Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYABIASE 5

Nu Kae Mawɔ Ne Nye Sukuhatiwo Ðia Nunye?

Nu Kae Mawɔ Ne Nye Sukuhatiwo Ðia Nunye?

NU SI TA WÒLE VEVIE

Ale si nàwɔ nu ate ŋu ana be nɔnɔmea naɖɔ ɖo alo nanyra ɖe edzi kura.

NU KAE NÀWƆ?

Kpɔ nudzɔdzɔ sia ɖa le susu me: Thomas medi be yeayi suku egbea o. Medi be yeayii etsɔ hã o. Eye megadi be yeayii kura o. Nya la katã dze egɔme ɣleti etɔ̃ aɖewoe nye esia esime eƒe sukuhatiwo te eŋuti gbegblẽ. Eyome wotsɔ megbeŋkɔwo nɛ. Ɣeaɖewoɣi la, sukuvi aɖewo ƒoa eƒe sukugbalẽ le esi hewɔna abe ɖe womenya hafi wɔe o ene. Ɣeaɖewoɣi hã la, ame aɖewo tutunɛ le megbe, gake ne etrɔ kpɔ sukuviawo la, menyaa wo dometɔ si tutu ye o. Etsɔ si va yi la, amenuɖianuwo wɔwɔ ɖe Thomas ŋu va do gã ɖe edzi esi woƒe sukuvi aɖewo ŋlɔ nu le internet dzi tsɔ do vɔvɔ̃ nɛ be . . .

Ne wòe nye Thomas ɖe, nu kae nàwɔ?

TƆ NÀBU EŊU KPƆ!

Àte ŋu awɔ nane tso nɔnɔmea ŋu! Le nyateƒe me la, àte ŋu anɔ te ɖe anyrawɔlaa nu kɔmadamadae. Aleke nàwɔ esiae?

  • LÉ ÐOKUIWÒ KPOO. Biblia gblɔ be: “Bometsila dudua eƒe seselelãme katã kɔna ɖi, ke nunyala léa enu tufafatɔe.” (Lododowo 29:11) Ne èlé ɖokuiwò kpoo, vevietɔ le gota gome la, ame siwo le nuwò ɖiam la ava dzudzɔ.

  • MÈGAWƆ WƆÐENUI O. Biblia gblɔ be: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.” (Romatɔwo 12:17) Ðeko wɔɖenuiwɔwɔ ana nya la nanyra ɖe edzi.

  • MÈGADE ÐOKUIWÒ NYA ME O. Biblia gblɔ be: “Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui.” (Lododowo 22:3) Ne anya wɔ la, ƒo asa na ame siwo ate ŋu awɔ amenuɖianuwo ɖe ŋuwò kple nɔnɔme siwo me esia ate ŋu adzɔ le la keŋkeŋ.

  • ÐO NYA ŊU NƐ LE MƆ SI MAKPƆ MƆ NA O NU. Biblia gblɔ be: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu.” (Lododowo 15:1) Àte ŋu atsɔ amea ƒe nyaa awɔ nukonyae gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, ne woko wò be èlolo akpa la, àte ŋu akɔ abɔta dzi agblɔ be, “Mekpɔe be ele be maɖi ku vie!”

  • DZO LE AMEA GBƆ. Nora si xɔ ƒe 19 gblɔ be: “Ne èzi ɖoɖoe hedzo le amenuɖialaa gbɔ kpoo la, àɖee fia be yetsi le susu me eye yesesẽ wui. Àɖee fia be yeɖua ye ɖokui dzi; nɔnɔme sia mele amenuɖialaa si o.”—2 Timoteo 2:24.

  • KA ÐE ÐOKUIWO DZI. Zi geɖe la, ame siwo dia ge le ame ŋu kpɔa ame siwo meka ɖe wo ɖokuiwo dzi o eye womate ŋu aʋli wo ɖokuiwo ta o la dzea sii. Gake wo dometɔ geɖe adzudzɔ gedidi le ŋuwò ne wokpɔe be mèle mo nam yewo o.

  • GBLƆE NA AME AÐE. Ame aɖe si nye sukunufiala tsã gblɔ be: “Made dzi ƒo na ame sia ame si nu ɖiam wole la be wòakɔ nu le edzi. Esiae nye nu nyuitɔ, eye ate ŋu awɔe hã be amea magawɔ nu sia ɖe ame bubuwo hã ŋu o.”

Ne èka ɖe ɖokuiwò dzi la, ana ŋusẽ aɖe si mele amenuɖialaa si o la nasu asiwò