Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 18

Ave Si Le Bibim

Ave Si Le Bibim

Mose nɔ Midian-nyigba dzi ƒe 40. Eɖe srɔ̃ eye wòdzi viwo. Gbe ɖeka esi wònɔ eƒe alẽwo kplɔm le teƒe aɖe si te ɖe Sinai Toa ŋu la, ekpɔ nu wɔnuku aɖe. Ŋuve aɖe nɔ bibim gake menɔ fiafiãm o! Esi Mose te ɖe eŋu be yeakpɔe ɖa la, ese gbe aɖe tso ŋuvea me be: ‘Mose! Mègate va afi sia o. Ðe wò afɔkpawo, elabena afi si nètɔ ɖo la, teƒe kɔkɔe wònye.’ Yehowae nɔ nu ƒom to mawudɔla aɖe dzi.

Vɔvɔ̃ ɖo Mose, eya ta etsyɔ nu ŋkume. Gbe si wòse la gblɔ nɛ be: ‘Mekpɔ fu siwo kpem Israel-viwo le. Maɖe wo tso Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo ayi anyigba nyui aɖe dzi. Wòe akplɔ nye amewo adzoe le Egipte.’ Mèkpɔe be nya sia awɔ nuku na Mose oa?

Mose bia be: ‘Ne ameawo biam be ame kae dɔ wò hã la, nya kae magblɔ?’ Mawu ɖo eŋu be: ‘Gblɔ na wo be Yehowa, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu ye dɔm.’ Eye Mose gabia be: ‘Ke ne ameawo meɖo tom o ɖe?’ Yehowa na nu si aɖo kpe edzi na Mose be yeakpe ɖe eŋu lae. Egblɔ na Mose be wòatsɔ eƒe atikplɔ aƒu gbe ɖe anyigba. Ale atikplɔ la trɔ zu da! Esi Mose lé da la ƒe asike la, egatrɔ zu atikplɔ ake. Yehowa gblɔ nɛ be: ‘Ne èwɔ nukunu sia la, aɖo kpe edzi be nyee dɔ wò.’

Mose gblɔ be: ‘Nu menya ƒona nam o.’ Yehowa gblɔ nɛ be: ‘Magblɔ nya si nàgblɔ la na wò, eye mana nɔviwò Aron nakpe ɖe ŋuwò.’ Esi Mose kpɔe be Yehowa akpe ɖe ye ŋu la, ekplɔ srɔ̃a kple viaŋutsu eveawo eye woɖo ta Egipte.

“Migatsi dzimaɖi le ale si miaƒo nui alo nya si miagblɔ ŋuti o, elabena woatsɔ nya si miagblɔ la ana mi le gaƒoƒo ma me.”—Mateo 10:19