Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA ASIEKE

Ðe Xexea Me Ƒe Nuwuwu Ðo Vɔa?

Ðe Xexea Me Ƒe Nuwuwu Ðo Vɔa?

1. Afi kae míate ŋu asrɔ̃ nu tso nu siwo adzɔ le etsɔme ŋu le?

ÐE NÈKPƆ nyadzɔdzɔwo le television dzi kpɔ, eye nèbia ɖokuiwò be, ‘Afi ka kurae xexe sia ɖo taea?’ Nya vɔ̃wo kple ŋutasẽnuwɔwɔwo va bɔ ale gbegbe be ame aɖewo xɔe se be xexea me ƒe nuwuwu anya ɖo vɔ. Nyateƒe yea? Ðe mɔ aɖe li si dzi míato anya nu siwo ava dzɔ le etsɔmea? Ɛ̃. Togbɔ be amegbetɔwo mate ŋu anya nu siwo adzɔ le etsɔme o hã la, Yehowa ate ŋui. Egblɔ ale si mí amegbetɔwo kple anyigba la siaa ƒe etsɔme ava nɔ la na mí le Biblia me.—Yesaya 46:10; Yakobo 4:14.

2, 3. Nu kae Yesu ƒe nusrɔ̃lawo di be yewoanya, eye aleke Yesu ɖo eŋu na woe?

2 Ne Biblia ƒo nu tso xexea me ƒe nuwuwu ŋu la, mefia anyigba la ƒe nuwuwu o, ke vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ƒe nuwuwu boŋue. Yesu fia amewo be Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖu anyigba la dzi. (Luka 4:43) Yesu ƒe nusrɔ̃lawo di be yewoanya ɣeyiɣi si me Mawu ƒe Fiaɖuƒea ava, eye wobiae be: “Ɣekaɣie nu siawo adzɔ, eye nu kae anye wò anyinɔɣi kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?” (Mateo 24:3) Yesu meyɔ ŋkeke si tututu dzi Fiaɖuƒea ava la na wo o, ke egblɔ nu siwo adzɔ do ŋgɔ teti na xexea ƒe nuwuwu la na wo. Nu siwo Yesu gblɔ be woadzɔ la le dzɔdzɔm fifia.

3 Le ta sia me la, míadzro nu siwo ɖo kpe edzi be míele ɣeyiɣi si ado ŋgɔ teti na xexea ƒe nuwuwu me la me. Gake gbã la, ahiã be míasrɔ̃ nu tso aʋa aɖe si dzɔ le dziƒo la ŋu bene míase nu si tae nuwo gblẽ le xexea me alea ɖo la gɔme.

AƲA AÐE SI DZƆ LE DZIƑO

4, 5. (a) Nu kae dzɔ le dziƒo esi Yesu zu Fia teti? (b) Le Nyaɖeɖefia 12:12 ƒe nya nu la, nu kae adzɔ le anyigba dzi ne wonya Satana le dziƒo?

4 Míesrɔ̃e le Ta 8 lia me be Yesu zu Fia le dziƒo le ƒe 1914 me. (Daniel 7:13, 14) Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔ nu si dzɔ la na mí be: “Aʋa dzɔ le dziƒo: Mikael [Yesu] kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa kple ʋɔ driba [Satana] la, eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa kpli wo.” * Woɖu Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi le aʋa ma me, eye wonya wo le dziƒo ɖo ɖe anyigba dzi. Kpɔ dzidzɔ si gbegbe mawudɔlawo kpɔ ɖa le susu me! Ke ame siwo le anyigba dzi ya ɖe? Biblia gblɔ be anye xaxaɣi na amegbetɔwo. Nu ka tae? Dzi le Abosam kum vevie, “elabena enyae be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na ye.”—Nyaɖeɖefia 12:7, 9, 12.

5 Abosam le kuxi geɖe hem va anyigba dzi ale si wòate ŋui. Dzi le ekum vevie, elabena ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ Mawu natsrɔ̃e ɖa. Na míadzro nu siwo Yesu gblɔ be woadzɔ le ŋkeke mamlɛawo me la me.—Kpɔ Dzesidenya 24.

ŊKEKE MAMLƐAWO

6, 7. Nya kae míagblɔ tso aʋawɔwɔ kple dɔwuame ŋu?

6 Aʋawɔwɔ. Yesu gblɔ be: “Dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu.” (Mateo 24:7) Wowu ame geɖe le aʋa me le míaƒe ɣeyiɣia me wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu Habɔbɔ ka nya ta be tso ƒe 1914 me la, wowu ame miliɔn 100 kple edzivɔwo le aʋawɔwɔ me. Ame siwo wowu le ƒe 100 pɛ ko me tso ƒe 1,900 va se ɖe ƒe 2000 me la sɔ gbɔ wu ame siwo wowu le ƒe 1,900 siwo do ŋgɔ me zigbɔzi etɔ̃ sɔŋ. Bu fukpekpe kple vevesese si gbegbe me ame miliɔn geɖe to le aʋawɔwɔ siawo me la ŋu kpɔ!

7 Dɔwuame. Yesu gblɔ be: “Nuɖuɖu ave.” (Mateo 24:7) Togbɔ be nuɖuɖu bɔ egbea wu tsã hã la, ame geɖe meɖua nu wòsua wo o. Nu ka tãe? Elabena ga mele wo si woaƒle nuɖuɖu alo aƒle anyigba ade agble ɖe edzi o. Ga si mede dɔlar ɖeka o ko nue ame miliɔn akpe ɖeka kple edzivɔ nɔa agbe ɖo gbe sia gbe. Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ be ɖevi miliɔn geɖe kuna ƒe sia ƒe le esi womekpɔa nu ɖuna wòsua wo o koŋ ta.

8, 9. Nu kae ɖee fia be Yesu ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe anyigbaʋuʋu kple dɔlélewo ŋu la le eme vam?

8 Anyigbaʋuʋu. Yesu gblɔe ɖi be: “Anyigba aʋuʋu ŋɔdzitɔe.” (Luka 21:11) Wokpɔ mɔ be anyigbaʋuʋu dziŋɔwo anɔ dzɔdzɔm ƒe sia ƒe. Tso ƒe 1900 me la, anyigbaʋuʋu wu ame miliɔn eve kple edzivɔwo. Togbɔ be mɔ̃ɖaŋununya wɔe be wotea ŋu kpɔnɛ doa ŋgɔ be anyigba aʋuʋu eye wonaa nyanya amewo tso eŋu egbea hã la, anyigbaʋuʋu gakpɔtɔ le ame geɖe wum.

9 Dɔléle. Yesu gblɔe ɖi be “dɔvɔ̃wo” ava. Dɔléle dziŋɔwo kakana kabakaba hewua ame geɖe. (Luka 21:11) Togbɔ be ɖɔkitawo nya ale si woada dɔ geɖewo hã la, dɔléle gbogbo aɖewo gakpɔtɔ li siwo womate ŋu ada o. Le nyateƒe me la, woka nya ta be dɔlélewo wua ame miliɔn geɖe ƒe sia ƒe. Dɔléle siawo dometɔ aɖewoe nye yɔmekpe, asrã (atikesi) kple kolera. Gakpe ɖe eŋu la, ɖɔkitawo gava ke ɖe dɔléle yeye 30 aɖewo ŋu, eye womekpɔ atike na wo dometɔ aɖewo o.

ALE SI AMEWO ƑE NƆNƆME ANƆ LE ŊKEKE MAMLƐAWO ME

10. Aleke 2 Timoteo 3:1-5 le eme vam egbea?

10 Biblia gblɔ le 2 Timoteo 3:1-5 be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava.” Apostolo Paulo ƒo nu tso ale si ame akpa gãtɔ ƒe nɔnɔme anɔ le ŋkeke mamlɛawo me ŋu. Egblɔ be amewo anye

  • ɖokuitɔdilawo

  • galɔ̃lawo

  • ame maɖoto dzilawo

  • ame mawɔnuteƒewo

  • ame siwo melɔ̃a woƒe ƒometɔwo o

  • ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o

  • ame wɔadãwo

  • ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ wu esi woalɔ̃ Mawu

  • ame siwo wɔna abe ɖe wolɔ̃ Mawu ene gake wogbea toɖoɖoe

11. Le Psalmo 92:7 ƒe nya nu la, nu kae adzɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi?

11 Ðe ame geɖe wɔa nu alea le mia gbɔa? Ame geɖe wɔa nu alea le xexea me godoo. Gake eteƒe madidi o, Mawu awɔ nane tso nɔnɔmea ŋu. Edo ŋugbe be: “Ne ame vɔ̃ɖiwo mie abe gbe ene, eye nu vlo wɔlawo katã le se ƒom hã la, tsɔtsrɔ̃ ge ko woala ɖikaa.”—Psalmo 92:7.

NYA NYUI LA LE ŊKEKE MAMLƐAWO ME

12, 13. Nu kawoe Yehowa fia mí le ŋkeke mamlɛ siawo me?

12 Biblia gblɔe ɖi be le ŋkeke mamlɛawo me la, fukpekpe kple vevesese axɔ aƒe ɖe xexea me. Gake Biblia gagblɔ hã be nu nyui aɖewo hã anɔ dzɔdzɔm.

“Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi.”—Mateo 24:14

13 Biblia gɔme sese. Nyagblɔɖila Daniel ŋlɔ nu tso ŋkeke mamlɛawo ŋu. Egblɔ be: “Sidzedze vavãtɔ adzi ɖe edzi.” (Daniel 12:4) Mawu ana ŋutete eƒe amewo woase Biblia gɔme nyuie wu tsã. Yehowa wɔ esia vevietɔ tso ƒe 1914 me. Le kpɔɖeŋu me, efia vevienyenye si le eƒe ŋkɔa ŋu, nyateƒe si ku ɖe tafea ŋu, nu si dzɔna ɖe ame dzi ne eku kpakple tsitretsitsia ŋu la mí. Míesrɔ̃e be Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe ate ŋu akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã gbɔ. Míesrɔ̃ ale si míawɔ akpɔ dzidzɔ kple ale si míanɔ agbe wòadze Mawu ŋu hã. Ke nu kae mawusubɔlawo wɔna kple nu si wosrɔ̃ la? Nyagblɔɖi bubu aɖe ɖo nya sia ŋu na mí.—Kpɔ Dzesidenya 21 kple 25.

14. Afi kawoe wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le, eye ame kawoe le dɔ sia wɔm?

14 Gbeƒãɖeɖe le xexe blibo la katã me. Esi Yesu nɔ nu ƒom tso ŋkeke mamlɛawo ŋu la, egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi.” (Mateo 24:3, 14) Wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le dukɔ siwo wu 230 me le gbegbɔgblɔ 700 kple edzivɔ me. Ɛ̃, le xexea me godoo la, Yehowa Ðasefo siwo tso “dukɔ sia dukɔ” kple “to sia to” me le kpekpem ɖe amewo ŋu be woanya nu si Fiaɖuƒea nye kple nu siwo wòava wɔ na amegbetɔƒomea. (Nyaɖeɖefia 7:9) Womexɔa ga le amewo si le esia ta o. Togbɔ be amewo léa fu wo dometɔ geɖe hetia wo yome hã la, naneke mate ŋu axe mɔ na gbeƒãɖeɖedɔa o abe ale si ko Yesu gblɔe ɖi ene.—Luka 21:17.

NU KAE NÀWƆ?

15. (a) Èxɔe se be ŋkeke mamlɛawo mee míelea, nu ka tae? (b) Nu kae adzɔ ɖe ame siwo ɖoa to Yehowa kple ame siwo meɖoa toe o la dzi?

15 Èxɔe se be ŋkeke mamlɛawo mee míelea? Biblia ƒe nyagblɔɖi geɖe siwo ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu le eme vam. Eteƒe madidi o, Yehowa atso nya me be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe nya nyuia eye “nuwuwu la” ava. (Mateo 24:14) Nu kae nye nuwuwu la? Eyae nye Armagedon, ɣemaɣie Mawu aɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖiwo katã ɖa. Yehowa azã Yesu kple mawudɔla sẽŋuwo atsɔ atsrɔ̃ ame siwo gbe toɖoɖo Eya amea kple Via. (2 Tesalonikatɔwo 1:6-9) Le ema megbe la, Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo magable amewo azɔ o. Eye ame siwo katã ɖo to Mawu hexɔ eƒe Fiaɖuƒea la akpɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo katã me vava teƒe.—Nyaɖeɖefia 20:1-3; 21:3-5.

16. Esi nuwuwua tu aƒe ŋutɔ ta la, nu kae wòhiã be nàwɔ?

16 Eteƒe madidi o xexe sia si dzi ɖum Satana le la atsrɔ̃. Eya ta ele vevie be míabia mía ɖokuiwo be, ‘Nu kae wòle be mawɔ?’ Yehowa di be nàsrɔ̃ nu geɖe si nàte ŋui le Biblia me. Ele be nàdo vevie nua sɔsrɔ̃. (Yohanes 17:3) Yehowa Ðasefowo wɔa kpekpewo kwasiɖa sia kwasiɖa be woakpe ɖe amewo ŋu woase Biblia gɔme. Dze agbagba nànɔ kpekpe siawo dem edziedzi. (Xlẽ Hebritɔwo 10:24, 25.) Ne èkpɔe be ehiã be yeatrɔ asi le yeƒe agbenɔnɔ aɖewo ŋu la, mègana esia wɔwɔ nasesẽ na wò o. Ne èyi edzi le esia wɔm la, wò kple Yehowa ƒe xɔlɔ̃dzedzea me anɔ sesẽm ɖe edzi.—Yakobo 4:8.

17. Nu ka tae ame akpa gãtɔ ƒe nu aku ne nuwuwua va?

17 Apostolo Paulo gblɔ be ame vɔ̃ɖiwo tsɔtsrɔ̃ adzɔ kpata le ɣeyiɣi si me ame akpa gãtɔ mele mɔ kpɔm nɛ o me “abe ale si tututu fiafitɔ vana le zã me ene.” (1 Tesalonikatɔwo 5:2) Yesu gblɔe ɖi be ame geɖe aɖoe koŋ ado toku kpeɖodzi siwo aɖee fia be míele ŋkeke mamlɛawo me. Egblɔ be: “Ale si Noa ƒe ŋkekeawo nɔ la, nenema kee Amegbetɔvi la ƒe anyinɔɣi la [alo ŋkeke mamlɛawo] hã anɔ. Elabena ale si wowɔ le ŋkeke siwo do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔ la me, wole nu ɖum, le nu nom, ŋutsuwo le srɔ̃ ɖem, eye wole nyɔnuwo tsɔm na be woaɖe va se ɖe gbe si gbe Noa ge ɖe aɖakaʋua me, eye womede dzesii o, va se ɖe esime Tsiɖɔɖɔa va, eye wòkplɔ wo katã dzoe la, nenema kee Amegbetɔvi la ƒe anyinɔɣi la hã anɔ.”—Mateo 24:37-39.

18. Aleke Yesu xlɔ̃ nu mí?

18 Yesu xlɔ̃ nu mí be míakpɔ nyuie be “nu tsu ɖuɖu kple aha tsu nono kpakple agbemedzimaɖitsitsiwo” magahe míaƒe susu o. Ebe nuwuwu la ava le vo me “abe mɔ̃ ene.” Egblɔ hã be “ava ame siwo katã le anyigba bliboa dzi la dzi.” Eye wògblɔ kpee be: “Minɔ ŋudzɔ, eye minɔ kokoƒoƒo dzi ɖaasi, be miate ŋu asi le nu siawo katã, siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la nu, eye miate ŋu atsi tsitre ɖe Amegbetɔvi la ŋkume.” (Luka 21:34-36) Nu ka tae wòle vevie be míawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame siawo dzi? Elabe eteƒe madidi o woatsrɔ̃ Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia ɖa. Ame siwo ŋu Yehowa kple Yesu kpɔ ŋudzedze ɖo koe atsi agbe ne nuwuwua va eye woanɔ agbe tegbee le xexe yeyea me.—Yohanes 3:16; 2 Petro 3:13.

^ mm. 4 Mikael nye Yesu Kristo ƒe ŋkɔ bubu. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, taflatsɛ kpɔ Dzesidenya 23.