Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 21

Fuwɔame Ewolia

Fuwɔame Ewolia

Mose gblɔ na Farao be yemagava egbɔ azɔ o. Gake hafi wòadzo la egblɔ na Farao be: ‘Le zã titina la, ŋgɔgbevi siwo katã le Egipte, tso Farao ƒe ŋgɔgbevi dzi va se ɖe kluviwo ƒe ŋgɔgbeviwo dzi la aku.’

Yehowa gblɔ na Israel-viwo be woaɖu nuɖuɖu tɔxɛ aɖe. Egblɔ na wo be: ‘Miwu alẽ alo gbɔ̃ si xɔ ƒe ɖeka eye miatsɔ ʋua ƒe ɖe asisi ɖe miaƒe ʋɔtrutiwo ŋu. Mimè lã la, eye miatsɔ amɔwɔ maʋamaʋã bolo aɖui. Midzra ɖo, miado miaƒe afɔkpawo hena dzodzo. Mana ablɔɖe mi le zã sia me.’ Bu ale si gbegbe dzi adzɔ Israel-viwoe ŋu kpɔ!

Le zã titina la, Yehowa ƒe dɔla yi Egiptetɔ ɖe sia ɖe ƒe aƒe me. Ŋgɔgbevi siwo katã le aƒe siwo me womesisi ʋu ɖe ʋɔtrutiawo ŋu le o la ku. Gake mawudɔlaa to aƒe siwo katã ƒe ʋɔtrutiwo ŋu wosisi ʋu ɖo la ŋu. Egiptetɔwo ƒe ƒome ɖe sia ɖe, gatɔwo kple ame dahewo siaa ƒe ŋgɔgbeviwo ku. Gake Israel-vi aɖeke ƒe vi meku o.

Farao ŋutɔ gɔ̃ hã ƒe vi ku. Eva glo Farao azɔ. Enumake egblɔ na Mose kple Aron be: ‘Miwɔ kaba, miaʋu adzo. Miyi ɖasubɔ miaƒe Mawu la. Mikplɔ miaƒe lãwo miadzo!’

Dzinu sɔ tegblee esime Israel-viwo ʋu dzo le Egipte le woƒe ƒomewo kple woƒe towo nu. Israel ŋutsu siwo dzo la nɔ 600,000 hekpe ɖe nyɔnu kple ɖevi gbogbo aɖewo ŋu. Azɔ hã ame bubu geɖe yi kpli wo be yewo hã yewoate ŋu asubɔ Yehowa. Woɖe asi le Israel-viwo ŋu azɔ!

Ele be woaɖu nuɖuɖu tɔxɛ ma ƒe sia ƒe atsɔ aɖo ŋku ale si Yehowa ɖe woe la dzi. Woyɔnɛ be Ŋutitoto la.

“Susu sia tae meɖe mɔ nèkpɔtɔ li ɖo: be maɖe nye ŋusẽ afia le ŋuwò, ale be woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigba blibo la dzi.”—Romatɔwo 9:17