Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 25

Wotu Avɔgbadɔ Hena Tadedeagu

Wotu Avɔgbadɔ Hena Tadedeagu

Esi Mose nɔ Sinai Toa dzi la, Yehowa gblɔ nɛ be wòatu avɔgbadɔ tɔxɛ aɖe, afi si Israel-viwo ade ta agu na ye le. Anye avɔgbadɔ si woatsɔ ɖe asi ne wole ʋuʋum.

Yehowa gblɔ be: ‘Gblɔ na dukɔa be woadzɔ nu sia nu si woate ŋui hena avɔgbadɔa tutu.’ Israel-viwo dzɔ sika, klosalo, akɔbli, kpe xɔasiwo kple sikanuwo. Wodzɔ lãfu, aklala, lãgbalẽwo kple nu bubu geɖewo hã. Wodzɔ nu faa tso dzi me ale gbegbe be Mose gblɔ na wo be: ‘Enyo! Migatsɔ ɖeke vɛ azɔ o.’

Ŋutsu kple nyɔnu siwo nye aɖaŋudɔwɔla bibiwo kpe asi ɖe avɔgbadɔa tutu ŋu. Yehowa na nunya wo wotsɔ wɔ dɔa. Wo dometɔ aɖewo tre ɖeti, ɖewo lɔ̃ avɔwo alo lɔ̃ nu ɖe avɔwo me. Ame bubuwo trɔ asi le kpewo ŋu, wɔ sika ŋu dɔ alo kpa atiwo.

Ameawo tu avɔgbadɔa abe ale si tututu Yehowa gblɔe na wo ene. Wowɔ xɔmetsovɔ nyui aɖe tsɔ ma avɔgbadɔa me ɖe eve, akpa ɖeka nye Kɔkɔeƒe eye akpa evelia nye Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe. Nubablaɖaka la le Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea. Akasiati ye wotsɔ wɔe eye wosisi sika ɖe eŋu. Le Kɔkɔeƒea la, sikakaɖiti, kplɔ̃ kple vɔsamlekpui si dzi wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ le la li. Akɔblizɔ kple vɔsamlekpui gã aɖe le xɔxɔnua. Nubablaɖakaa ɖoa ŋku ŋugbe si Israel-viwo do be yewoaɖo to Yehowa la dzi na wo. Ènya nu si nubabla nyea? Enye ŋugbedodo tɔxɛ aɖe.

Yehowa tia Aron kple viaŋutsuwo be woanye nunɔlawo asubɔ le avɔgbadɔa me. Ele be woalé be nɛ, eye woasa vɔwo na Yehowa le afi ma. Nunɔlagã Aron koe kpɔ mɔ age ɖe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea. Eyia afi ma zi ɖeka le ƒe me be wòasa vɔ ɖe eƒe nu vɔ̃wo, eƒe ƒomea ƒe nu vɔ̃wo kple Israel-dukɔ bliboa ƒe nu vɔ̃wo ta.

Israel-viwo wu avɔgbadɔa tutu nu ƒe ɖeka tututu esi wodzo le Egipte megbe. Fifia wokpɔ teƒe si woade ta agu na Yehowa le azɔ.

Yehowa na eƒe ŋutikɔkɔe yɔ avɔgbadɔa taŋ, eye alilikpo aɖe do ɖe avɔgbadɔa tame. Zi ale si alilikpoa le avɔgbadɔa tame ko la, Israel-viwo mehona o. Gake ne alilikpoa ho la, Israel-viwo kpɔnɛ be ehiã be yewoaho. Wokakana agbadɔa tsɔa eƒe akpa vovovoawo hedzea alilikpoa yome.

“Eye mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ wògblɔ be: ‘Kpɔ ɖa! Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woanye eƒe dukɔ. Eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo.’”—Nyaɖeɖefia 21:3