Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 9

Edzi Vi Azɔ!

Edzi Vi Azɔ!

Abraham kple Sara ɖe srɔ̃ ƒe geɖe. Woʋu le aƒe nyui si me wonɔ le Ur la me va nɔ agbadɔ me. Gake Sara medo dziku o, elabena eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.

Sara di vevie be yeadzi vi eya ta egblɔ na Abraham be: ‘Ne nye dɔlanyɔnu Hagar dzi vi la, ke ɖevi la anye vinye.’ Emegbe Hagar dzi ŋutsuvi. Eye wona ŋkɔe be Ismael.

Le ƒe geɖe megbe, esi Abraham xɔ ƒe 99 eye Sara xɔ ƒe 89 la, amedzro etɔ̃ aɖewo va wo gbɔ. Abraham gblɔ na wo be woava ɖi ɖe eme le ati aɖe te eye wòna nuɖuɖu wo. Ènya ame si amedzroawo nyea? Mawudɔlawoe wonye! Wogblɔ na Abraham be: ‘Le ƒe si gbɔna ƒe ɣealewoɣi la, wò kple srɔ̃wò Sara miadzi ŋutsuvi.’ Sara nɔ agbadɔa me nɔ to ɖom. Eko nu eye wògblɔ na eɖokui be: ‘Nyateƒee wònye be madzi vi esi metsi alea?’

Le ƒe si kplɔe ɖo me la, Sara dzi ŋutsuvi, abe ale si Yehowa ƒe dɔla la gblɔe ene. Abraham tsɔ ŋkɔ nɛ be Isak, si gɔmee nye “Nukokoe.”

Esi Isak xɔ abe ƒe atɔ̃ ene la, Sara kpɔe be Ismael nɔa fewu ɖum le eŋu. Edi be yeakpɔ ye via ta, eya ta eyi Abraham gbɔ eye wògblɔ nɛ be wòanya Hagar kple Ismael. Gbã la, Abraham medi be yeanya wo o. Gake Yehowa hã di be yeakpɔ Isak ta, eya ta egblɔ na Abraham be: ‘Ðo to Sara. Malé be na Ismael. Gake ŋugbe si medo na wò la ava eme to Isak dzi.’

“Le xɔse me wona ŋusẽ Sara hã wòfɔ fu dzi vi, . . . elabena ebu Ame si do ŋugbea la nuteƒewɔlae.”—Hebritɔwo 11:11