Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 8

Abraham Kple Sara Ðo To Mawu

Abraham Kple Sara Ðo To Mawu

Ur nye du aɖe si medidi tso Babel gbɔ o, ame siwo nɔ du sia me la subɔa legbawo eye womesubɔa Yehowa o. Gake ŋutsu aɖe nɔ Ur si subɔa Yehowa ɖeɖe ko. Eŋkɔe nye Abraham.

Yehowa gblɔ na Abraham be: ‘Ʋu le aƒewò me, eye nàdzo le wò ƒometɔwo gbɔ, ne nàyi anyigba si mafia wò la dzi.’ Eye Mawu do ŋugbe nɛ be: ‘Àzu dukɔ gã aɖe, eye mayra anyigbadzitɔwo katã le tawò.’

Abraham menya afi si Yehowa be wòayi la o, gake eka ɖe Yehowa dzi. Eya ta Abraham, srɔ̃a Sara, fofoa Tera kple Abraham nɔvi ƒe vi Lot ɖo to Mawu eye wofɔ woƒe nuwo katã hedze mɔ didi aɖe zɔzɔ gɔme.

Abraham xɔ ƒe 75 hafi eya kple eƒe ƒomea va ɖo anyigba si Yehowa be yeatsɔ ana wo la dzi. Anyigba mae nye Kanaan-nyigba la. Mawu ƒo nu kple Abraham le afi ma eye wòdo ŋugbe nɛ be: ‘Matsɔ anyigba sia si kpɔm nèle la, ana viwòwo.’ Gake Abraham kple Sara tsi eye womedzi vi aɖeke o. Eya ta aleke Yehowa awɔ hafi eƒe ŋugbedodoa nava eme?

‘Le xɔse me Abraham ɖo to hedo go yi teƒe si woɖo be wòaxɔ wòanye eƒe domenyinu la; eye wòdzo, togbɔ be menya afi si yim wòle o hã.’—Hebritɔwo 11:8