Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA WUIADRE

Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La

Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La

“Dziƒo kple anyigba Wɔla la” di be yease míaƒe gbedodoɖawo.—Psalmo 115:15

1, 2. Nu ka tae nèsusui be gbedodoɖa nye nunana tɔxɛ, eye nu ka tae wòle be míanya nu si Biblia fia tso gbedodoɖa ŋu?

MÍAƑE anyigba le nyaŋui ŋutɔ ne wotsɔe sɔ kple xexe gbahoo sia. Ne Yehowa da ŋku kpɔ anyigba dzi la, amegbetɔ siwo katã le edzi la dzena nɛ ko abe tsigege toŋtoŋ le tɔkpo ŋu ene. (Psalmo 115:15; Yesaya 40:15) Togbɔ be míele nyaŋui ŋutɔ ne wotsɔ mí sɔ kple xexe gbahoo sia hã la, Psalmo 145:18, 19 gblɔ be: “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ, ɛ̃, ɖe ame siwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ. Ewɔa ame siwo vɔ̃nɛ la ƒe didi dzi na wo; esea woƒe ɣlidodo, eye wòxɔna na wo.” Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi! Yehowa mía Wɔla Ŋusẽkatãtɔ la di be yeate ɖe mía ŋu ahaɖo to míaƒe gbedodoɖawo. Vavãe, mɔnukpɔkpɔ xɔasi aɖee gbedodoɖa nye, enye nunana tɔxɛ aɖe si Yehowa na mía dometɔ ɖe sia ɖe.

2 Gake ne míedo gbe ɖa le mɔ si dzea eŋu nu koe wòase míaƒe gbedodoɖawo. Aleke míawɔ esiae? Na míakpɔ nya si Biblia gblɔ tso gbedodoɖa ŋu la ɖa.

NU KA TAE WÒLE BE NÀDO GBE ÐA NA YEHOWA?

3. Nu ka tae wòle be nàdo gbe ɖa na Yehowa?

3 Yehowa di be nàdo gbe ɖa alo aɖo dze kpli ye. Aleke míewɔ nya? Taflatsɛ xlẽ Filipitɔwo 4:6, 7. Bu nya dedziƒoname siawo ŋu kpɔ. Ame si nye xexe gbahoo sia ƒe Dziɖula tsɔ ɖe le eme na wò vevie, eye wòdi be nàgblɔ wò kuxiwo kple ale si nèsena le ɖokuiwò me na ye.

4. Aleke gbedodoɖa na Yehowa edziedzi ana wò kplii dome xɔlɔ̃wɔwɔa me nasẽ ɖe edzii?

4 Gbedodoɖa nana be mí kple Yehowa dome nɔa kplikplikpli. Ne xɔlɔ̃wo gblɔa woƒe susuwo, woƒe dzimaɖitsitsiwo kple seselelãmewo na wo nɔewo la, woƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me sẽna ɖe edzi. Nenema tututue wòle le gbedodoɖa na Yehowa hã gome. Egblɔ eƒe susuwo, seselelãmewo kple nu siwo wògbɔna wɔwɔ ge le etsɔme hã na wò le Biblia me. Àte ŋu ana wòanya wò dzimenyawo ne èƒoa nu kplii edziedzi. Ne èle esia wɔm la, wò kple Yehowa dome xɔlɔ̃wɔwɔa me anɔ sesẽm ɖe edzi.—Yakobo 4:8.

NU KAE WÒLE BE MÍAWƆ ALE BE MAWU NAÐO TO MÍAƑE GBEDODOÐAWO?

5. Aleke míewɔ nya be Yehowa mesea gbedodoɖa ɖe sia ɖe o?

5 Ðe Yehowa sea gbedodoɖa ɖe sia ɖea? Ao. Yehowa gblɔ na Israel-viwo le nyagblɔɖila Yesaya ƒe ɣeyiɣia me be: “Ne mieli kɔ gbedodoɖawo gleglegle hã la, nyemele wo se ge o; elabena ʋu yɔ asi me na mi.” (Yesaya 1:15) Eya ta ne míekpɔ nyuie o la, míate ŋu awɔ nu siwo agblẽ mí kple Yehowa dome, eye esia awɔe be mase míaƒe gbedodoɖawo o.

6. Nu ka tae xɔse le vevie? Aleke nàɖee afia be xɔse le ye si?

6 Ne míedi be Yehowa nase míaƒe gbedodoɖawo la, ele be míaxɔ eya amea dzi ase. (Marko 11:24) Apostolo Paulo gblɔ be: “Ne xɔse mele ame si o la, mate ŋu adze Mawu ŋu nyuie o, elabena ele be ame sia ame si tena vaa Mawu gbɔ la naxɔe ase be eli, eye wònyea teƒeɖola na ame siwo dinɛ vevie la.” (Hebritɔwo 11:6) Gake menye gbɔgblɔ ko be míexɔ edzi see nye nya o. Ehiã be míanɔ to ɖom Yehowa gbe sia gbe atsɔ aɖee afia kɔtɛe be míexɔ edzi se.—Xlẽ Yakobo 2:26.

7. (a) Nu ka tae wòle be míabɔbɔ mía ɖokuiwo ahawɔ nu bubutɔe ne míele gbe dom ɖa na Yehowa? (b) Aleke míaɖee afia be míeɖia anukware ne míele gbe dom ɖa?

7 Ele be míabɔbɔ mía ɖokuiwo ahawɔ nu bubutɔe ne míele gbe dom ɖa na Yehowa. Nu ka tae? Ne mɔnukpɔkpɔ su mía si be míaɖo dze kple fia alo dukplɔla aɖe la, míawɔ nu le bubu me. Yehowae nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la, eya ta ɖe mele be míade bubu eŋu ahabɔbɔ mía ɖokuiwo geɖe wu ne míele dze ɖom kplii oa? (1 Mose 17:1; Psalmo 138:6) Ele be míaɖi anukware eye míado gbe ɖa na Yehowa tso dzi me, menye be míanɔ nya ɖeka tɔgbiwo gbugbɔ gblɔm edziedzi o.—Mateo 6:7, 8.

8. Ne míedo gbe ɖa tso nane ŋu la, nu ka hãe wògahiã be míawɔ?

8 Mlɔeba la, ne míedo gbe ɖa tso nane ŋu la, ele be míadze agbagba ɖe sia ɖe aɖe afɔ siwo hiã ku ɖe nu si ŋuti míele gbea dom ɖa le la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne míedo gbe ɖa na Yehowa bia míaƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo la, ke mele be míade asi atame ahanɔ mɔ kpɔm be Yehowa nawɔ nu sia nu na mí, evɔ wòhenye be ŋutete le mía ŋu míawɔ dɔ hafi o. Ele be míalɔ̃ awɔ dɔ ɖe sia ɖe si míate ŋu awɔ, eye míado vevie dɔ hã. (Mateo 6:11; 2 Tesalonikatɔwo 3:10) Alo ne míedo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míadzudzɔ nu manyomanyo aɖe wɔwɔ la, ele be míadze agbagba aƒo asa na nu sia nu si akplɔ mí ade nuwɔna ma me. (Kolosetɔwo 3:5) Azɔ na míadzro nya siwo amewo lɔ̃a biabia tso gbedodoɖa ŋu la dometɔ aɖewo me.

NYA SIWO AMEWO LƆ̃A BIABIA

9. Ame kae wòle be míado gbe ɖa na? Nu kae Yohanes 14:6 fia mí tso gbedodoɖa ŋu?

9 Ame kae wòle be míado gbe ɖa na? Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa na “Mía Fofo si le dziƒowo.” (Mateo 6:9) Egagblɔ hã be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yohanes 14:6) Eya ta ele be míado gbe ɖa na Yehowa ɖeka ko to Yesu dzi. Nu kae wòfia be míado gbe ɖa to Yesu dzi? Hafi Yehowa naɖo to míaƒe gbedodoɖawo la, ele be míade bubu ɖoƒe tɔxɛ si Yehowa na Yesu la ŋu. Abe ale si míesrɔ̃e va yi ene la, Yesu va anyigba dzi be yeava ɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me. (Yohanes 3:16; Romatɔwo 5:12) Yehowa ɖo Yesu wòzu Nunɔlagã kple Ʋɔnudrɔ̃la hã.—Yohanes 5:22; Hebritɔwo 6:20.

Àte ŋu ado gbe ɖa ɣesiaɣi

10. Ðe wòle be míanɔ nɔnɔme tɔxɛ aɖe me hafi ado gbe ɖa? Ðe eme.

10 Ðe wòhiã be míanɔ nɔnɔme tɔxɛ aɖe me hafi ado gbe ɖa? Ao. Yehowa mebia tso mía si be míadze klo, anɔ anyi alo anɔ tsitrenu hafi ado gbe ɖa o. Biblia fia mí be míate ŋu aƒo nu kple Yehowa le nɔnɔme ɖe sia ɖe si ɖe bubu fia la me. (1 Kronika 17:16; Nehemiya 8:6; Daniel 6:10; Marko 11:25) Menye nɔnɔme si me míele hafi do gbe ɖa lae le vevie na Yehowa o, ke boŋ ele be susu nyui nanɔ mía si ne míele gbe dom ɖa. Míate ŋu ado gbe ɖa wòaɖi eye míate ŋu adoe ɖa le susu me hã ɣesiaɣi le afi sia afi le ŋkeke me loo alo zã me. Ne míedo gbe ɖa na Yehowa la, ele be míaka ɖe edzi be esee ne meɖi ame bubuwo se o hã.—Nehemiya 2:1-6.

11. Nu kawoe míate ŋu abia Yehowa le míaƒe gbedodoɖawo me?

11 Nu kawoe míate ŋu ado gbe ɖa abia? Míate ŋu ado gbe ɖa abia nu sia nu si dze Yehowa ŋu. Biblia gblɔ be: “Nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.” (1 Yohanes 5:14) Ðe míate ŋu ado gbe ɖa abia nu siwo ka míawo ŋutɔwoa? Ɛ̃. Ele be gbedodoɖa na Yehowa nanɔ abe ale si míeɖoa dze kple mía xɔlɔ̃ veviwo ene. Míate ŋu agblɔ nu sia nu si le míaƒe susu kple dzi me nɛ. (Psalmo 62:8) Míate ŋu ado gbe ɖa abia be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔ la mí ne wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ nu si sɔ. (Luka 11:13) Míate ŋu abia Yehowa be wòana nunya mí ale be míatso nya me le mɔ nyuitɔ nu, eye míate ŋu ado gbe ɖa abia be wòado ŋusẽ mí míanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu. (Yakobo 1:5) Míate ŋu abia Yehowa be wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. (Efesotɔwo 1:3, 7) Míate ŋu ado gbe ɖa ɖe ame bubuwo ta, siwo dometɔ aɖewoe nye míaƒe ƒometɔwo kple nɔvi siwo le hamea me.—Dɔwɔwɔwo 12:5; Kolosetɔwo 4:12.

12. Nu kawoe nye nu vevitɔ siwo wòle be míabia le gbedodoɖa me?

12 Nu kawoe nye nu vevitɔ siwo ŋu wòle be míado gbe ɖa le? Woawoe nye Yehowa kple eƒe lɔlɔ̃nu. Ele be míada akpe na Yehowa tso dzi me ɖe nu siwo katã wòwɔ na mí ta. (1 Kronika 29:10-13) Míenya esia, elabena esi Yesu nɔ anyigba dzi la, efia eƒe nusrɔ̃lawo ale si woado gbe ɖae. (Xlẽ Mateo 6:9-13.) Egblɔ na wo be ele be woabia gbã be Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti nakɔ alo woawɔe kɔkɔe. Eyome Yesu ɖee fia be ele be míado gbe ɖa abia be Mawu Fiaɖuƒea nava eye woawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba blibo la dzi. Yesu ɖee fia be ne míebia nu vevi siawo vɔ hafi míabia míaƒe nuhiahiãwo. Ne míetsɔ Yehowa kple eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe gbedodoɖawo me la, míeɖea nu siwo le vevie na mí wu la fiana.

13. Ɣeyiɣi didi kae wòle be míaƒe gbedodoɖawo naxɔ?

13 Ɣeyiɣi didi kae wòle be míaƒe gbedodoɖawo naxɔ? Biblia megblɔe o. Míaƒe gbedodoɖawo ate ŋu anɔ kpuie alo adidi, anɔ te ɖe nɔnɔmea dzi. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu ado gbe kpui aɖe ɖa hafi aɖu nu, gake míate ŋu ado gbe ɖa wòadidi wu ne míele akpe dam na Yehowa alo le míaƒe dzimenyawo gblɔm nɛ. (1 Samuel 1:12, 15) Mímadi be míado gbe legbewo ɖa kple susu be amewo nakafu mí abe ale si ame aɖewo wɔe le Yesu ƒe ŋkekea me ene o. (Luka 20:46, 47) Gbedodoɖa siawo tɔgbi medzea Yehowa ŋu o. Nu si le vevie na Yehowae nye be míado gbe ɖa tso dzi me.

14. Zi nenie wòle be míado gbe ɖa, eye nu kae esia fia mí tso Yehowa ŋu?

14 Zi nenie wòle be míado gbe ɖa? Yehowa kpe mí be míanɔ gbe dom ɖa na ye edziedzi. Biblia gblɔ be ele be ‘míanɔ gbedodoɖa dzi,’ ‘míanɔ gbedodoɖa dzi ɖaa’ eye ‘míanɔ gbedodoɖa dzi ɣeawokatãɣi.’ (Mateo 26:41; Romatɔwo 12:12; 1 Tesalonikatɔwo 5:17) Yehowa le klalo ɣesiaɣi be yeaɖo to mí. Míate ŋu ada akpe nɛ gbe sia gbe ɖe eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe dɔmenyonyo ta. Míate ŋu abia mɔfiame, ŋusẽ kple akɔfafa tso egbɔ. Ne míedea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ vevi si su mía si be míado gbe ɖa na Yehowa ŋu la, míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ anɔ dze ɖom kplii.

15. Nu ka tae wòle be míaɖe “amen” le gbedodoɖa ƒe nuwuwu?

15 Nu ka tae wòle be míaɖe “amen” le gbedodoɖa ƒe nuwuwu? Nya “amen” fia “neva eme,” alo “nenɔ alea.” Míetoa esia dzi ɖenɛ fiana be nya siwo míegblɔ le gbedodoɖa me tso dzi me na mí vavã. (Psalmo 41:13) Biblia fia mí be enyo be míaɖe “amen” le susu me alo míagblɔe wòaɖi le gbe siwo wodo ɖa le dutoƒo ƒe nuwuwu atsɔ aɖee afia be míeda asi ɖe nya siwo wogblɔ le gbedodoɖaawo me dzi.—1 Kronika 16:36; 1 Korintotɔwo 14:16.

ALE SI MAWU ÐOA MÍAƑE GBEDODOÐAWO ŊU

16. Ðe Yehowa ɖoa to míaƒe gbedodoɖawo nyateƒea? Ðe eme.

16 Ðe Yehowa ɖoa to míaƒe gbedodoɖawo nyateƒea? Ɛ̃. Biblia yɔ Mawu be “Gbedodoɖasela.” (Psalmo 65:2) Yehowa sea gbe siwo ame miliɔn geɖewo dona ɖa tso dzi blibo me la eye wòɖoa wo ŋu le mɔ vovovowo nu.

17. Aleke Yehowa toa mawudɔlawo kple esubɔla siwo le anyigba dzi la dzi ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋui?

17 Yehowa toa mawudɔlawo kple esubɔla siwo le anyigba dzi la dzi ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu. (Hebritɔwo 1:13, 14) Ame siwo do gbe ɖa bia be Yehowa nakpe ɖe yewo ŋu yewoase Biblia gɔme eye eteƒe medidi o Yehowa Ðasefowo va wo gbɔ la ƒe kpɔɖeŋu geɖewo li. Biblia ɖee fia be mawudɔlawo le gome kpɔm le gbeƒãɖeɖe “nya nyui” la le anyigba katã dzi ƒe dɔa me. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 14:6.) Eye mía dometɔ geɖewo míedo gbe ɖa na Yehowa tso kuxi alo hiahiã aɖe koŋ ŋu eye nɔvi Kristotɔ aɖe va kpe ɖe mía ŋu kpɔ.—Lododowo 12:25; Yakobo 2:16.

Yehowa ate ŋu ana Kristotɔ bubuwo nana kpekpeɖeŋu mí atsɔ aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu

18. Aleke Yehowa toa gbɔgbɔ kɔkɔea kple Biblia dzi ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋui?

18 Yehowa toa gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu. Ne míedo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe kuxi aɖe nu la, ate ŋu ato eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi afia mɔ mí ahado ŋusẽ mí. (2 Korintotɔwo 4:7) Yehowa toa Biblia hã dzi ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu henaa nunya si hiã la mí be míate ŋu atso nya me le mɔ nyuitɔ nu. Ne míexlẽa Biblia la, míate ŋu ake ɖe mawunyakpukpui aɖewo ŋu siwo akpe ɖe mía ŋu. Yehowa ate ŋu aʋã ame aɖe wòaɖo nya ŋu agblɔ nya aɖe si tututu míehiã la le kpekpeawo me alo aʋã hamemetsitsi aɖe wòagblɔ Biblia me nya aɖe atsɔ ade dzi ƒo na mí.—Galatiatɔwo 6:1.

19. Nu ka tae wòate ŋu awɔ na mí be Yehowa meɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu o?

19 Gake ɣeaɖewoɣi la, míate ŋu abia mía ɖokui be, ‘Nu ka tae Yehowa mekpɔ ɖo nye gbedodoɖawo ŋu nam haɖe o?’ Ðo ŋku edzi be enya ɣeyiɣi nyuitɔ kple ale si wòaɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋui. Enya nu siwo hiã mí. Ahiã be míanɔ gbedodoɖa dzi ɣeyiɣi didi aɖe atsɔ aɖee afia be nu si biam míele la le vevie na mí eye míexɔ eya amea dzi se vavã. (Luka 11:5-10) Ɣeaɖewoɣi la, Yehowa ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu le mɔ si míele mɔ kpɔm na o nu. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu ado gbe ɖa tso kuxi aɖe ŋu, gake le esi Yehowa naɖe kuxia ɖa teƒe la, ate ŋu ana ŋusẽ si míehiã atsɔ anɔ te ɖe kuxia nu boŋ la mí.—Xlẽ Filipitɔwo 4:13.

20. Nu ka tae wòle be míanɔ gbe dom ɖa na Yehowa edziedzi?

20 Mɔnukpɔkpɔ xɔasi ka gbegbee nye esi Yehowa na mí! Míate ŋu aka ɖe edzi be aɖo to mí. (Psalmo 145:18) Eye zi ale si míele gbe dom ɖa na Yehowa tso dzi me la, mí kplii ƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me anɔ sesẽm ɖe edzi.