɔlɔ̃ gã si le Yehowa kple Yesu siaa si na mí la dzi.—Kpɔ Dzesidenya 16.

22 Tafe lae nye nunana gãtɔ kekeake si su mía si. (2 Korintotɔwo 9:14, 15) Nunana xɔasi sia aɖe vi na ame miliɔn gbogbo siwo ku la gɔ̃ hã. Míadzro ale si esia ava emee me le Ta 6 kple 7 lia me.