Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 10

Ðo Ŋku Lot Srɔ̃ Dzi

Ðo Ŋku Lot Srɔ̃ Dzi

Lot kple fofoa nɔvi Abraham wonɔ Kanaan-nyigba dzi. Emegbe lã geɖe va nɔ Abraham kple Lot si ale gbegbe be teƒea megava lolo na wo o. Abraham gblɔ na Lot be: ‘Míagate ŋu anɔ teƒe ɖeka o. Meɖe kuku tia afi si nàdi be yeayi eye nye hã mayi afi bubu.’ Mèkpɔe be Abraham medi eɖokui tɔ oa?

Lot kpɔ anyigba la ƒe akpa siwo nyo si gogo Sodom dua. Afi si tsi geɖe kple gbe damawo le. Eya ta etia afi ma eye wòkplɔ eƒe ƒomea yi teƒe ma, emegbe wova nɔ Sodom dua me.

Sodomtɔwo kple ame siwo le Gomora du si te ɖe Sodom ŋu me la nye ame vɔ̃ɖiwo. Le nyateƒe me la, wovɔ̃ɖi ale gbegbe be Yehowa di be yeatsrɔ̃ du mawo. Gake Mawu di be yeakpɔ Lot kple eƒe ƒomea ta, eya ta edɔ mawudɔla eve aɖewo ɖe wo gbɔ be woaxlɔ̃ nu wo be: ‘Netsɔ! Mido go le du sia me! Yehowa le dua tsrɔ̃ ge.’

Lot medo go enumake o. Enɔ hehem ɖe megbe. Eya ta mawudɔlaawo lé Lot, srɔ̃a kple vianyɔnu eveawo ƒe alɔnu eye wokplɔ wo do goe kaba le dua me, eye wogblɔ na wo be: ‘Netsɔ! Misi ne miaɖe miaƒe agbe, eye migakpɔ megbe o. Ne miekpɔ megbe la, miaku!’

Esi wova ɖo du si nye Zoar me la, Yehowa na dzo kple dzokpe dza tso dziƒo ɖe Sodom kple Gomora dzi. Wotsrɔ̃ du eve mawo keŋkeŋ. Esi Lot srɔ̃ meɖo to Yehowa o eye wòkpɔ megbe la, etrɔ zu dzekɔ! Gake Lot kple vianyɔnuawo nɔ dedie elabena woɖo to Yehowa. Ate ɖe wo dzi vevie be Lot srɔ̃ meɖo to o. Ke hã dzi dzɔ wo be yewoɖo to Yehowa ƒe mɔfiamewo.

“Miɖo ŋku Lot srɔ̃ dzi.”—Luka 17:32