Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYABIASE 6

Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu Nu?

Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu Nu?

NU SI TA WÒLE VEVIE

Ne mèɖea mɔ hawòtiwo ƒoa nya ɖe nuwò o la, wò ŋutɔ àkpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe dzi, eye womakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o.

NU KAE NÀWƆ?

Kpɔ nudzɔdzɔ sia ɖa le susu me: Esi ŋutsuvi si woyɔna be Brian kpɔ eƒe sukuhatiwo zɔ gbɔna egbɔ la, eƒe dzi lã kpo. Wotee kpɔ zi eve le kwasiɖa sia me xoxo be yewoaƒoe ɖe enu wòano sigaret. Esiae nye zi etɔ̃lia.

Ŋutsuvi gbãtɔ gblɔ be:

“Wò ɖeka koe gale zɔzɔma? Maɖe xɔ̃nye aɖe fia wò.”

Ete ŋku ɖee hafi gblɔ nya “xɔ̃nye,” eye wòɖe nane le eƒe kotoku me do ɖe Brian gbɔ.

Brian kpɔ sigaret la le ŋutsuvia ƒe asibidɛwo me. Brian ƒe dzi galã kpo wu tsã.

Brian gblɔ be: “Akpe, megblɔe na mi xoxo be nyeme. . . ”

Ŋutsuvi evelia tso nya le enu be: “Mègavɔ̃ o la.”

Brian do dzi gblɔ be: “Nyemele vɔvɔ̃m o.”

Ŋutsuvi evelia kpla asi kɔ na Brian gblɔ nɛ dzaa be: “Wò ya xɔe ko.”

Ŋutsuvi gbãtɔa gado sigaret la ɖe Brian ƒe mo nyuie hedo dalĩ nɛ be: “Míagblɔe na ame aɖeke o. Ame aɖeke masee o.”

Ne wòe nye Brian ɖe, nu kae nàwɔ?

TƆ NÀBU EŊU KPƆ!

Ðe Brian hatiwo bu nu si wɔm wole la ŋu nyuiea? Woawo ŋutɔwoe tiae le wo ɖokui sia? Anɔ eme be menye woawo ŋutɔe o. Ðeko woawo hã kpɔ ame bubuwo ƒe nu le wɔwɔm.

Ne nuwòe woƒo nya ɖo be nàwɔ nu sia la, nu kae nàwɔ?

  1. BU EŊU DO ŊGƆ

    Biblia gblɔ be: “Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui, ke ame makpɔnuteƒe yina ɖadea ta eme, eye wòkpɔa emetsonua.”—Lododowo 22:3.

    Zi geɖe la, àte ŋu akpɔe be afɔku gbɔna. Tsɔe be èkpɔ wò sukuhatiwo le ŋgɔwò ɖaa wole sigaret nom. Ne èkpɔ kuxia do ŋgɔ la, àte ŋu anɔ te ɖe enu dzidzedzetɔe.

  2. BU EŊU NYUIE

    Biblia gblɔ be: “Milé dzitsinya nyui me ɖe asi.”—1 Petro 3:16.

    Bia ɖokuiwò be, ‘Aleke mava se le ɖokuinye me emegbe ne mewɔ nu abe woawo ene?’ Enye nyateƒe be wò nu adze hawòtiwo ŋu fifia ya. Gake aleke nàva se le ɖokuiwò me emegbe? Ðe nàdi be yeaɖe asi le yeƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu ava nɔ nu wɔm abe wò sukuhatiwo ene kple susu be yeƒe nu nadze wo ŋua?—2 Mose 23:2.

  3. TSO NYA ME

    Biblia gblɔ be: “Nunyala ɖɔa ŋu ɖo.”—Lododowo 14:16.

    Godogodo la, ava hiã be nàtso nya me ahanɔ emetsonuawo nu. Biblia ƒo nu tso ame siwo tso nya me nyuie ŋu, wo dometɔ aɖewoe nye Yosef, Hiob kple Yesu. Egaƒo nu tso ame aɖewo siwo metso nya me nyuie o hã ŋu, wo dometɔ aɖewoe nye Kain, Esau kple Yuda. Nu kae wò ya nàwɔ?

Biblia gblɔ be ele be “nàwɔ nuteƒe.” (Psalmo 37:3) Ne ède ŋugble tso emetsonuawo ŋu hetso nya me le nu si nèdi be yeawɔ ŋu la, anɔ bɔbɔe na wò be nàgblɔ wò susu na ame siwo le nya ƒom ɖe nuwò eye aɖe vi geɖe hã na wò.

Mègatsi dzi o, mehiã be nàɖe nu me na hawòtiwo fũu o. Ne ègblɔ kakaɖedzitɔe be AO la, esia ɖeɖe dzaa su. Alo ne èdi be yeagblɔe eme nakɔ na wo kɔtɛe be yemakpɔ gome le woƒe nuwɔnaa me o la, àte ŋu agblɔ be:

  • “Nyemele eme kpli mi o!”

  • “Nyemewɔa nu siawo tɔgbi o!”

  • “Aa, miawo ŋutɔwo mienyam xoxo ɖe!”

Nu vevitɔe nye be nàɖe afɔ kaba, eye nàwɔe kple kakaɖedzi. Ne èwɔe alea la, ale si hawòtiwo ŋutɔ ana ta kaba la awɔ nuku na wò!

ALE SI NÀWƆ NU NE WOÐUA FEWU LE ŊUWÒ

Ne hawòtiwo ɖoa nu na wò nèwɔna la, àzu abe fefenu ene le wo si me

Ne hawòtiwo koa wò ya ɖe? Ðewohĩ wogblɔna be: “Nu kae le fu ɖem na wò, vɔvɔ̃nɔtɔe nènyea?” Ke nyae be nyaƒoɖeamenue nye ema. Aleke nàwɔ nui? Àte ŋu awɔ nu eve ya teti.

  • Lɔ̃ ɖe woƒe fewuɖuɖua dzi. (Àte ŋu agblɔ be, “Nyateƒee, mele vɔvɔ̃m!” Eye nàgblɔ nu si tae nègblɔ nenema ɖo la kpuie.)

  • Àte ŋu atrɔ nyaƒoɖeamenua ɖe hawòtia ŋutɔ dzi. Gblɔ nu si tae nègbe be yemawɔ eƒe nya dzi o eye nàgblɔ nya aɖe si ana wòabu tame la nɛ. (Àte ŋu agblɔ be, “Mesusui be ale si gbegbe wò tagbɔ kɔe la, mano sigaret hafi o!”)

Ne hawòtia gakpɔtɔ le fewu ɖum le ŋuwò la, dzo le egbɔ! Ne èkpɔtɔ le egbɔ la, nyaƒoɖeamenua nu anɔ sesẽm ɖe edzi. Ne èdzo le egbɔ la, àɖee fia be yemedi be amewo natrɔ yeƒe susu o.

Le nyateƒe me la, hawòtiwo aƒo nya ɖe nuwò godoo. Gake wò ŋutɔe atia nu si nàwɔ, agblɔ wò susu na amea, eye nànɔ te ɖe nyaƒoɖeamenua nu. Wò ŋutɔe atso nya me le nu si nàwɔ ŋu mlɔeba!—Yosua 24:15.