Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 5

Noa Ƒe Aɖakaʋu La

Noa Ƒe Aɖakaʋu La

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, amewo va sɔ gbɔ ɖe anyigba dzi. Wo dometɔ geɖe vɔ̃ɖi. Mawudɔla siwo le dziƒo la dometɔ aɖewo gɔ̃ hã va zu ame vɔ̃ɖiwo. Wogblẽ woƒe nɔƒe si le dziƒo la ɖi heva anyigba dzi. Ènya susu si tae wova anyigba dzi ɖoa? Be woatrɔ azu amegbetɔwo ne woaɖe nyɔnuwo.

Mawudɔlaawo kple nyɔnuawo dzi vi. Ðevi siawo tsi va zu ame sesẽ siwo sẽa ŋuta. Wowɔa nu vevi amewo. Yehowa mate ŋu aɖe mɔ nu mawo nanɔ edzi yim o. Eya ta edi be yeatsɔ tsiɖɔɖɔ atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiawo.

Gake ŋutsu aɖe ya li si to vovo. Elɔ̃ Yehowa. Eŋkɔe nye Noa. Srɔ̃ ɖeka kple viŋutsu etɔ̃ nɔ esi, woawoe nye Sem, Ham kple Yafet eye srɔ̃ nɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe si. Yehowa gblɔ na Noa be wòakpa aɖakaʋu gã aɖe ale be eya kple eƒe ƒomea nanɔ eme atsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me. Aɖakaʋu nye nugo gã aɖe si ate ŋu anɔ tsi dzi. Yehowa gagblɔ na Noa be wòakplɔ lã geɖe ayi aɖakaʋu la me be woawo hã natsi agbe.

Enumake, Noa dze aɖakaʋu la kpakpa gɔme. Noa kple eƒe ƒomea tsɔ ƒe abe 50 ene kpa aɖakaʋu la. Wokpa aɖakaʋu la pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa gblɔ na wo be woawɔe ene. Le ɣeyiɣi mawo me la, Noa xlɔ̃ nu amewo tso Tsiɖɔɖɔa ŋu. Gake ame aɖeke meɖo toe o.

Mlɔeba ɣeyiɣia de be woayi aɖakaʋu la me. Na míakpɔ nu si va dzɔ ɖa.

“Ale si Noa ƒe ŋkekeawo nɔ la, nenema kee Amegbetɔvi la ƒe anyinɔɣi la hã anɔ.”—Mateo 24:37