Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA ADRELIA

Tsitretsitsi Li!

Tsitretsitsi Li!

1-3. Nu ka ƒe kluviwoe mí katã míenye, eye aleke Yehowa aɖe mí tso esi me?

TSƆE BE wodrɔ̃ ʋɔnu wò be nànɔ ga me le wò agbe me katã ɖe nu vɔ̃ aɖe si mèwɔ o ta. Mɔkpɔkpɔ aɖeke meli be woava ɖe asi le ŋuwò gbe ɖeka o. Mɔkpɔkpɔ bu ɖe wò, eye naneke hã meli nàte ŋu awɔ tso eŋu o. Gake esime mɔkpɔkpɔ bu ɖe wò keŋkeŋ la, èva nyae be ŋusẽ le ame aɖe si wòaxɔ na wò, eye edo ŋugbe hã be yeaxɔ na wò! Aleke nàse le ɖokuiwò me?

2 Mí katã míenye ku ƒe kluviwo. Agbagba ka kee míeɖadze o, mímate ŋu asi le enu o. Gake ŋusẽ le Yehowa si be wòaɖe mí tso ku si me. Edo ŋugbe be: “Futɔ mamlɛtɔ si woaɖe ɖa lae nye ku.”—1 Korintotɔwo 15:26.

3 Kpɔ gbɔdzɔe si gbegbe nàkpɔ ɖa ne magava hiã be nànɔ vɔvɔ̃m be yeaku o la ɖa! Gake menye ku koe Yehowa aɖe ɖa o. Afɔ ame siwo ku hã ɖe tsitre. Bu dɔ si gbegbe esia awɔ ɖe dziwò la ŋu kpɔ. Edo ŋugbe be “ame siwo ŋu wɔna vɔ le le ku me” agava nɔ agbe ake. (Yesaya 26:19) Esiae Biblia yɔ be tsitretsitsi.

NE MÍAƑE AME VEVI AÐE KU

4. (a) Nu kae ate ŋu afa akɔ na mí ne míaƒe ƒometɔ alo xɔlɔ̃ vevi aɖe ku? (b) Ame kawoe nye Yesu xɔlɔ̃ veviwo dometɔ aɖewo?

4 Ne míaƒe ƒometɔ alo xɔlɔ̃ vevi aɖe ku la, míesea veve hexaa nu vevie. Wɔna vɔna le mía ŋu. Naneke meli míawɔ be amea nagbɔ agbe o. Gake akɔfanya vavã aɖe le Biblia me na mí. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 1:3, 4.) Na míakpɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be Yehowa kple Yesu di vevie be yewoafɔ míaƒe ame vevi siwo ku ɖe tsitre la ɖa. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eyia Lazaro kple nɔvia nyɔnu siwo nye Marta kple Maria gbɔ edziedzi. Ame etɔ̃ siawo katã nye Yesu xɔlɔ̃ veviwo. Biblia gblɔ be “Yesu lɔ̃a Marta kple nɔvianyɔnua kpakple Lazaro.” Gake gbe ɖeka la, Lazaro ku.—Yohanes 11:3-5.

5, 6. (a) Nu kae Yesu wɔ esi wòkpɔ Lazaro ƒometɔwo kple exɔlɔ̃wo le konyi fam? (b) Nu ka tae ale si Yesu sena le eɖokui me ne ame ku la faa akɔ na ame ŋutɔ?

5 Yesu yi be yeaɖafa akɔ na Marta kple Maria. Esi Marta see be Yesu gbɔna la, edo go le dua me yi ɖakpee. Dzi dzɔe ŋutɔ esi wòkpɔ Yesu, gake egblɔ na Yesu be: “Ne ɖe nèle afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.” Marta susui be Yesu tsi megbe akpa. Le ema megbe la, Yesu kpɔ Marta nɔvi nyɔnu Maria wòle avi fam. Esi Yesu kpɔ ale si wòlé blanui la, ete ɖe edzi vevie eye wòfa avi. (Yohanes 11:21, 33, 35) Ese veve si gbegbe wònyena ne míaƒe ame vevi aɖe ku.

6 Enyanya be Yesu hã sea veve vevie abe míawo ke ene ne ame ku la faa akɔ na mí ŋutɔ. Yesu le ko abe Fofoa ene. (Yohanes 14:9) Ŋusẽ le Yehowa si be wòaɖe ku ɖa tegbee, eye nu ma tututue wòawɔ kpuie.

“LAZARO LEE, DO GO!”

7, 8. Nu ka tae Marta medi be woaɖe kpe si le Lazaro ƒe yɔdoa nu ɖa o, gake nu kae Yesu wɔ?

7 Esi Yesu va ɖo agado si me wotsɔ Lazaro ƒe kukua mlɔ gbɔ la, kpe gã aɖe le enu. Yesu gblɔ be: “Miɖe kpe la ɖa.” Marta medi be woaɖee ɖa o, elabe Lazaro ƒe kukua nɔ yɔdo me ŋkeke enee nye ema. (Yohanes 11:39) Menya nu si Yesu le wɔwɔ ge atsɔ akpe ɖe nɔvia ŋutsua ŋu o.

Kpɔ dzidzɔ si gbegbe Lazaro ƒe ƒometɔwo kple exɔlɔ̃wo kpɔ esi wofɔe ɖe tsitre la ɖa le susu me.—Yohanes 11:38-44

8 Yesu gblɔ na Lazaro be: “Do go!” Nu si Yesu wɔ Marta kple Maria kpɔ la na woƒe nu ku. “Ame si ku la do go, eye ameɖivɔ siwo wotsɔ bla asi kple afɔ nɛ gakpɔtɔ le eŋu.” (Yohanes 11:43, 44) Wofɔ Lazaro ɖe tsitre! Egawɔ ɖeka kple eƒe ƒometɔwo kple exɔlɔ̃wo. Wote ŋu ka asi eŋu, lée heƒo nu kplii. Nukunu gã kae nye esi! Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre.

“NYƆNUVI, MELE EGBLƆM NA WÒ BE, ‘TSI TSITRE!’”

9, 10. (a) Ame kae na ŋusẽ Yesu wòfɔ ame kukuwo ɖe tsitre? (b) Nu ka tae tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa ɖea vi na mí?

9 Yesu ŋutɔ ƒe ŋusẽe wòzã tsɔ fɔ amewo ɖe tsitrea? Ao. Hafi Yesu nafɔ Lazaro ɖe tsitre la, edo gbe ɖa na Yehowa eye Yehowa na ŋusẽe wòfɔ Lazaro ɖe tsitre. (Xlẽ Yohanes 11:41, 42.) Menye Lazaro ɖeka koe wofɔ ɖe tsitre o. Woƒo nu tso nyɔnuvi ƒe-wuieve-vi aɖe si dze dɔ vevie la hã ŋu le Biblia me. Nyɔnuvia fofo Yairo lé blanui vevie eye wòɖe kuku na Yesu be wòada dɔ nɛ. Nyɔnuvi sia koe nye vi le esi. Esi Yairo nɔ nu ƒom kple Yesu la, ŋutsu aɖewo va gblɔ nɛ be: “Viwònyɔnuvi la ku! Nu ka ƒe fue nàgaɖe na Nufiala la?” Gake Yesu gblɔ na Yairo be: “Mègavɔ̃ o, xɔe se ko, eye woaɖee.” Eye wòkplɔ Yairo ɖo woyina aƒea me. Esi wogogo aƒea la, Yesu kpɔ amewo wonɔ nu xam eye wòse woƒe avifafawo. Yesu gblɔ na wo be: “Midzudzɔ avifafa, elabena meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle.” Yesu ƒe nyawo anya wɔ moya na ɖevia dzilawo. Yesu bia tso amewo katã si be woado go eye wòkplɔ ɖevia fofo kple dadaa woyi xɔ si me wotsɔ ɖevia mlɔ la me. Yesu lé ɖevia ƒe asi blewuu hegblɔ nɛ be: “Nyɔnuvi, mele egblɔm na wò be, ‘Tsi tsitre!’” Kpɔ ale si gbegbe dzi dzɔ ɖevia dzilawo ɖa esi ɖevia tso enumake hete zɔzɔ! Yesu fɔ wo via ɖe tsitre. (Marko 5:22-24, 35-42; Luka 8:49-56) Tso gbe ma gbe la, ne wokpɔ wo vinyɔnuvia la, woaɖo ŋku nu si Yehowa wɔ na wo to Yesu dzi la dzi. *

10 Ame siwo Yesu fɔ ɖe tsitre la gava ku emegbe. Gake nu siwo míexlẽ tso ame siawo ŋu ɖea vi geɖe na mí elabena enaa mɔkpɔkpɔ vavã mí. Yehowa di be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitre, eye awɔe hã.

NU SIWO MÍESRƆ̃ TSO TSITRETSITSI ŊUTI NUŊLƆÐIAWO ME

Apostolo Petro fɔ nyɔnu Kristotɔ si ŋkɔe nye Dorkas ɖe tsitre.—Dɔwɔwɔwo 9:36-42

Eliya fɔ ahosi aɖe ƒe vi ɖe tsitre.—1 Fiawo 17:17-24

11. Nu kae Nyagblɔla 9:5 fia mí tso Lazaro ŋu?

11 Biblia gblɔ kɔtɛe be “kukuawo meganya naneke kura o.” Nenemae wònɔ le Lazaro hã gome. (Nyagblɔla 9:5) Abe ale si Yesu gblɔe ene la, ɖeko wònɔ abe ɖe Lazaro nɔ alɔ̃ dɔm ene. (Yohanes 11:11) Esime Lazaro nɔ yɔdo me la, “meganya naneke kura o.”

12. Aleke míewɔ nya be wofɔ Lazaro ɖe tsitre ŋutɔŋutɔ?

12 Ame geɖewo kpɔ eteƒe esi Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre. Yesu ƒe futɔwo gɔ̃ hã nya be ewɔ nukunu sia. Wokpɔ Lazaro le agbe, eye esia ɖo kpe edzi be wofɔe ɖe tsitre ŋutɔŋutɔ. (Yohanes 11:47) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame geɖewo yi ɖakpɔ Lazaro ɖa, eye esia wɔe be wote edzixɔxɔ se be Mawue dɔ Yesu ɖa. Esia medzɔ dzi na Yesu ƒe futɔwo o, eya ta woɖoe be yewoawu Yesu kple Lazaro siaa.—Yohanes 11:53; 12:9-11.

13. Nu ka tae míeka ɖe edzi be Yehowa afɔ ame kukuwo ɖe tsitre?

13 Yesu gblɔ be woafɔ “ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me” la ɖe tsitre. (Yohanes 5:28) Esia fia be ame siwo katã dzi Yehowa ɖo ŋkui la agbɔ agbe. Gake hafi Yehowa nafɔ ame aɖe ɖe tsitre la, ele be wòaɖo ŋku nu sia nu si ku ɖe amea ŋu dzi. Ðe wòate ŋu awɔ esia? Bu eŋu kpɔ ko, ɣletivi miliɔn akpe geɖewoe le xexe gbahoo sia me. Biblia gblɔ be Yehowa nya ɣletivi ɖe sia ɖe ŋkɔ. (Xlẽ Yesaya 40:26.) Ne ate ŋu aɖo ŋku ɣletivi ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ dzi la, ke míate ŋu aka ɖe edzi be ate ŋu aɖo ŋku nu sia nu si ku ɖe ame siwo wòdi be yeagbɔ agbee ŋu la dzi. Vevietɔ wu la, Yehowae wɔ nu sia nu, eya ta míenyae be ŋusẽ le esi be wòagbɔ agbe ame kukuwo.

14, 15. Nu kae Hiob ƒe nyawo fia mí tso tsitretsitsia ŋu?

14 Ŋutsu wɔnuteƒe Hiob xɔ tsitretsitsia dzi se. Ebia be: “Ne ame ku la, ɖe wòagagbɔ agbea?” Eye wògblɔ na Yehowa be: “Àyɔm, eye matɔ na wò. Wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu le dzrowòm vevie.” Ɛ̃, Hiob nyae be Yehowa le ɣeyiɣi si me wòafɔ ame kukuwo ɖe tsitre la lalam vevie.—Hiob 14:13-15.

15 Aleke nèse le ɖokuiwò me ku ɖe tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu? Ðewohĩ àbia be, ‘Ke nye ƒometɔ kple xɔ̃nye siwo ku ɖe, ɖe woafɔ woawo hã ɖe tsitrea?’ Efaa akɔ na mí be míanyae be Yehowa di vevie be yeagbɔ agbe kukuawo. Na míakpɔ nya si Biblia gblɔ tso ame siwo woafɔ ɖe tsitre kple afi siwo woanɔ ŋu la ɖa.

WOASE “EƑE GBE, EYE WOADO GO”

16. Aleke agbenɔnɔ anɔ na ame siwo woafɔ ɖe tsitre woava nɔ agbe le anyigba dzi?

16 Ame siwo wofɔ ɖe tsitre le blema la gawɔ ɖeka kple woƒe ƒometɔwo le anyigba dzi afi sia. Esia agadzɔ ake le etsɔme, gake esia ya anyo sãsãsã wu. Nu ka tae? Elabe mɔnukpɔkpɔ asu ame siwo woafɔ ɖe tsitre woava nɔ anyigba dzi la si be woanɔ agbe tegbee eye womagaku akpɔ gbeɖe o. Woanɔ xexe aɖe si to vovo sãsãsã na esi me míele egbea la me. Aʋawɔwɔ, nu vlo wɔwɔ kple dɔléle maganɔ anyi o.

17. Ame kawoe woafɔ ɖe tsitre?

17 Ame kawoe woafɔ ɖe tsitre? Yesu gblɔ be “ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase eƒe gbe, eye woado go.” (Yohanes 5:28, 29) Eye Nyaɖeɖefia 20:13 hã gblɔ be: “Atsiaƒu ɖe ame kuku siwo le eme la na, eye ku kple Tsiẽƒe ɖe ame kuku siwo le wo me la na.” Ɛ̃, ame miliɔn akpe geɖewo agava nɔ agbe ake. Apostolo Paulo hã gblɔ be woafɔ “ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa” ɖe tsitre. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 24:15.) Nya mawo gɔme ɖe?

Le Paradisoa me la, woafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre woagawɔ ɖeka kple woƒe ame veviwo ake

18. Ame kawoe nye ‘ame dzɔdzɔe’ siwo woafɔ ɖe tsitre?

18 ‘Ame dzɔdzɔeawo’ dometɔ aɖewoe nye Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigbadzivava. Ame siwo woafɔ ɖe tsitre woanɔ agbe le anyigba sia dzi la dometɔ aɖewoe nye Noa, Abraham, Sara, Mose, Rut kple Esta. Àte ŋu axlẽ nu tso ŋutsu kple nyɔnu siawo dometɔ aɖewo ŋu le Hebritɔwo ta 11 lia me. Ke Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo ku le míaƒe ŋkekea me ya ɖe? Woawo hã wonye “ame dzɔdzɔewo,” eya ta woafɔ woawo hã ɖe tsitre.

19. Ame kawoe nye “ame madzɔmadzɔwo”? Mɔnukpɔkpɔ kae Yehowa ana wo?

19 ‘Ame madzɔmadzɔawo’ dometɔ aɖewoe nye ame miliɔn akpe geɖe siwo si mɔnukpɔkpɔ mesu wonya Yehowa o. Togbɔ be woku hã la, Yehowa meŋlɔ wo be o. Afɔ wo ɖe tsitre, eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si woasrɔ̃ nu tso eŋu ahasubɔe.

20. Nu ka tae menye ame siwo katã ku lae woafɔ ɖe tsitre o?

20 Ðe esia fia be woafɔ ame siwo katã ku la ɖe tsitrea? Ao. Yesu gblɔ be womafɔ ame aɖewo ya ɖe tsitre o. (Luka 12:5) Ame kae atso nya me le ame siwo woafɔ ɖe tsitre kple esiwo womafɔ ɖe tsitre o la ŋu? Yehowae nye Ʋɔnudrɔ̃la Gãtɔ, gake ena ŋusẽ Yesu be “wòanye agbagbeawo kple kukuawo siaa ƒe ʋɔnudrɔ̃la.” (Dɔwɔwɔwo 10:42) Eya ta womafɔ ame siwo katã wodrɔ̃ ʋɔnui be wonye ame vɔ̃ɖi siwo gbe dzimetɔtrɔ la ɖe tsitre o.—Kpɔ Dzesidenya 19.

TSITRETSITSI YI DZIƑO

21, 22. (a) Nu kae wòfia be woafɔ ame hena dziƒoyiyi? (b) Ame kae nye ame gbãtɔ si wofɔ ɖe tsitre hena agbenɔnɔ le dziƒo?

21 Biblia gagblɔ na mí hã be ame aɖewo anɔ agbe le dziƒo. Ne wofɔ ame aɖe be wòayi dziƒo la, menye amegbetɔ ƒe ŋutilãe nɔa eŋu hafi wofɔnɛ o. Wofɔnɛ wòzua gbɔgbɔ be wòayi aɖanɔ agbe le dziƒo.

22 Yesue nye amegbetɔ gbãtɔ si wofɔ ɖe tsitre alea. (Yohanes 3:13) Esi Yesu ku ŋkeke etɔ̃ megbe la, Yehowa fɔe ɖe tsitre. (Psalmo 16:10; Dɔwɔwɔwo 13:34, 35) Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre la, menye amegbetɔ ƒe ŋutilãe nɔ eŋu o. Apostolo Petro gblɔ tso Yesu ŋu be “wowui le ŋutilã me, ke wogbɔ agbee le gbɔgbɔ me.” (1 Petro 3:18) Wogbɔ agbe Yesu wòzu gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu aɖe! (1 Korintotɔwo 15:3-6) Gake Biblia gblɔ be menye eya ɖeka koe woafɔ alea o.

23, 24. Ame kawoe nye “alẽha sue” si ŋu Yesu ƒo nu tsoe, eye ame nenie wonye?

23 Esi wòsusɔ vie Yesu ƒe kuɣi naɖo la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo be: “Meyina be madzra teƒe ɖo ɖi na mi.” (Yohanes 14:2) Esia fia be woafɔ eyomedzela aɖewo ɖe tsitre woayi aɖanɔ agbe le dziƒo. Ame nenie? Yesu gblɔ be woanye ame ʋɛ aɖewo ko, woanye “alẽha sue.” (Luka 12:32) Apostolo Yohanes yɔ ameawo ƒe xexlẽme bliboa esi wòkpɔ Yesu “le tsitre ɖe [dziƒo] Zion To la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blaene vɔ ene” le eŋu.—Nyaɖeɖefia 14:1.

24 Ɣekaɣie woafɔ Kristotɔ ame akpe alafa ɖeka blaene vɔ eneawo (144,000) ɖe tsitre? Biblia gblɔ na mí be esia ava eme ne Kristo dze dziɖuɖu gɔme le dziƒo vɔ megbe. (1 Korintotɔwo 15:23) Ɣeyiɣi ma mee míele fifia, eye wofɔ ame akpe alafa ɖeka blaene vɔ eneawo ƒe akpa gãtɔ xoxo woyi dziƒo. Ne wo dometɔ siwo kpɔtɔ le anyigba dzi ku la, wofɔa wo enumake woyia dziƒo. Gake woafɔ amegbetɔ akpa gãtɔ le etsɔme woanɔ Paradiso me le anyigba dzi afi sia.

25. Nu ka mee míadzro le ta si kplɔ esia ɖo me?

25 Eteƒe madidi o, Yehowa aɖe amegbetɔwo katã tso ku si me, eye ku nu ayi tegbee! (Xlẽ Yesaya 25:8.) Gake dɔ kawoe ame siwo ayi dziƒo la awɔ le afi ma? Biblia gblɔ be woaɖu fia kple Yesu le Fiaɖuƒedziɖuɖua me. Míasrɔ̃ nu geɖe tso dziɖuɖu ma ŋu le ta si kplɔ esia ɖo me.