Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 13

Yakob Kple Esau Wɔ Ŋutifafa

Yakob Kple Esau Wɔ Ŋutifafa

Yehowa do ŋugbe na Yakob be yeakpɔ eta abe ale si yekpɔ Abraham kple Isak ta ene. Yakob va nɔ teƒe aɖe si woyɔna be Haran, eɖe srɔ̃, ƒome gã aɖe ŋutɔ nɔ esi eye wòkpɔ kesinɔnu geɖe.

Emegbe Yehowa gblɔ na Yakob be: ‘Trɔ yi mia de.’ Eya ta Yakob kple eƒe ƒomea dze mɔ didi aɖe zɔzɔ gɔme ɖo ta wo de. Esi wole mɔa dzi yina la, ame aɖewo va gblɔ na Yakob be: ‘Nɔviwò Esau le mɔa dzi gbɔna, eye ŋutsu 400 kpe ɖe eŋu!’ Yakob vɔ̃ ŋutɔ elabena esusu be Esau di be yeawɔ nu vevi ye kple yeƒe ƒomea. Edo gbe ɖa na Yehowa be: ‘Meɖe kuku, ɖem tso nɔvinye si me.’ Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, Yakob ɖo alẽwo, gbɔ̃wo, nyiwo, kposɔwo kple tedzi geɖewo ɖe Esau.

Le zã ma me, esi Yakob ɖeɖe li la, ekpɔ mawudɔla aɖe! Eye mawudɔla la dze kametete gɔme kplii. Wonɔ edzi ʋuu va se ɖe esime ŋu ke. Togbɔ be nu vevi wɔ Yakob hã la, mena ta o. Mawudɔla la gblɔ nɛ be: “Ðe asi le ŋunye madzo.” Gake Yakob ɖo eŋu nɛ be: ‘Ao, nyemaɖe asi le ŋuwò o, va se ɖe esime nàyram hafi.’

Mawudɔla la yra Yakob mlɔeba. Azɔ Yakob kpɔe be Yehowa maɖe mɔ Esau nawɔ nu vevi ye o.

Le ŋdi ma la, Yakob kpɔ Esau kple ŋutsu 400 siwo le eŋu la ɖaa. Yakob dze ŋgɔ na eƒe ƒomea va do go nɔvia eye wòbɔbɔ nɛ zi adre sɔŋ. Esau ƒu du va kpe Yakob eye wòkpla asi kɔ nɛ. Wo ame evea wofa avi eye wowɔ ŋutifafa. Aleke nèsusu be Yehowa ase le eɖokui me tso ale si Yakob kpɔ kuxia gbɔe ŋu?

Emegbe Esau trɔ yi aƒe me, eye Yakob hã yi wo de. Yakob dzi ŋutsuvi 12. Woƒe ŋkɔwoe nye Ruben, Simeon, Lewi, Yuda, Dan, Naftali, Gad, Aser, Isakar, Zebulon, Yosef kple Benyamin. Yehowa zã wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Yosef tsɔ ɖe eƒe amewo. Ènya ale si wòwɔea? Na míakpɔe ɖa.

“Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye minɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta, ne miazu mia Fofo si le dziƒowo la ƒe viwo.”—Mateo 5:44, 45