Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYABIASE 10

Aleke Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋunye?

Aleke Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋunye?

NU SI TA WÒLE VEVIE

Biblia gblɔ be “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.” (2 Timoteo 3:16) Ne nya sia nye nyateƒe la, ke àkpɔ mɔfiame siwo nèhiã la le Biblia me.

NU KAE NÀWƆ?

Kpɔ nudzɔdzɔ sia ɖa le susu me: David le ʋu kum va ɖo nuto aɖe si menya o la me. Elé ŋku ɖe dzesi siwo le mɔa dzi ŋu eye wòde dzesii be menye afi mae wòle be yeanɔ ɣemaɣi hafi o. Azɔ hafi wòva de dzesii be ɖe yebu mɔ. Ewɔ abe edze to mɔ bubu le mɔa dzi ene.

Ne wòe nye David ɖe, nu kae nàwɔ?

TƆ NÀBU EŊU KPƆ!

Àte ŋu awɔ nu siwo gbɔna:

  1. A. Àbia mɔ ta se.

  2. B. Àkpɔ anyigbatata dzi alo azã GPS-mɔfianu.

  3. D. Àku ʋua anɔ yiyim kple susu be yeava ke ɖe mɔa ŋu le ye ɖokui si.

Edze ƒãa be Tiatia D maɖe vi boo aɖeke na wò o.

Tiatia B ya ade dziwò wu gbãtɔa le go aɖewo me. Elabena anyigbatata alo GPS-mɔfianua anɔ asiwò nànɔ zazãm le mɔzɔzɔ bliboa me.

Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le mɔ ma ke nu!

Agbalẽ sia si womana wu le xexea me godoo la

  • ate ŋu afia mɔ wò le wò kuxiwo me

  • ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya ɖokuiwò eye akpe ɖe ŋuwò nàzu ame ɖɔʋu wu

  • ate ŋu afia ale si nànɔ agbe si me dzidzeme le la wò

AGBEMEBIABIA VEVIWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Ne míenya dze nuƒoƒo gɔme ko la, míetea nyabiabia.

  • Nu ka tae dziŋgɔlia le blɔ?

  • Nu kae naa ɣletiviwo nɔa keklẽm?

Emegbe míetea nyabiabia tso agbemenudzɔdzɔwo ŋu.

Ke ne ŋuɖoɖoawo le Biblia me tso gbe aɖe gbe ke ya ɖe?

Ame geɖe gblɔna be gliwo kple nyakpakpawo sɔŋ koe le Biblia me. Wogblɔna be Biblia me nyawo do xoxo alo wo gɔme sese sesẽ akpa. Gake Biblia ŋutɔ ŋue kuxia le loo, alo nya siwo amewo gblɔna tso eŋu wosena lae nye kuxia? Ðe wòanye be ɖe woble woa?

Amewo susuna be Biblia gblɔ be Mawue le xexea dzi ɖum. Gake nyateƒee nya ma nyea? Xexea me katã tɔ zi! Eme yɔ fũu kple vevesese, fukpekpe, dɔléle, ku, ahedada kple afɔkuwo. Aleke wòate ŋu adzɔe be Mawu lɔ̃ame nana nu siawo nanɔ dzɔdzɔm?

Àdi be yeanya ŋuɖoɖoa? Awɔ nuku na wò ne èse nu si Biblia gblɔ tso nya sia ŋu.

Ànya de dzesii be Biblia dzie wotu aɖaŋuɖoɖo siwo le agbalẽ sia me la ɖo. Yehowa Ðasefowo ka ɖe edzi be aɖaŋuɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le lae le Biblia me. Elabe “Mawu ƒe gbɔgbɔ me” ye Biblia tso eye “wònyo na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo.” (2 Timoteo 3:16, 17) Ade dziwò ŋutɔ ne èdzro blemagbalẽ sia si me nyawo sɔ na mí egbea ŋutɔ la me!