Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYABIASE 8

Nu Kae Wòle Be Manya Tso Gbɔdɔnuwɔwɔ Ðe Ame Ŋuti Ŋu?

Nu Kae Wòle Be Manya Tso Gbɔdɔnuwɔwɔ Ðe Ame Ŋuti Ŋu?

NU SI TA WÒLE VEVIE

Ƒe sia ƒe la, wodɔa ame miliɔn gbogbo aɖewo gbɔ sesẽe alo toa mɔ aɖe dzi dɔa wo gbɔ, eye sɔhɛwo koŋ ŋutie wowɔa nu sia ɖo.

NU KAE NÀWƆ?

Esi ame aɖe dze Annette dzi la, amea tutui ƒu anyi hafi Annette va nya nu si le dzɔdzɔm ɖe edzi. Egblɔ be: “Medze agbagba ɖe sia ɖe be maʋli ɖokuinye le esi me. Metee kpɔ be mado ɣli gake ya koe le dodom le nunye. Metutui, metu afɔkpoe, metu kɔe eye mede fetui do kpoe. Ɣemaɣie wòtɔ yim. Wɔna vɔ le ŋunye keŋkeŋ.”

Ne wòe le nɔnɔme sia me ɖe, aleke nàwɔ nu?

TƆ NÀBU EŊU KPƆ!

Ne èdzrana ɖo nyuie do ŋgɔ, ɖewohĩ ènɔa ŋudzɔ le ɖokuiwò ŋu ne èdo go le zã me hã la, nu baɖa ate ŋu adzɔ ɖe dziwò kokoko. Biblia gblɔ be: “Dziɖuɖu le duɖimekeke me mele afɔ ɖeablɛ me ɣesiaɣi o, . . . eye dzidzedzekpɔkpɔ mele sidzedze me ɣesiaɣi o, elabena azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.”—Nyagblɔla 9:11.

Ame manyamanyawoe wɔa gbɔdɔnuwo ɖe sɔhɛ aɖewo ŋu abe ale si wòdzɔ ɖe Annette dzi ene. Le ame aɖewo gome la, woƒe ame nyanyɛwo alo woƒe ƒometɔwo gɔ̃ hãe wɔa nu sia ɖe wo ŋu. Esi Natalie xɔ ƒe ewo pɛ ko la, sɔhɛvi aɖe si tsɔ ɖe woƒe aƒe gbɔ la dɔa egbɔ. Egblɔ be: “Mevɔ̃na ŋutɔ eye le gɔmedzedzea la, ŋu kpeam ale gbegbe be nyemegblɔe na ame aɖeke o.”

MENYE WÒ VODADAE O

Annette gabua fɔ eɖokui kokoko ɖe nu si dzɔ ɖe edzi la ta. Egblɔ be: “Menɔa nu si dzɔ le zã ma me ŋu bum atraɖii. Ewɔ nam be ɖe wòle be magawɔ avu wu ema hafi. Gake nyateƒeae nye be esi wòtɔ yim la, ɖeko dzidzi ƒom megbɔdzɔ. Nyemagate ŋu awɔ naneke o, gake ewɔna nam kokoko be ele be magawɔ avu wu ema hafi.”

Natalie hã bua fɔ eɖokui. Egblɔ be: “Mele be maka ɖe edzi nenema gbegbe hafi o. Dzinyelawo de se na nye kple nɔvinye nyɔnu be míanɔ teƒe ɖeka ne míele fefem le gota, gake nyemewɔ ɖe edzi o. Eya ta mesena le ɖokuinye me be nye ŋutɔe na mɔnukpɔkpɔ míaƒe aƒelika wòwɔ nu vevim. Nu si dzɔ la gblẽ nu le nye ƒomea ŋu, eye mebunɛ be nyee do vevesese gã ma na wo. Esia ɖea fu nam ŋutɔ.”

Ne èsena le ɖokuiwò me abe Annette alo Natalie ene la, nu vevitɔ si wòle be wòanɔ susu me na wòe nye be, ne wodɔ ame aɖe gbɔ sesẽe la, mefia be eya ŋutɔe lɔ̃ ɖe edzi o. Ame aɖewo nana wòdzena abe menye nya gã aɖekee o ene. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔna be nenema ko ŋutsuviwo wɔna alo be ame si gbɔ wodɔ la ŋutɔe di be woadɔ ye gbɔ. Gake medze be woadɔ ame aɖeke gbɔ sesẽe o. Ne wowɔ nu vɔ̃ɖi sia ɖe ŋuwò la, menye wò vodadae o!

Enye nyateƒe be nyagbe si nye “menye wò vodadae o” xexlẽ le bɔbɔe, gake edzixɔxɔ se ya mele bɔbɔe kura o. Ame aɖewo mekɔa nu le ale si wosena le wo ɖokuiwo me ku ɖe nu si dzɔ ɖe wo dzi ŋu la dzi o, eye fɔbubu ame ɖokui kple seselelãme ɖefuname bubuwo ɖea kpe na wo. Gake ne èzi kpi la, ame ka dzie wòade, wòe loo alo ame si wɔ nua ɖe ŋuwò yea? Ade dziwò wu ne èkɔ nu le edzi.

GBLƆE NA AME AÐE

Biblia gblɔ na mí be esime ame dzɔdzɔe Hiob ƒe kuxiawo do gã ɖe edzi la, egblɔ be: “Maƒo nu le nye vevesese helĩhelĩ la ta!” (Hiob 10:1) Esia wɔwɔ ate ŋu aɖe vi na wò hã. Ne ègblɔ nu si dzɔ ɖe dziwò na ame aɖe si dzi nèka ɖo la, akpe ɖe ŋuwò nàse wò nɔnɔmea gɔme eye àkpɔ gbɔdzɔe tso wò seselelãme ɖefunameawo si me.

Anɔ eme be wò ɖeka màte ŋu atsɔ wò seselelãmewo o. Ðe manyo be nàgblɔe na ame aɖe ale be wòakpe ɖe ŋuwò oa?

Annette kpɔe be aɖaŋuɖoɖo sia ɖea vi. Egblɔ be: “Megblɔe na xɔ̃nye vevi aɖe, eye wòde dzi ƒo nam be magblɔe na míaƒe hamemetsitsi eve aɖewo. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be megblɔe na wo. Woɖo dze kplim zi geɖe eye wogblɔ nya si tututu mehiã la nam—wogblɔ nam be menye nye vodadae nu si dzɔ ɖe dzinye la nye o. Vodada aɖeke metso gbɔnye o.”

Natalie gblɔ nu si dzɔ ɖe edzi la na edzilawo. Egblɔ be: “Wokpe asi ɖe ŋunye. Wode dzi ƒo nam be maƒo nu tso eŋu, eye esia wɔe be nyemegaléa blanui henɔa dziku dom le ɖokuinye me o.”

Gbedodoɖa hã na be Natalie ƒe akɔ fa. Egblɔ be: “Nuƒoƒo na Mawu kpe ɖe ŋunye, vevietɔ le ɣeyiɣi siwo me mesena le ɖokuinye me be nyemate ŋu agblɔ nye nyawo na amegbetɔ aɖeke o la me. Ne mele gbe dom ɖa la, metea ŋu ƒoa nu faa. Enana mekpɔa ŋutifafa kple dzidzeme vavã.”

Wò hã àte ŋu akpɔe be “gbedaɣi li.” (Nyagblɔla 3:3) Lé be na ɖokuiwò eye nàdze agbagba aɖe susu ɖa le nu manyomanyo si dzɔ ɖe dziwò la dzi ahanɔ nu nyuiwo ŋu bum. Ði ɖe eme nyuie. Eye vevietɔ wu la, ɖo ŋu ɖe Yehowa, si nye akɔfafawo katã ƒe Mawu la ŋu.—2 Korintotɔwo 1:3, 4.

NE ÈTSI AÐO GBE ÐI

Ne ɖetugbuie nènye eye ame si wò kplii miele gbeɖoɖoɖi me ƒonɛ ɖe nuwò be nànɔ agbe makɔmakɔ aɖe la, anyo be nàtɔ afɔ to sesĩe agblɔ be, “Mègawɔe o!” alo “Ðe asi ɖa le ŋunye!” Mègazi kpi kple susu be ne yegbe nɛ la, atrɔ le ye yome o. Ne etso miaƒe kadodoa me le susu sia ta la, efia be medze be miayi kadodo ma dzi o! Èdze na ŋutsu vavã, ame si ade bubu wò ŋutilã kple dzidzenuwo ŋu.

GBƆDƆNUWƆNAWO TSƆTSƆ ÐE FU NA AME ŊUTI DODOKPƆ

“Esime menɔ sekɛndrisuku dem la, ŋutsuviwo hea nye noléwui ƒe megbe hegblɔa gbegblẽnyawo nam, nya mawo dometɔ ɖekae nye be ne yewodɔ gbɔnye la, nye lãme akɔ nyogonyogo.”—Coretta.

Èsusu be ɖe ŋutsuvi mawo

  1. A. Le fefem le eŋua?

  2. B. Le ahiã dimea?

  3. D. Tsɔ gbɔdɔnyawo le fu ɖem nɛa?

“Gbe ɖeka esi mele bɔs me la, ŋutsuvi aɖe te gbegblẽnyawo gbɔgblɔ nam henɔ léyem. Meƒo eƒe asi ɖa hegblɔ nɛ be nedzudzɔ. Ekpɔm gãa abe aɖaʋatɔe menye ene.”—Candice.

Nu kae nèsusu be ŋutsuvia le wɔwɔm na Candice? Ðe nàgblɔ be

  1. A. Le fefem le eŋua?

  2. B. Le ahiã dimea?

  3. D. Tsɔ gbɔdɔnyawo le fu ɖem nɛa?

“Le ƒe si va yi me la, ŋutsuvi aɖe gblɔna nam ɣesiaɣi be yelɔ̃m eye be yedi be manye yeƒe ahiãvi, togbɔ be megbena ɖaa hã. Ɣeaɖewoɣi la, elia asi abɔta nam. Ne megblɔ nɛ be nedzudzɔ la, edzi ko wònɔna. Gbe ɖeka esi menɔ afɔkpaka blam la, eƒo gbi dzi nam.”—Bethany.

Le wò susu nu la, ɖe ŋutsuvi sia

  1. A. Le fefem le eŋua?

  2. B. Le ahiã dimea?

  3. D. Tsɔ gbɔdɔnyawo le fu ɖem nɛa?

Nyabiase etɔ̃ siawo katã ƒe ŋuɖoɖo si sɔe nye D.

Vovototo kae le gbɔdɔnyawo tsɔtsɔ ɖe fu na ame, fefe le ame ŋu kple ahiãdidi ame dome?

Gbɔdɔnyawo tsɔtsɔ ɖe fu na ame tsoa ame ɖeka gbɔ. Amea yia nua wɔwɔ dzi ne ame evelia gblɔ nɛ be wòadzudzɔ gɔ̃ hã.

Afɔku le fuɖename sia ƒomevi me. Ate ŋu ana hã be woadɔ ame gbɔ sesẽe.