Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 4

Edo Dziku Eye Wowu Nɔvia

Edo Dziku Eye Wowu Nɔvia

Esi Adam kple Xawa dzo le Eden-bɔa me la, wova dzi vi geɖe. Woƒe vi gbãtɔ Kain zu agbledela eye woƒe vi evelia Abel zu lãnyila.

Gbe ɖeka Kain kple Abel sa vɔ na Yehowa. Ènya nu si vɔsa nyea? Enye nunana tɔxɛ aɖe. Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe Abel ƒe vɔsaa ŋu ke mekpɔ dzidzɔ ɖe Kain ya tɔ ŋu o. Esia na Kain do dziku vevie. Yehowa gblɔ na Kain be eƒe dzikua ate ŋu ana wòawɔ nu gbegblẽ. Gake Kain meɖo to Mawu o.

Ke boŋ Kain gblɔ na Abel be: ‘Va míayi gbe me.’ Esi woawo ɖeɖe wonɔ gbea me la, Kain dze nɔvia dzi hewui. Nu kae Yehowa awɔ? Yehowa nya Kain yi didiƒe tso eƒe ƒomea gbɔ tsɔ he to nɛ. Mawu maɖe mɔ na Kain be wòagatrɔ agbɔ o.

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu sia me? Míate ŋu ado dziku ne nuwo meyi abe ale si míedi ene o. Ne míekpɔ be míedo dziku, alo ne ame bubuwo gblɔ na mí be yewode dzesii be míedo dziku la, ele be míawɔ kaba adzudzɔ dzikudodo hafi wòava gblẽ nu le mía ŋu.

Esi Abel lɔ̃ Yehowa eye wòwɔ nu si nyo ta la, Yehowa aɖo ŋku edzi ɣesiaɣi. Ne Mawu wɔ anyigba wòzu paradiso la, agbɔ agbe Abel.

“Wɔ ŋutifafa kple nɔviwòa gbã, eye ne ètrɔ gbɔ la, nàtsɔ wò nunana la ana.”—Mateo 5:24