Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 11

Xɔse Ƒe Dodokpɔ Aɖe

Xɔse Ƒe Dodokpɔ Aɖe

Abraham fia via Isak be wòalɔ̃ Yehowa ahaka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo katã dzi. Gake esi Isak xɔ abe ƒe 25 ene la, Yehowa bia tso Abraham si be wòawɔ nane si wɔwɔ manɔ bɔbɔe kura o. Nu kae?

Mawu gblɔ na Abraham be: ‘Meɖe kuku, kplɔ viwò ɖeka kolia la, eye nàtsɔe asa vɔ le to aɖe dzi le Moriya-nyigba dzi.’ Abraham mese susu si ta Yehowa bia tso esi be wòawɔ nu ma gɔme o. Gake eɖo to Yehowa.

Le ŋkeke si kplɔe ɖo ƒe ŋdi kanya la, Abraham kplɔ Isak kple eƒe subɔvi eve eye woɖo ta Moriya. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, wonɔ toawo kpɔm ɖaa. Abraham gblɔ na eƒe subɔviawo be woalala ne ye kple Isak yewoayi aɖasa vɔ la. Abraham gblɔ na Isak be wòatsɔ nakea eye Abraham ŋutɔ tsɔ hɛ ɖe asi. Isak bia fofoa be: ‘Afi kae lã si míatsɔ asa vɔa le?’ Abraham ɖo eŋu be: ‘Vinye, Yehowa ŋutɔ ana lã si míatsɔ asa vɔe la mí.’

Esi wova ɖo toa dzi mlɔeba la, woɖi vɔsamlekpui. Emegbe Abraham bla Isak ƒe asiwo kple afɔwo eye wòtsɔe ɖo vɔsamlekpui la dzi.

Abraham tsɔ hɛ la. Le ɣeyiɣi ma tututu dzi la, Yehowa ƒe dɔla yɔe tso dziƒo be: ‘Abraham! Mègawɔ nu vevi aɖeke ɖevi la o! Azɔ menyae be èxɔ Mawu dzi se, elabena èlɔ̃ faa be yeatsɔ viwòa asa vɔe.’ Eye Abraham kpɔ agbo aɖe si ƒe dzowo ku avekawo. Enumake etu ka Isak eye wòtsɔ agboa boŋ sa vɔe.

Tso gbe ma gbe la, Yehowa yɔa Abraham be ye xɔlɔ̃. Ènya nu si taea? Abraham wɔ nu sia nu si Yehowa bia tso esi be wòawɔ, ne mese susu si tae Yehowa bia be wòawɔ nua gɔme o gɔ̃ hã.

Yehowa gado ŋugbe na Abraham be: ‘Mayra wò, eye mana viwòwo alo wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ.’ Esia fia be Yehowa ato Abraham ƒe ƒomea dzi ayra ame nyuiwo katã.

“Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16