Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 26

Ŋkutsala Wuieveawo

Ŋkutsala Wuieveawo

Israel-viwo dzo le Sinai Toa gbɔ eye woto Paran gbedzi yi teƒe si woyɔna be Kades. Yehowa gblɔ na Mose le afi ma be: ‘Dɔ ŋutsu wuieve, ame ɖeka natso to ɖe sia ɖe me ne woayi ava tsa ŋku le Kanaan-nyigba si matsɔ ana Israel-viwo la dzi.’ Eya ta Mose tia ŋutsu wuieve eye wògblɔ na wo be: ‘Miyi Kanaan ne miakpɔ ɖa be anyigba la nyo na agbledede hã. Mikpɔe ɖa be ameawo sesẽ loo alo womesesẽ o, eye mikpɔe ɖa hã be avɔgbadɔwo mee wole loo alo duwo mee wole.’ Ŋkutsala wuieveawo, siwo dome Yosua kple Kaleb le la dze mɔ yi Kanaan.

Le ŋkeke 40 megbe la, ŋkutsalaawo trɔ gbɔ eye wotsɔ gbotsetsewo, yevuboɖawo kple waintsetsewo ɖe asi gbɔe. Ŋkutsalaawo gblɔ be: ‘Anyigba la nyo, gake ameawo sesẽ eye wole du siwo ŋu woɖo gli kɔkɔwo ɖo la me.’ Eye Kaleb gblɔ be: ‘Míate ŋu aɖu wo dzi. Mina míayi enumake!’ Ènya nu si ta Kaleb gblɔ nya ma? Elabena eya kple Yosua woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Gake ŋkutsala ewo mamlɛawo ya gblɔ be: ‘Gbeɖe! Ameawo dzɔ atsu! Ðeko míele abe ʋetsuviwo ene le wo ŋkume.’

Dzi ɖe le Israel-viwo ƒo. Woto nyatoƒoe eye wogblɔ na wo nɔewo be: ‘Mina míaɖo kplɔla bubu ne míatrɔ ayi Egipte. Nu ka tae wòle be míayi teƒe ma ne woawu mí?’ Yosua kple Kaleb gblɔ na wo be: ‘Migagbe toɖoɖo Yehowa o, eye migavɔ̃ o. Yehowa akpɔ mía ta.’ Gake Israel-viwo meɖo to wo o. Wodi be yewoawu Yosua kple Kaleb gɔ̃ hã!

Nu kae Yehowa wɔ? Egblɔ na Mose be: ‘Le nu siwo katã mewɔ na Israel-viwo megbe la, wogbe toɖoɖom. Eya ta woanɔ gbeadzi ƒe 40, eye woaku ɖe afi sia. Wo viwo kple Yosua kpakple Kaleb koe ayi anyigba si ƒe ŋugbe medo be matsɔ ana wo la dzi.’

“Mi xɔseʋɛtɔwo, nu ka tae vɔvɔ̃ ɖo mi alea?”—Mateo 8:26