Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA WUIASIEKE

Nɔ Yehowa Ŋu Kplikplikpli

Nɔ Yehowa Ŋu Kplikplikpli

1, 2. Afi kae míakpɔ dedienɔƒe le egbea?

TSƆE be èle zɔzɔm le gota eye kaka nàkpɔ la, tsie nye ema ɖo yibɔ. Ya le ƒoƒom ʋuduʋudu eye tsia te gbeɖeɖe hele dzo kem miamiamia. Kasia, tsia te dzadza bababa. Èle teƒe aɖe si nàbe tsi ɖo la dim. Aleke wò dzi adze emee nye esi ne èkpɔ teƒe aɖe si nàbe ɖo ahanɔ dedie!

2 Nɔnɔme ma tɔgbi mee míele egbea. Xexea me ƒe nɔnɔmewo le gbegblẽm ɖe edzi. Àbia be, ‘Afi kae manɔ dedie le?’ Biblia me hakpala aɖe gblɔ be: “Magblɔ na Yehowa be: ‘Nye sitsoƒe kple nye mɔ́ sesẽ nènye, nye Mawu si ŋu meɖoa ŋu ɖo.’” (Psalmo 91:2) Ɛ̃, Yehowa ate ŋu ana míakpɔ gbɔdzɔe tso míaƒe kuxiwo me fifia eye ena etsɔmemɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe hã mí.

3. Nu kae míawɔ be Yehowa nanye míaƒe sitsoƒe?

3 Aleke Yehowa ate ŋu akpɔ mía tae? Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe kuxi ɖe sia ɖe nu, eye etri akɔ sãsãsã wu ame sia ame si adi be yeawɔ nu vevi mí. Ne nya vɔ̃ aɖe dzɔ ɖe mía dzi gɔ̃ hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖɔ nu si dome gblẽ na mí la ɖo le etsɔme. Biblia gblɔ be: “Minɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa.” (Yuda 21) Ele be míanɔ Yehowa ŋu kplikplikpli ale be wòakpe ɖe mía ŋu ne míeɖo nɔnɔme sesẽwo me. Aleke míate ŋu awɔ esiae?

LƆ̃ MAWU ELABE ELƆ̃ WÒ

4, 5. Aleke Yehowa ɖee fia be yelɔ̃ mí?

4 Hafi míate ŋu anɔ Yehowa ŋu kplikplikpli la, ele be míade dzesi ale si gbegbe wòlɔ̃ míi. Bu nu siwo gbegbe Yehowa na mí ŋu kpɔ. Ena anyigba nyui aɖe mí, eye wòna ati kple lã nyakpɔ geɖe hã mí. Ena nuɖuɖu viviwo kple tsi nyuiwo hã mí. Yehowa fia eƒe ŋkɔa kple eƒe nɔnɔme lédzinamewo mí le Biblia me. Ƒo wo katã ta la, eɖee fia be yelɔ̃ mí esi wòdɔ Via malɔ̃nugbɔ Yesu ɖo ɖe anyigba dzi wòva tsɔ eƒe agbe sa vɔ ɖe mía ta. (Yohanes 3:16) Eye vɔsa sia na be etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui aɖe su mía si.

5 Yehowa na Mesia Fiaɖuƒea, si nye dziɖuɖu si le dziƒo, si ava ɖe fukpekpewo ɖa kpuie hã mí. Fiaɖuƒea ana anyigba nazu paradiso, eye ame sia ame anɔ anyi le ŋutifafa kple dzidzɔ me tegbee. (Psalmo 37:29) Yehowa gaɖee fia be yelɔ̃ mí esi wòfia ale si míanɔ agbe le mɔ nyuitɔ nu fifia gɔ̃ hã la mí. Ekpe mí hã be míado gbe ɖa na ye, eye ele klalo ɣesiaɣi be yeaɖo to mí. Yehowa ɖee fia kɔtɛe be yelɔ̃ mía dometɔ ɖe sia ɖe.

6. Aleke nàwɔ nu ɖe lɔlɔ̃ si Yehowa ɖe fia wò la nui?

6 Aleke wòle be nàwɔ nu ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si wòɖe fia wò la nui? Ðee fiae be yekpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo katã wòwɔ na ye la ŋu. Nublanuitɔe la, ame geɖe nye akpemadalawo egbea. Nenema ke ko wònɔ esime Yesu nɔ anyigba dzi. Gbe ɖeka la, Yesu da dɔ na anyidɔléla ewo, gake wo dometɔ ɖeka koe va da akpe nɛ. (Luka 17:12-17) Míedi be míanɔ abe ame ɖeka ma ene. Míedi be míanɔ akpe dam na Yehowa ɣesiaɣi.

7. Aleke gbegbe wòle be míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa nade toe?

7 Ele be míawo hã míaɖee afia Yehowa be míelɔ̃e. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be ele be woalɔ̃ Yehowa kple woƒe dzi blibo kple woƒe luʋɔ blibo kpakple woƒe tamesusu blibo. (Xlẽ Mateo 22:37.) Nu kae esia fia?

8, 9. Aleke míaɖee afia Yehowa be míelɔ̃e?

8 Ðe gbɔgblɔ ko be míelɔ̃ Yehowa ɖeɖe sɔ gbɔa? Ao. Ne míelɔ̃ Yehowa kple míaƒe dzi, luʋɔ kple tamesusu blibo la, míaɖe ale si míelɔ̃e la afia le míaƒe nuwɔnawo me. (Mateo 7:16-20) Biblia ɖee fia kɔtɛe be ne míelɔ̃ Mawu la, míawɔ ɖe eƒe sededewo dzi. Ðe esia wɔwɔ sesẽa? Ao, elabe Yehowa ƒe “seawo menye agba o.”—Xlẽ 1 Yohanes 5:3.

9 Ne míeɖoa to Yehowa la, míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me. (Yesaya 48:17, 18) Nu kawoe akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ Yehowa ŋu kplikplikpli? Na míakpɔe ɖa.

YI EDZI NÀNƆ TETEM ÐE YEHOWA ŊU

10. Nu ka tae wòle be nàyi edzi anɔ nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu?

10 Aleke nèwɔ va zu Yehowa xɔlɔ̃? To Biblia-sɔsrɔ̃ me la èva nya Yehowa nyuie, eye wò kplii mieva zu xɔlɔ̃wo. Xɔlɔ̃dzedze le abe dzo ene, ele be nànɔ etum ɖo be magatsi o. Abe ale si ko wòhiã be nake nanɔ dzo me hafi dzoa nanɔ bibim ene la, ehiã be nàyi edzi anɔ nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu ale be wò kplii ƒe xɔlɔ̃dzedzea me nanɔ sesẽm ɖe edzi.—Lododowo 2:1-5.

Abe ale si ko nake nana dzo bina ene la, ehiã be nànɔ wò lɔlɔ̃ na Yehowa tum ɖo

11. Dɔ kae Biblia me nufiafiawo awɔ ɖe dziwò?

11 Ne èyi Biblia-sɔsrɔ̃ dzi la, àva srɔ̃ nu wɔdɔɖeamedzi geɖewo. Kpɔ ale si Yesu ƒe nusrɔ̃la eve aɖewo wɔ nui esi wòɖe Biblia me nyagblɔɖiwo gɔme na wo la ɖa. Wogblɔ be: “Ðe míaƒe dzi melé dzo le mía me, esi wòle nu ƒom na mí le mɔa dzi hele Ŋɔŋlɔawo me ɖem na mí tsitotsito oa?”—Luka 24:32.

12, 13. (a) Nu kae ate ŋu adzɔ ɖe lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu la dzi? (b) Aleke míawɔ be lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu la me nakpɔtɔ asẽ?

12 Abe ale si ko Ŋɔŋlɔawo gɔme sese wɔ dɔ ɖe nusrɔ̃laawo dzi vevie ene la, dzo ma tɔgbi anya nɔ mewò esi nète Biblia la gɔme sese. Esia kpe ɖe ŋuwò nèva nya Yehowa eye nèlɔ̃e. Mèdi kura be lɔlɔ̃ sia nu natsi o.—Mateo 24:12.

13 Ne èva zu Mawu xɔlɔ̃ la, ele be nàdze agbagba vevie ana xɔlɔ̃dzedze sia me nasẽ. Ele be nàyi edzi anɔ nu srɔ̃m tso eya amea kple Yesu ŋu, eye nàyi edzi anɔ ŋugble dem tso nu siwo srɔ̃m nèle kple ale si nàwɔ wo dzi le wò agbenɔnɔ me la ŋu. (Yohanes 17:3) Ne èxlẽ Biblia alo srɔ̃e la, bia ɖokuiwò be: ‘Nu kae esia fiam tso Yehowa Mawu ŋu? Nu ka tae wòle be malɔ̃e kple nye dzi, luʋɔ kpakple tamesusu blibo?’—1 Timoteo 4:15.

14. Aleke gbedodoɖa wɔnɛ be míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa me sẽna ɖe edzi?

14 Ne xɔlɔ̃ nyui aɖe le asiwò la, ànɔ dze ɖom kplii edziedzi, eye esia awɔe be wò kplii ƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me anɔ sesẽm ɖe edzi. Nenema kee ne míeɖoa dze kple Yehowa le gbedodoɖa me la, ewɔnɛ be míaƒe lɔlɔ̃ na eya amea me nɔa sesẽm ɖe edzi. (Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:17.) Gbedodoɖa nye nunana tɔxɛ aɖe tso mía Fofo si le dziƒo la gbɔ. Ele be míado gbe ɖa nɛ ɣesiaɣi tso dzi me. (Psalmo 62:8) Mele be míalé míaƒe gbedodoɖawo ɖe susu me agbugbɔ anɔ gbɔgblɔm o, ke boŋ ele be nyaawo natso dzi me na mí. Ɛ̃, ne míeyi edzi le Biblia srɔ̃m eye míedoa gbe ɖa tso dzi me la, míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa nu anɔ sesẽm ɖe edzi.

NUƑOƑO TSO YEHOWA ŊU

15, 16. Aleke nèbua gbeƒãɖeɖedɔa?

15 Ne míedi be míayi edzi anɔ Yehowa ŋu kplikplikpli la, ele be míaƒo nu tso míaƒe dzixɔsewo ŋu na amewo. Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖee wònye be míaƒo nu tso Yehowa ŋu na amewo. (Luka 1:74) Esia nye dɔ si Yesu de Kristotɔwo katã si. Ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe naɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. Èle esia wɔm xoxoa?—Mateo 24:14; 28:19, 20.

16 Apostolo Paulo bu gbeƒãɖeɖedɔa nu vevi aɖe ŋutɔe, eyɔe be “nu xɔasi.” (2 Korintotɔwo 4:7) Gbeƒãɖeɖe tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋue nye dɔ vevitɔ si nàte ŋu awɔ. Enye mɔ aɖe si dzi nàto asubɔ Yehowa. Yehowa dea asixɔxɔ nu siwo nèwɔna nɛ la ŋu. (Hebritɔwo 6:10) Gbeƒãɖeɖedɔa ate ŋu aɖe vi na wò ŋutɔ kple ame siwo ɖoa to wò, elabe èle kpekpem ɖe ɖokuiwò kple ame bubuwo ŋu be miate ɖe Yehowa ŋu bene miakpɔ agbe mavɔ. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:58.) Ðe dɔ bubu aɖe gali si ate ŋu ana dzidzeme sia gbegbe wòa?

17. Nu ka tae gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpata?

17 Gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpata. Ele be míaɖe “gbeƒã nya la” eye ‘míanɔ edzi vevie.’ (2 Timoteo 4:2) Ehiã be amewo nase nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Biblia gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe! Etu aƒe, eye wòle du dzi sesĩe gbɔna!” Nuwuwu la “mahe ɖe megbe o!” (Zefaniya 1:14; Habakuk 2:3) Ɛ̃, eteƒe madidi o, Yehowa atsrɔ̃ Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia. Gake do ŋgɔ na nudzɔdzɔ ma la, ele be woaxlɔ̃ nu amewo ale be woate ŋu atiae be yewoasubɔ Yehowa.

18. Nu ka tae wòle be míawɔ ɖeka kple Kristotɔ vavã bubuwo asubɔ Yehowa?

18 Yehowa di be míawɔ ɖeka kple Kristotɔ vavã bubuwo asubɔ ye. Biblia gblɔ be: “Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, ale be míado ŋusẽ mía nɔewo na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe kpekpewo gblẽm ɖi, abe ale si wòzu numame na ame aɖewo ene o, ke boŋ míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo, eye míawɔe geɖe wu, zi ale si miekpɔ be ŋkeke la le ɖoɖom la.” (Hebritɔwo 10:24, 25) Ele be míadze agbagba vevie anɔ míaƒe kpekpewo katã dem. Mɔnukpɔkpɔ sua mía si le kpekpeawo me míedea dzi ƒo na mía nɔewo hedoa ŋusẽ mía nɔewo.

19. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàlɔ̃ nɔviwò Kristotɔwo?

19 Ne èdea kpekpeawo la, àdze xɔlɔ̃ nyui siwo akpe ɖe ŋuwò miasubɔ Yehowa. Àdo go nɔvi vovovo siwo dzea agbagba be yewoasubɔ Yehowa abe ale si wò hã nèle ewɔm ene la le afi ma. Gake wonye ame madeblibowo abe wò ene, eye wodaa vo. Eya ta ne wodze agɔ le dziwò la, lɔ̃ faa nàtsɔe ake wo. (Xlẽ Kolosetɔwo 3:13.) Dze agbagba wò ŋku nanɔ nɔviwò Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu ɣesiaɣi, elabena esia wɔwɔ ana nàlɔ̃ wo eye nàte ɖe Yehowa ŋu geɖe wu.

AGBE VAVÃ LA

20, 21. Nu kae nye “agbe vavã la”?

20 Yehowa di be agbe nyuitɔ kekeake nasu ye xɔlɔ̃wo si. Biblia fia mí be agbe si míava nɔ le etsɔme la ato vovo sãsãsã tso agbe si míele egbea la gbɔ.

Yehowa di be nàse vivi na “agbe vavã la.” Asu asiwòa?

21 Le etsɔme la, míanɔ agbe tegbee, menye ƒe 70 alo ƒe 80 aɖewo ko o. Míanɔ “agbe mavɔ” le lãmesẽ, ŋutifafa kple dzidzɔ blibo me le paradiso nyakpɔ aɖe me. Esiae Biblia yɔ be “agbe vavã la.” Yehowa do ŋugbe be yeana agbe vavã la mí, gake ele be míawɔ nu sia nu si míate ŋui fifia ale be míaƒe “asi nasu” edzi.—1 Timoteo 6:12, 19.

22. (a) Aleke míawɔ be míaƒe “asi nasu agbe vavã la dzi”? (b) Nu ka tae mímate ŋu adze na agbe mavɔ kpɔkpɔ le mía ɖokuiwo si gbeɖe o?

22 Aleke míawɔ be míaƒe “asi nasu agbe vavã la dzi”? Ele be míawɔ “nyui” eye míanye “kesinɔtɔwo le dɔ nyuiwo wɔwɔ me.” (1 Timoteo 6:18) Esia fia be ele be míawɔ nu siwo míesrɔ̃na le Biblia me la dzi. Gake agbe vavã la menɔ te ɖe míawo ŋutɔwo ƒe agbagbadzedze dzi o. Mímate ŋu awɔ naneke le mía ɖokui si adze na agbe mavɔ gbeɖe o. Enye nu si Yehowa ana esubɔla wɔnuteƒewo faa, Mawu ƒe “amenuveve” ye wònye. (Romatɔwo 5:15) Mía Fofo si le dziƒo la di vevie be yeana nunana sia ye subɔla wɔnuteƒewo.

23. Nu ka tae wòle be nàwɔ tiatia nyuitɔ fifia?

23 Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe mele Mawu subɔm le mɔ si wòdi la nua?’ Ne èkpɔe be ehiã be yeawɔ tɔtrɔ aɖewo la, ke wɔe fifia. Ne míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye míedzea agbagba ɖe sia ɖe be míaɖo toe la, Yehowa anye míaƒe sitsoƒe. Akpɔ esubɔla wɔnuteƒewo ta woato Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me ado dedie. Eye Yehowa akpɔ egbɔ be míanɔ Paradiso me tegbee abe ale si wòdo ŋugbee ene. Ɛ̃, wò asi ate ŋu asu agbe vavã la dzi ne èwɔ tiatia nyuitɔ fifia!