Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 23

Wodo Ŋugbe Na Yehowa

Wodo Ŋugbe Na Yehowa

Esi Israel-viwo dzo le Egipte ɣleti eve megbe la, wova ɖo Sinai Toa gbɔ eye wonɔ afi ma sẽ. Yehowa yɔ Mose wòyi to la dzi eye wògblɔ nɛ be: ‘Nyee xɔ na Israel-viwo. Ne woɖo tom eye wowɔ nye sewo dzi la, ekema woazu ame tɔxɛwo nam.’ Mose ɖi tso toa dzi va gblɔ nya si Yehowa gblɔ la na Israel-viwo. Aleke Israel-viwo ɖo nyaa ŋui? Wogblɔ be: ‘Míawɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ na mí la dzi.’

Mose gayi toa dzi ake. Eye Yehowa gblɔ nɛ le afi ma be: ‘Mele nu ƒo ge kpli wò le ŋkeke etɔ̃a gbe. Eya ta xlɔ̃ nu dukɔ la be woagava Sinai To la dzi o.’ Mose ɖi va gblɔ na Israel-viwo be woadzra ɖo ava se nya si Yehowa agblɔ na wo.

Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Israel-viwo kpɔ be dzi nɔ dzo kem le toa dzi eye alilikpo do yibɔɔ ɖe toa tame. Wose dziɖegbe sesẽ aɖe kple kpẽ ƒe ɖiɖi hã. Eye Yehowa ɖi va to la dzi le dzobibi me. Vɔvɔ̃ ɖo Israel-viwo ale gbegbe be wodzo nyanyanya. Toa ʋuʋu kpekpekpe eye dzudzɔ xɔ to blibo la katã dzi. Kpẽa ƒe ɖiɖi nu nɔ sesẽm ɖe edzi. Eye Mawu gblɔ be: ‘Nyee nye Yehowa. Migasubɔ mawu bubu aɖeke o.’

Emegbe Mose trɔ yi toa dzi, eye Yehowa tsɔ se siwo dzi dukɔa awɔ ɖo la nɛ. Se siawo ku ɖe ale si wòle be woasubɔe kple ale si woanɔ agbee ŋu. Mose ŋlɔ seawo ɖi eye wòva xlẽ wo na Israel-viwo. Wodo ŋugbe be: ‘Míawɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ na mí la dzi.’ Ɛ̃, ŋugbee nye ema wodo na Mawu. Gake ɖe woawɔ ɖe edzia?

“Lɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.”—Mateo 22:37