Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 6

Ame Enyi Tsi Agbe Yi Xexe Yeye Aɖe Me

Ame Enyi Tsi Agbe Yi Xexe Yeye Aɖe Me

Noa kple eƒe ƒomea kpakple lãwo yi ɖe aɖakaʋu la me. Yehowa tu ʋɔa eye tsia dze dzadza gɔme. Tsia dza ale gbegbe be aɖakaʋu la ho ɖe tsia dzi. Vivivi la, tsia xɔ anyigba blibo la katã dzi. Ame vɔ̃ɖi siwo meyi aɖakaʋua me o la katã ku. Gake Noa kple eƒe ƒomea nɔ dedie le aɖakaʋu la me. Kpɔ ale si gbegbe woakpɔ dzidzɔe be yewoɖo to Yehowae ɖa!

Tsi dza bababa madzudzɔmadzudzɔe ŋkeke 40 kple zã 40. Emegbe tsia va nɔ miemiem vivivi. Mlɔeba aɖakaʋu la va tsi to aɖe tame. Gake tsi gbogbo aɖe ganɔ anyigba dzi le afi sia afi, eya ta Noa kple eƒe ƒomea mete ŋu do go le aɖakaʋu la me enumake o.

Vivivi la, tsia mie keŋkeŋ. Noa kple eƒe ƒomea nɔ aɖakaʋu la me wòwu ƒe ɖeka. Azɔ Yehowa gblɔ na wo be woate ŋu ado go le aɖakaʋu la me ava nɔ anyigba si le abe anyigba yeye aɖe ene la dzi. Woda akpe na Yehowa be ekpɔ yewo ta eye wowɔ esia to vɔsasa nɛ dzi.

Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe vɔsa sia ŋu. Edo ŋugbe be yemagatsɔ tsiɖɔɖɔ atsrɔ̃ nu sia nu si le anyigba la dzi azɔ o. Esi wòdi be yeaɖo kpe yeƒe ŋugbedodo sia dzi ta la, ena anyieʋɔ gbãtɔ do ɖe yame. Èkpɔ anyieʋɔ kpɔa?

Emegbe Yehowa gblɔ na Noa kple eƒe ƒomea be woadzi vi ayɔ anyigba la dzi.

“Noa ge ɖe aɖakaʋua me, eye [amewo mede] dzesii o, va se ɖe esime Tsiɖɔɖɔa va, eye wòkplɔ wo katã dzoe.”—Mateo 24:38, 39