Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 2

Mawu Wɔ Ŋutsu Kple Nyɔnu Gbãtɔ

Mawu Wɔ Ŋutsu Kple Nyɔnu Gbãtɔ

Yehowa tso abɔ ɖe teƒe aɖe si woyɔna be Eden. Seƒoƒowo, atiwo kple lãwo yɔ abɔ la me fũu. Emegbe Mawu tsɔ anyi mè ame gbãtɔ Adam, eye wògbɔ ya ɖe eƒe ŋɔti me. Ènya nu si va dzɔa? Ame la va zu ame gbagbe! Yehowa tsɔ abɔ la de asi na Adam, eye Mawu gblɔ nɛ be wòatsɔ ŋkɔ na lãwo katã.

Yehowa de se vevi aɖe na Adam. Egblɔ na Adam be: ‘Àte ŋu aɖu atiawo katã ƒe tsetse faa negbe ati tɔxɛ aɖe tɔ ko màɖu o. Ne èɖu ati ma ƒe tsetse la àku.’

Emegbe Yehowa gblɔ be: ‘Mawɔ kpeɖeŋutɔ na Adam.’ Eya ta Mawu na Adam dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi eye wòɖe Adam ƒe agbaƒuti ɖeka tsɔ wɔ nyɔnu nɛ. Nyɔnua ŋkɔe nye Xawa. Adam kple Xawa ye va nye ƒome gbãtɔ. Aleke Adam se le eɖokui me ɖe srɔ̃a ŋu? Dzi dzɔ Adam ale gbegbe be wògblɔ be: ‘Kpɔ nu si Yehowa tsɔ nye agbaƒuti wɔ ɖa! Ahãa! Ame sia le abe nye ene.’

Yehowa gblɔ na Adam kple Xawa be woadzi viwo ne woayɔ anyigba la dzi. Mawu di be woawɔ dɔ ɖekae ana anyigba bliboa nazu paradiso alo abɔ nyui aɖe abe Eden-bɔ ene. Gake nuwo meva yi nenema o. Nu ka tae? Míasrɔ̃ nu tso eŋu le ta si gbɔna la me.

“Ame si wɔ ame tso gɔmedzedzea me la, ŋutsu kple nyɔnue wòwɔ woe.”—Mateo 19:4