Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA WUIENYI

Ðe Wòle Be Maɖe Adzɔgbe Na Mawu Ahaxɔ Nyɔnyrɔa?

Ðe Wòle Be Maɖe Adzɔgbe Na Mawu Ahaxɔ Nyɔnyrɔa?

1. Esi nèsrɔ̃ agbalẽ sia va ɖo afia sia la, nu ka ŋue wòle be nàbu?

ÈSRƆ̃ Biblia me nyateƒe geɖe le agbalẽ sia me. Esiawo dometɔ aɖewoe nye agbe mavɔ si ŋugbe Mawu donɔnɔme si me kukuawo le kple tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ la. (Nyagblɔla 9:5; Luka 23:43; Yohanes 5:28, 29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ðewohĩ èle Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dem eye nèkpɔe be woƒe subɔsubɔe nye vavã la. (Yohanes 13:35) Anɔ eme be wò kple Yehowa dome xɔlɔ̃wɔwɔa nu le sesẽm ɖe edzi, eye nèɖoe be yeasubɔe. Eya ta anɔ eme be àbia be, ‘Nu kae wòle be mawɔ azɔ be masubɔ Mawu?’

2. Nu ka tae Etiopia-ŋutsu aɖe di be yeaxɔ nyɔnyrɔ?

2 Nu sia ŋue Etiopia-ŋutsu aɖe si nɔ anyi le Yesu ƒe ɣeyiɣia me la bu. Ɣeaɖeɣi le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, Yesu ƒe nusrɔ̃la Filipo ɖe gbeƒã na Etiopia-ŋutsua. Filipo ɖo kpe edzi nɛ be Yesue nye Mesia la. Nu si Etiopiatɔ sia srɔ̃ la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be ɖeko wògblɔ enumake be: “Kpɔ ɖa! Tsie nye esi; nu kae xe mɔ na nye nyɔnyrɔxɔxɔ?”—Dɔwɔwɔwo 8:26-36.

3. (a) Se kae Yesu de na eyomedzelawo? (b) Aleke wòle be woanyrɔ amee?

3 Biblia fia nu eme kɔ ƒãa be ne èdi be yeasubɔ Yehowa la, ele be nàxɔ nyɔnyrɔ. Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: ‘Miwɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo.’ (Mateo 28:19) Yesu hã ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na mí esi eya ŋutɔ xɔ nyɔnyrɔ. Wonyrɔe eƒe ameti bliboa bu ɖe tsia me keŋkeŋ, menye ɖe wode tsi ta nɛ o. (Mateo 3:16) Egbea la, ne wole ame aɖe nyrɔm be wòazu Kristotɔ la, ele be eƒe ameti bliboa nabu ɖe tsia me keŋkeŋ.

4. Nu kae wò nyɔnyrɔxɔxɔ aɖe afia ame bubuwo?

4 Ne èxɔ nyɔnyrɔ la, àɖee afia ame bubuwo be yedi vevie be yeanye Mawu xɔlɔ̃ ahasubɔe. (Psalmo 40:7, 8) Eya ta àbia ɖokuiwò be, ‘Nu kae wòle be mawɔ be maxɔ nyɔnyrɔ?’

SIDZEDZE KPLE XƆSE

5. (a) Nu kawoe wòle be nàwɔ gbã hafi axɔ nyɔnyrɔ? (b) Nu ka tae Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede le vevie?

5 Hafi nàxɔ nyɔnyrɔ la, ele be nànya Yehowa kple Yesu. Ète esia wɔwɔ xoxo esi nèdze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme. (Xlẽ Yohanes 17:3.) Gake esia ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Biblia gblɔ be ele be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ŋuti “sidzedze vavãtɔ” nayɔ wò fũu. (Kolosetɔwo 1:9) Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede ana be wò kple Yehowa dome nava nɔ kplikplikpli. Esia tae wòle vevie be nànɔ kpekpe siawo dem edziedzi.—Hebritɔwo 10:24, 25.

Hafi nàxɔ nyɔnyrɔ la, ele be nàsrɔ̃ Biblia

6. Nu kawoe wòle be nànya le Biblia me hafi axɔ nyɔnyrɔ?

6 Ele eme baa be Yehowa mele mɔ kpɔm be nànya nu sia nu le Biblia me hafi axɔ nyɔnyrɔ o. Mebia tso Etiopia-ŋutsua si be wòanya nu sia nu hafi wòxɔ nyɔnyrɔ o. (Dɔwɔwɔwo 8:30, 31) Eye míayi edzi anɔ nu srɔ̃m tso Mawu ŋu ɖaa. (Nyagblɔla 3:11) Gake hafi nàxɔ nyɔnyrɔ la, ele be nànya Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo ahalɔ̃ ɖe wo dzi.—Hebritɔwo 5:12.

7. Aleke Biblia-sɔsrɔ̃ kpe ɖe ŋuwòe?

7 Biblia gblɔ be: “Ne xɔse mele ame si o la, mate ŋu adze Mawu ŋu nyuie o.” (Hebritɔwo 11:6) Eya ta ele be xɔse nanɔ asiwò hafi nàxɔ nyɔnyrɔ. Biblia gblɔ na mí be blema Korintotɔ aɖewo se nya siwo Yesu yomedzelawo gblɔ na wo eye esia wɔe be, ‘woxɔ edzi se, eye wonyrɔ wo.’ (Dɔwɔwɔwo 18:8) Nenema kee, Biblia-sɔsrɔ̃ kpe ɖe ŋuwò nèva xɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se eye nèxɔe se hã be ŋusẽ le Yesu ƒe tafevɔsa ŋu be wòaɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me.—Yosua 23:14; Dɔwɔwɔwo 4:12; 2 Timoteo 3:16, 17.

GBLƆ BIBLIA ME NYATEƑEA NA AMEWO

8. Nu kae aʋã wò nàgblɔ nu siwo srɔ̃m nèle la na amewo?

8 Esi nèle nu geɖe srɔ̃m le Biblia me eye nèkpɔ ale si wòle kpekpem ɖe ŋuwò la, wò xɔse me le sesẽm ɖe edzi. Àdi be yeagblɔ nu siwo srɔ̃m nèle la na ame bubuwo. (Yeremiya 20:9; 2 Korintotɔwo 4:13) Gake ame kawoe nàgblɔe na?

Xɔse aʋã wò nàgblɔ wò dzixɔsewo na amewo

9, 10. (a) Ame kawoe nàgblɔ nu siwo srɔ̃m nèle la na? (b) Nu kae nàwɔ ne èdi be yeade gbeadzi kple hamea?

9 Àdi be yeagblɔ nu siwo srɔ̃m nèle la na ƒowòmetɔwo, xɔ̃wòwo, wò aƒelikawo alo dɔwɔhatiwo. Esia nyo ŋutɔ, gake wɔe le tufafa kple lɔlɔ̃ me ɣesiaɣi. Eye mlɔeba la, àte ŋu awɔ ɖeka kple hamea anɔ gbeƒã ɖem. Ne èsu te na esia wɔwɔ la, gblɔe na Ðasefo si le Biblia srɔ̃m kpli wò be yedi be yeade gbeadzi kple hamea. Ne ekpɔe be èsu te eye wò agbenɔnɔ sɔ ɖe Biblia ƒe nudidiwo nu la, hamemetsitsi eve akpe kple mi ame evea.

10 Nu kawoe ayi edzi le kpekpe sia me? Hamemetsitsiawo adzro nu me kpli wò akpɔe ɖa be èse Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo gɔme hexɔ wo dzi se mahã. Woakpɔe ɖa hã be èwɔa Biblia ƒe nudidiwo dzi le wò agbenɔnɔ me, eye nèdi vevie be yeazu Yehowa Ðasefo mahã. Ðo ŋku edzi be hamemetsitsiwo léa be na hamea me tɔ ɖe sia ɖe, wò hã èle eme, eya ta mègavɔ̃ o, gblɔ wò dzimenyawo na wo faa. (Dɔwɔwɔwo 20:28; 1 Petro 5:2, 3) Le kpekpe sia megbe la, hamemetsitsiawo ana nànya nenye be èdze ade gbeadzi kple hamea.

11. Nu ka tae wòle vevie be nàwɔ tɔtrɔwo hafi adze ade gbeadzi kple hamea?

11 Ðewohĩ hamemetsitsiwo agblɔ na wò be ahiã be nàgawɔ tɔtrɔ aɖewo hafi nàdze ade gbeadzi kple hamea. Nu ka tae tɔtrɔ siawo wɔwɔ le vevie? Elabena ne míele Yehowa Mawu ƒe nya gblɔm na amewo la, efia be míenye eteƒenɔlawo, eya ta ele be míaƒe agbenɔnɔ nade bubu eŋu.—1 Korintotɔwo 6:9, 10; Galatiatɔwo 5:19-21.

TRƆ DZI ME EYE NÀGBUGBƆ

12. Nu ka tae wòhiã be ame sia ame natrɔ dzi me?

12 Nane hã li si wòle be nàwɔ hafi adze axɔ nyɔnyrɔ. Apostolo Petro gblɔ be: “Eya ta mitrɔ dzi me, eye migbugbɔ, ne woatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa.” (Dɔwɔwɔwo 3:19) Nu kae wòfia be woatrɔ dzi me? Efia be míase veve vevie ɖe nu vɔ̃ siwo míewɔ ta. Le kpɔɖeŋu me, ne èwɔa ahasi alo matre la, ke ahiã be nàtrɔ dzi me. Ne èdzea agbagba vevie be yeawɔ nu nyui le wò agbe me katã gɔ̃ hã la, agahiã kokoko be nàtrɔ dzi me, elabena mí katã míewɔa nu vɔ̃ eye ehiã be míabia Mawu be wòatsɔe ake mí.—Romatɔwo 3:23; 5:12.

13. Nu kae wòfia be ‘woagbugbɔ’?

13 Ðe vevesese ɖe nu vɔ̃ siwo nèwɔ ta ɖeɖe sɔ gbɔa? Ao. Apostolo Petro gblɔ be ele be ‘nàgbugbɔ.’ Esia fia be ele be nàgbe nu le nu gbegblẽ siwo nèwɔ tsã la gbɔ eye nadze nu si sɔ la wɔwɔ gɔme. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be èyina teƒe aɖe zi gbãtɔ, gake nèva de dzesii be yebu mɔ. Nu kae nàwɔ? Anɔ eme godoo be àɖiɖi azɔlia dzi kpɔtɔ, eye àtɔ agbugbɔ alé mɔ nyuitɔ atsɔ. Nenema kee, ne èle Biblia srɔ̃m la, àva kpɔe be ehiã be yeatrɔ asi le yeƒe agbenɔnɔ alo nuwɔna aɖewo ŋu. Lɔ̃ faa ‘nàgbugbɔ,’ si fia be nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã, eye nàdze nu si sɔ la wɔwɔ gɔme.

TSƆ WÒ AGBE ÐE ADZƆGBE

Èdo ŋugbe na Yehowa be yeasubɔea?

14. Aleke nàtsɔ wò agbe aɖe adzɔgbe na Mawu?

14 Afɔ vevi bubu si wòle be nàɖe hafi axɔ nyɔnyrɔ ye nye be nàtsɔ wò agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa. Nu si esia fiae nye be nàdo gbe ɖa na Yehowa ahado ŋugbe nɛ le gbedodoɖa ma me be yeasubɔ eya ɖeɖe ko eye eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe anye nu vevitɔ na ye le agbe me.—5 Mose 6:15.

15, 16. Nu kae ʋãa ame wòɖea adzɔgbe na Mawu?

15 Ŋugbedodo na Yehowa be yeasubɔ eya ɖeɖe le abe ŋugbedodo na ame aɖe si nèlɔ̃ be yeanɔ egbɔ ɖaa ene. Tsɔe be ŋutsu aɖe kple nyɔnu aɖe do ŋugbe na wo nɔewo. Ne ŋutsua va nya nyɔnua nyuie la, alɔ̃e eye wòadi be yeaɖee. Togbɔ be nyametsotso vevi aɖee esia nye hã la, ŋutsua le klalo be yeawɔ esia, elabe elɔ̃ nyɔnua.

16 Esi nèle nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu la, èva lɔ̃e eye nèdi be yeawɔ nu sia nu asubɔe. Esia aʋã wò nàdo gbe ɖa ado ŋugbe na Yehowa be yeasubɔe. Biblia gblɔ be ele be ame sia ame si di be yeadze Yesu yome la, ‘nagbe nu le eɖokui gbɔ.’ (Marko 8:34) Nu kae esia bia? Ebia be toɖoɖo Yehowa nanye nu vevitɔ kekeake na wò le agbe me. Ele be nu si Yehowa di nanɔ vevie na wò wu wò didiwo kple taɖodzinuwo.—Xlẽ 1 Petro 4:2.

MÈGAVƆ̃ BE YEADO KPO NU O

17. Nu ka tae ame aɖewo medina be yewoaɖe adzɔgbe na Yehowa o?

17 Ame aɖewo meɖea adzɔgbe na Yehowa o, elabena wovɔ̃na be ne yewodo ŋugbe be yewoasubɔe la, yewomate ŋu awɔ ɖe edzi o. Womedi be yewoado vevesese na Yehowa o. Eye wotea ŋu susunɛ hã be ne yewomeɖe adzɔgbe o la, ke Yehowa mabia akɔnta yewo tso yewoƒe nuwɔnawo ŋu o.

18. Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàɖu vɔvɔ̃ be yeava do vevesese na Yehowa la dzi?

18 Wò lɔlɔ̃ na Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàɖu vɔvɔ̃ be yeava do kpo nu ahado vevesese nɛ la dzi. Esi nèlɔ̃ Yehowa ta la, àwɔ ɖe ŋugbe si nèdo nɛ la dzi. (Nyagblɔla 5:4; Kolosetɔwo 1:10) Màbui be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ sesẽ akpa o. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi, be míalé eƒe seawo me ɖe asi; eye eƒe seawo menye agba o.”—1 Yohanes 5:3.

19. Nu ka tae mele be nàvɔ̃ na adzɔgbeɖeɖe na Yehowa o?

19 Mebia be nànye ame deblibo hafi atsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe na Yehowa o. Yehowa mebiaa nu si gbɔ míaƒe ŋutete ŋu la tso mía si o. (Psalmo 103:14) Akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nu si sɔ. (Yesaya 41:10) Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu kple wò dzi blibo, ekema “ana wò mɔwo nadzɔ.”—Lododowo 3:5, 6.

XƆSEMEƲUƲU LE DUTOƑO HENA ÐEÐEKPƆKPƆ

20. Ne ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Mawu vɔ la, afɔ kae wògahiã be nàɖe?

20 Èle klalo atsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe na Yehowa? Ne ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa vɔ la, ekema èle klalo na afɔɖeɖe si kplɔ esia ɖo. Ele be nàxɔ nyɔnyrɔ.

21, 22. Aleke nàʋu wò xɔse me “le dutoƒo”?

21 Na miaƒe hamemetsitsiwo ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla nanya be yeɖe adzɔgbe na Yehowa eye yedi be yeaxɔ nyɔnyrɔ. Ekema ana hamemetsitsi aɖewo nadzro Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo me kpli wò. Ne wokpɔe be èsu te la, woagblɔe na wò be àte ŋu axɔ nyɔnyrɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe si gbɔna me. Le takpekpea me la, woaƒo nuƒo aɖe si aɖe gɔmesese si le nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu la me. Nuƒolaa abia nya bɔbɔe eve aɖewo nyɔnyrɔxɔlawo. Ne èɖo nya siawo ŋu la, ke èʋu wò xɔse me “le dutoƒo” ye nye ema.—Romatɔwo 10:10.

22 Ema megbe àxɔ nyɔnyrɔ. Woanyrɔ wò ameti bliboa ɖe tsia me keŋkeŋ. Wò nyɔnyrɔxɔxɔa ana ame sia ame akpɔe be ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa eye nèzu Yehowa Ðasefo.

NU SI WÒ NYƆNYRƆXƆXƆ LE TSITRE ÐI NA

23. Nu kae wòfia be woanyrɔ ame ɖe “Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me”?

23 Yesu gblɔ be woanyrɔ yeƒe nusrɔ̃lawo ɖe “Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me.” (Xlẽ Mateo 28:19.) Nu kae esia fia? Efia be èlɔ̃ ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ kple ɖoƒe si Yesu le le Mawu ƒe tameɖoɖowo me kpakple ale si Mawu zãa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ nana eƒe lɔlɔ̃nu vaa eme la siaa dzi.—Psalmo 83:18; Mateo 28:18; Galatiatɔwo 5:22, 23; 2 Petro 1:21.

Ne èxɔ nyɔnyrɔ la, àɖee afia be yedi be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu

24, 25. (a) Nu kae nyɔnyrɔxɔxɔ le tsitre ɖi na? (b) Nu ka mee míadzro le ta mamlɛtɔ me?

24 Nu vevi aɖe ŋutɔe nyɔnyrɔxɔxɔ le tsitre ɖi na. Ne wonyrɔ wò nèbu ɖe tsia me la, efia be èku le wò agbenɔnɔ tsãtɔ gome alo nèɖe asi le eŋu. Ne wofɔ wò tso tsia me la, efia be èdze Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ƒe agbenɔnɔ yeye aɖe gɔme. Esia fia be àsubɔ Yehowa tso fifia dzi yina. Ðo ŋku edzi be menye amegbetɔ, habɔbɔ alo dɔ aɖee nèɖe adzɔgbe na o. Ke boŋ Yehowae nètsɔ wò agbe ɖe adzɔgbe na.

25 Wò adzɔgbeɖeɖea akpe ɖe ŋuwò nàna wò kple Mawu dome nava nɔ kplikplikpli. (Psalmo 25:14) Esia mefia be ne ame nya xɔ nyɔnyrɔ ko la, akpɔ ɖeɖe godoo o. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Miyi edzi miatsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya anɔ miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti dɔ la wɔm.” (Filipitɔwo 2:12) Gɔmedzedze koe nyɔnyrɔxɔxɔ nye. Ke aleke nàwɔ anɔ Yehowa ŋu kplikplikpli? Agbalẽ sia ƒe ta mamlɛtɔ aɖo nya sia ŋu.