Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA WUIADE

Tiae Be Yeasubɔ Mawu

Tiae Be Yeasubɔ Mawu

1, 2. Nya kae wòle be nàbia ɖokuiwò, eye nu ka tae wòle vevie?

ÈSRƆ̃E le Biblia me be ame geɖe siwo gblɔna be yewosubɔa Mawu la wɔa nu siwo Mawu lé fui alo fiaa nu mawo amewo. (2 Korintotɔwo 6:17) Esia tae Yehowa de se na mí be míado le “Babilon Gã” si nye alakpasubɔsubɔ la me. (Nyaɖeɖefia 18:2, 4) Nu kae nàwɔ? Ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe natia nu si wòawɔ, eye ele be míabia mía ɖokui be, ‘Ðe medi be masubɔ Mawu le mɔ si nu wòdii la nua, alo ɖe mayi edzi anɔ subɔm abe ale si ko mele ewɔm xoxo enea?’

2 Ne èdo le alakpasubɔsubɔha me alo ŋlɔ agbalẽ na wo be yedo le wo me vɔ la, ke enyo ŋutɔ. Gake ate ŋu anye be le ememe la, ègakpɔa dzidzɔ ɖe alakpasubɔsubɔhawo ƒe nuwɔna alo kɔnu aɖewo ŋu kokoko. Na míadzro nuwɔna kple kɔnu siawo dometɔ aɖewo me eye míakpɔ nu si tae wòle vevie be míabu wo abe ale si Mawu bua woe ene.

LEGBAWO, NƆNƆMEWƆWƆWO KPLE TƆGBUI KUKUWO SUBƆSUBƆ

3. (a) Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na ame aɖewo be woadzudzɔ nɔnɔmewɔwɔwo zazã le woƒe tadedeagu me? (b) Nya kae Biblia gblɔ tso nɔnɔmewɔwɔwo zazã le Mawu subɔsubɔ me ŋu?

3 Legbawo, nɔnɔmewɔwɔwo, voduwo kple trɔ̃xɔwo le ame aɖewo ƒe aƒe me siwo wozãna tsɔ subɔa Mawui ƒe geɖe. Ne aleae wòle le gowòme la, awɔ moya na wò alo awɔ na wò gɔ̃ hã be manya wɔ be woasubɔ Mawu nu siawo manɔmee o. Gake ɖo ŋku edzi be Yehowae fiaa ale si wòle be míasubɔe la mí. Eye Biblia gblɔe eme kɔ ƒãa be Yehowa medi be míazã legbawo kple nɔnɔmetatawo le Mawu subɔsubɔ me o.—Xlẽ 2 Mose 20:4, 5; Psalmo 115:4-8; Yesaya 42:8; 1 Yohanes 5:21.

4. (a) Nu ka tae mele be míasubɔ mía tɔgbui kukuwo o? (b) Nu ka tae Yehowa de se na eƒe amewo be womegatee kpɔ be yewoaƒo nu kple kukuawo o?

4 Ame aɖewo tea ŋu zãa woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe be yewoadze yewo tɔgbui kukuwo ŋu. Wosubɔa wo gɔ̃ hã. Gake míesrɔ̃e va yi be kukuawo mate ŋu akpe ɖe mía ŋu alo awɔ nu vevi mí o. Womele agbe le afi aɖeke o. Le nyateƒe me la, enye afɔku be míadze agbagba be míado ka kpli wo, elabena gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔe gbedeasi ɖe sia ɖe si adze abe míaƒe ƒometɔ kukua gbɔe wòtso ene la tsona. Esia tae Yehowa de se na Israel-viwo be womegatee kpɔ be yewoaƒo nu kple kukuawo alo aƒo wo ɖokuiwo ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ me o.—5 Mose 18:10-12; kpɔ Dzesidenya 26 kple 31.

5. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdzudzɔ nɔnɔmewɔwɔwo zazã le Mawu subɔsubɔ me alo nàdzudzɔ tɔgbui kukuwo subɔsubɔ?

5 Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdzudzɔ legbawo kple nɔnɔmewɔwɔwo zazã le Mawu subɔsubɔ me alo nàdzudzɔ tɔgbui kukuwo subɔsubɔ? Ele be nàxlẽ Biblia ahade ŋugble tso ale si Yehowa bua nu siawoe la ŋu nyuie. Ebua nu siawo be wonye ‘ŋunyɔnuwo.’ (5 Mose 27:15) Do gbe ɖa na Yehowa gbe sia gbe be wòakpe ɖe ŋuwò nàbu nuwo abe ale si wòbua woe ene eye wòakpe ɖe ŋuwò nàsubɔe abe ale si wòdii ene. (Yesaya 55:9) Àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ana ŋusẽ si nèhiã atsɔ aɖe nu sia nu si do ka kple alakpasubɔsubɔ la ɖa le wò agbe me.

ÐE WÒLE BE MÍAÐU KRISTMAS ƑE AZÃ LA?

6. Nu ka tae wotiae be woanɔ Yesu ƒe dzigbezã ɖum le December 25 lia dzi?

6 Azã siwo xɔ ŋkɔ wu le xexea me la dometɔ ɖekae nye Kristmas, eye ame geɖe susuna be Yesu ƒe dzigbezãe woɖuna le azã ma ɖuɣi. Gake le nyateƒe me la, Kristmas do ka kple alakpasubɔsubɔ. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be Romatɔ trɔ̃subɔlawoe ɖua ɣe ƒe dzigbezã le December 25 lia dzi. Subɔsubɔhakplɔlawo di be ame geɖe nazu Kristotɔwo. Eya ta togbɔ be menye December 25 lia dzie wodzi Yesu le o hã la, wotiae be yewoanɔ Yesu ƒe dzigbezã ɖum le ŋkeke ma dzi. (Luka 2:8-12) Yesu ƒe nusrɔ̃lawo meɖu Kristmas o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be, le ƒe 200 siwo kplɔ Yesu dzidzi ɖo me la, “ame aɖeke menya gbe si gbe tututu wodzi Yesu o eye ame ʋɛ aɖewo koe tsi dzi ɖe esia nyanya ŋu.” (Nu Goglowo Ƒe Dzɔtsoƒe Kɔkɔe, ele yevugbe me) Yesu dzo le anyigba dzi ƒe alafa geɖe megbe hafi wova te Kristmas-ɖuɖu.

7. Nu ka tae Kristotɔ vavãwo meɖua Kristmas o?

7 Ame geɖe nyae be trɔ̃subɔsubɔ mee Kristmas-ɖuɖu kple eŋutikɔnuwo abe kplɔ̃ɖoɖo kple nunana ame nɔewo dzɔ tso. Le kpɔɖeŋu me, wode se ɣeaɖeɣi le Britain kple Amerika ƒe akpa aɖewo be ame aɖeke megaɖu Kristmas o, elabena edzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me. Ne ame aɖe ɖui la, wohea to nɛ. Gake amewo gava te Kristmas-ɖuɖu ake. Nu ka tae Kristotɔ vavãwo meɖua Kristmas o? Elabena wodina be yewoadze Mawu ŋu le nu sia nu me.

ÐE WÒLE BE MÍAÐU DZIGBEZÃ?

8, 9. Nu ka tae Kristotɔ gbãtɔwo meɖua dzigbezã o?

8 Azã xɔŋkɔ bubu si amewo ɖunae nye dzigbezã. Ðe wòle be Kristotɔwo naɖu dzigbezã? Ame siwo mesubɔa Yehowa o lae ɖu dzigbezã siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me. (1 Mose 40:20; Marko 6:21) Woɖua dzigbezãwo tsɔ dea bubu alakpamawuwo ŋu. Esia tae Kristotɔ gbãtɔwo “bua dzigbezãɖuɖu ɖe sia ɖe be enye trɔ̃kɔnu.”—The World Book Encyclopedia.

9 Blema Romatɔwo kple Helatɔwo xɔe se be gbɔgbɔ aɖe kpɔa ame ɖe sia ɖe ƒe dzidzi teƒe eye gbɔgbɔ sia kpɔa eta le eƒe agbenɔɣi. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Ƒomedodo wɔnuku aɖe va nɔa gbɔgbɔ sia kple mawu si ƒe dzigbeŋkeke dzi wodzi amea le la dome.”—Dzigbezãɖuɖu Ƒe Ŋutinya (ele yevugbe me).

10. Nu ka tae Kristotɔwo meɖua dzigbezã egbea o?

10 Èsusu be Yehowa da asi ɖe azãɖuɖu siwo do ka kple alakpasubɔsubɔ dzia? (Yesaya 65:11, 12) Kura o. Esia tae míeɖua dzigbezã alo azã siwo katã do ka kple alakpasubɔsubɔ o.

ÐE NYA SIA LE VEVIEA?

11. Nu ka tae ame aɖewo ɖua azãwo? Nu kae wòle be wòanɔ vevie na wò?

11 Ame aɖewo nyae be trɔ̃subɔsubɔ mee Kristmas kple azã bubuwo dzɔ tso, gake wogaɖua azã siawo kokoko. Wobunɛ be mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe si sua ame si be wòakpɔ vovo ɖe eƒe ƒometɔwo ŋu koe azãɖuɣiwo nye. Aleae wò hã nèbunɛa? Menye nu gbegblẽ be ame nadi be yeakpɔ vovo ɖe yeƒe ƒometɔwo ŋu o. Yehowae ɖo ƒomea anyi, eya ta edi be mí kple míaƒe ƒometɔwo dome nanɔ nyuie. (Efesotɔwo 3:14, 15) Gake ele be ale si míanɔ ƒomedodo nyui me kple Yehowa nanɔ vevie na mí wu, ke menye be míaɖu alakpasubɔsubɔhawo ƒe azãwo kple susu be míadze míaƒe ƒometɔwo ŋu o. Esia tae apostolo Paulo gblɔ be: “Midze agbagba ɖe sia ɖe be nu siwo miewɔna la nadze Aƒetɔ la ŋu.”—Efesotɔwo 5:10.

12. Nu kae ana be Yehowa makpɔ ŋudzedze ɖe azãɖuɖu aɖe ŋu o?

12 Ame geɖewo buna be afi siwo azã siawo dzɔ tso mele vevie o, gake menye nenemae Yehowa ya bunɛ o. Mekpɔa ŋudzedze ɖe azãɖuɖu siwo dzɔ tso alakpasubɔsubɔ me alo doa amegbetɔwo alo dukɔwo ƒe dzesiwo ɖe ŋgɔ la ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, Egiptetɔwo ɖua azã geɖewo na woƒe alakpamawuwo. Esi Israel-viwo ʋu dzo le Egipte megbe la, woɖu Egiptetɔwo ƒe trɔ̃zã aɖe hegblɔ be “míaɖu azã na Yehowa.” Gake Yehowa he to na wo le nu sia ta. (2 Mose 32:2-10) Abe ale si nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ene la, mele be míaka “asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o!”—Xlẽ Yesaya 52:11.

WƆ NU ÐE AMEWO ŊU TUFAFATƆE

13. Biabia kawoe ate ŋu ava susu me na wò ne ètso nya me be yemaɖu azã aɖe o?

13 Ne ètso nya me be yemagaɖu azã aɖe o la, ɖewohĩ nyabiase geɖewo ava susu me na wò. Le kpɔɖeŋu me, àbia be: Nu kae mawɔ ne nye dɔwɔhatiwo biam be nu ka tae nyemeɖua Kristmas o? Nu kae mawɔ ne ame aɖe na Kristmas ƒe nunanam? Nu kae mawɔ ne srɔ̃nye di be maɖu azã aɖe? Aleke makpe ɖe vinyewo ŋu be womagalé blanui le esi womeɖu dzigbezã alo azã bubu aɖe o ta?

14, 15. Nu kae nàwɔ ne ame aɖe do ƒegbe na wò alo na nu wò le azãɖuɣi?

14 Ele vevie be wò ŋutɔ nàbu tame nyuie anya ale si nàɖo nya ŋu na amewo le nɔnɔme ɖe sia ɖe me. Le kpɔɖeŋu me, ne amewo do ƒegbe na wò la, mele be nàzi kpi kpɔ wo o. Àte ŋu aɖo eŋu ko be: “Akpe.” Gake ne èkpɔe be amea di be yeanya nu geɖe tso nu si tae mèɖua azãa o ŋu la, àte ŋu atiae be yeaɖe nu me nɛ. Ke hã, wɔe le tufafa, ŋuɖɔɖo kple ameŋububu me ɣesiaɣi. Biblia gblɔ be: “Mina miaƒe nya nadze to ɣesiaɣi, eye dze nanɔ eme, ne mianya ale si wòdze be miaɖo nya ŋu na ame sia ame.” (Kolosetɔwo 4:6) Ðewohĩ àte ŋu aɖe eme na amea be yekpɔa vovo ɖe amewo ŋu eye yelɔ̃a nunana ame hã, gake ɖeko yemedi be yeawɔ esia le azã siawo ɖuɣi o.

15 Nu kae nàwɔ ne ame aɖe na nane wò le azãɖuɣi? Biblia mede se gbogbowo na mí ku ɖe esia ŋu o, gake egblɔ be ele be míana dzitsinya nyui nanɔ mía si. (1 Timoteo 1:18, 19) Ðewohĩ ame si le nua nam wò la menya be mèɖua azã ma o. Alo amea ate ŋu agblɔ be: “Menya be mèɖua azã sia o, gake medi godoo be mana nu sia wò.” Le go eveawo siaa me la, àte ŋu atiae be yeaxɔe loo alo yemaxɔe o. Gake nu ka kee nèɖatia be yeawɔ o, ele be nàkpɔ egbɔ be dzitsinya nyui kpɔtɔ le ye si. Mímadi be míawɔ naneke si agblẽ mí kple Yehowa dome o.

ALE SI NÀWƆ NU KPLE ƑOWÒMETƆWO

Ame siwo subɔa Yehowa la kpɔa dzidzɔ

16. Nu kae wòle be nàwɔ ne ƒowòmetɔwo di be nàɖu azã aɖe kpli yewo?

16 Nu kae nàwɔ ne ƒowòmetɔwo be nàɖu azã aɖe kpli yewo? Mehiã be nàhe nya kpli wo o. Ðo ŋku edzi be wokpɔ mɔ awɔ nu si wodi. Fa tu eye nàde bubu woƒe tiatiawo ŋu abe ale si ko nàdi be woawɔ ɖe ye ŋu ene. (Xlẽ Mateo 7:12.) Gake nu kae nàwɔ ne ƒowòmetɔwo di be nànɔ yewo dome le azãɖuɣi? Hafi nàtso nya me le nu si nàwɔ ŋu la, do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yeatso nya me le mɔ nyuitɔ nu. Bu nɔnɔmea ŋu, eye nàku nu me tso eŋu. Ðo ŋku edzi be, èdi be yeadze Yehowa ŋu ɣesiaɣi.

17. Nu kawoe nàwɔ atsɔ akpe ɖe viwòwo ŋu be womagase le wo ɖokuiwo me be nu le yewo ŋu tom o ne wokpɔ amewo le azã ɖum?

17 Nu kawoe nàwɔ atsɔ akpe ɖe viwòwo ŋu be womagase le wo ɖokuiwo me be nu le yewo ŋu tom o ne wokpɔ amewo le azã ɖum? Àte ŋu anɔ wɔna tɔxɛ aɖewo wɔm na wo ɣeaɖewoɣi. Àte ŋu anɔ nanewo nam wo le vo me hã. Eye nu nyuitɔ siwo nàte ŋu ana viwòwo la dometɔ aɖewoe nye be nàlɔ̃ wo ahakpɔ vovo ɖe wo ŋu.

NƆ AGBE ÐE SUBƆSUBƆ VAVÃ NU

18. Nu ka tae wòle be míade Kristotɔwo ƒe kpekpewo?

18 Ne míedi be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu la, ele be míado le alakpasubɔsubɔ me ahadzudzɔ gomekpɔkpɔ le eƒe kɔnuwo kple azãɖuɖuwo me. Gake ehiã hã be míanɔ agbe ɖe subɔsubɔ vavã nu. Aleke míawɔ esiae? Mɔ ɖekae nye be míanɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem edziedzi. (Xlẽ Hebritɔwo 10:24, 25.) Kpekpeawo nye subɔsubɔ vavãtɔ ƒe akpa vevi aɖe. (Psalmo 22:22; 122:1) Míedea dzi ƒo na mía nɔewo le kpekpe siawo me.—Romatɔwo 1:12.

19. Nu ka tae wòle vevie be nàgblɔ Biblia me nyateƒe si nèsrɔ̃ la na amewo?

19 Subɔsubɔ vavãtɔ ƒe akpa bubu aɖe hãe nye be míagblɔ nu siwo míesrɔ̃na le Biblia me la na amewo. Nu vɔ̃ɖi siwo le edzi yim le xexea me la tena ɖe ame geɖe dzi. Ðewohĩ ènya ame aɖe alea. Gblɔ etsɔmemɔkpɔkpɔ wɔnuku si su asiwò la nɛ. Ne èle Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dem eye nèle Biblia me nyateƒea gblɔm na amewo la, àkpɔe be megadzroa ye kura be yeagakpɔ gome le alakpasubɔsubɔhawo kpli woƒe kɔnuwo me o. Ka ɖe edzi be ne ètiae be yeasubɔ Yehowa le mɔ nyuitɔ nu la, dzi adzɔ wò eye Yehowa ayra wò geɖe.—Malaki 3:10.