Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 3

Adam Kple Xawa Meɖo To Mawu O

Adam Kple Xawa Meɖo To Mawu O

Gbe ɖeka esi Xawa ɖeɖe le abɔa me la, da aɖe va ƒo nu nɛ. Da la biae be: ‘Nyateƒee wònye be Mawu gblɔ be migaɖu atiawo katã ƒe tsetse aɖeke oa?’ Xawa ɖo eŋu nɛ be: ‘Míate ŋu aɖu atiawo katã ƒe tsetse faa negbe ɖeka ko. Ne míeɖu ati ma ƒe tsetse la míaku.’ Da la gblɔ nɛ be: ‘Miaku o. Ke boŋ ne mieɖui la, mianɔ abe Mawu ene.’ Nyateƒeea? Ao, alakpae! Gake Xawa xɔ nya ma dzi se. Esi Xawa nɔ atikutsetsea kpɔm la, edzroe. Eɖu atikutsetsea eye wòna ɖe Adam hã wòɖu. Adam nya be ne yewomeɖo to Mawu o la, yewoaku. Gake eɖu atikutsetsea.

Gbemagbe ke la, Yehowa ƒo nu na Adam kple Xawa. Ebia wo be nu ka tae womeɖo to ye o hã. Xawa gblɔ be da lae na, eye Adam hã be Xawae na. Esi Adam kple Xawa meɖo to Yehowa o ta la, enya wo le abɔa me. Esi medi be woagatrɔ ava abɔa me o ta la, ena mawudɔlawo kple yi aɖe si nɔ bibim la va nɔ abɔa ƒe mɔ nu.

Yehowa gblɔ be yeahe to na ame si ble Xawa la hã. Menye da la ŋutɔe ƒo nu na Xawa o. Yehowa mewɔ dawo be woaƒo nu o. Mawudɔla vɔ̃ɖi aɖee na da la ƒo nu. Ewɔ esia tsɔ ble Xawa. Mawudɔla ma ŋkɔe nye Satana Abosam. Eteƒe madidi o Yehowa atsrɔ̃ Satana ale be magate ŋu able amewo be woawɔ nu gbegblẽwo azɔ o.

‘Amewulae Abosam nye tso gɔmedzedzea me ke, eye meli ke ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eme o.’—Yohanes 8:44, etenuŋɔŋlɔ