Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 27

Wodze Aglã Ðe Yehowa Ŋu

Wodze Aglã Ðe Yehowa Ŋu

Le ɣeyiɣi aɖe megbe esi Israel-viwo nɔ gbeadzi la, Kora, Datan, Abiram kple ŋutsu 250 aɖewo dze aglã ɖe Mose ŋu. Wogblɔ nɛ be: ‘Miatɔ va glo! Nu ka tae wònye wòe nye míaƒe kplɔla eye Aron nye nunɔlagã? Yehowa li kpli mí katã, menye wò kple Aron ko o.’ Esia medzɔ dzi na Yehowa o. Ebui be ye ŋue wodze aglã ɖo!

Mose gblɔ na Kora kple eƒe ameawo be: ‘Miva avɔgbadɔa nu etsɔ, mitsɔ dzudzɔdosonuwo ɖe asi eye miakɔ dzudzɔdonu ʋeʋĩ ɖe wo me. Yehowa afia mí ame si wòtia.’

Esi ŋu ke la, Kora kple ŋutsu 250 la yi Mose gbɔ le avɔgbadɔa nu. Wodo dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma evɔ menye nunɔlawoe wonye o. Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be: ‘Mite ɖa le Kora kple eƒe ameawo ŋu.’

Togbɔ be Kora yi Mose gbɔ le avɔgbadɔa nu hã la, Datan, Abiram kple woƒe ƒomeawo ya gbe be yewomayi o. Yehowa gblɔ na Israel-viwo be woate ɖa le Kora, Datan kple Abiram ƒe agbadɔwo ŋu. Enumake Israel-viwo te ɖa. Datan, Abiram kple woƒe ƒomewo do go va tɔ ɖe woƒe agbadɔwo nu. Kasia anyigba fe eye wòmi wo! Dzo tso dziƒo va fiã Kora kple eƒe ame 250 la le avɔgbadɔa nu.

Eye Yehowa gblɔ na Mose be: ‘Xɔ atikplɔ ɖeka le to ɖe sia ɖe ƒe tatɔ si, eye nàŋlɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ ɖe eƒe atikplɔ ŋu. Gake ŋlɔ Aron ƒe ŋkɔ ɖe Lewi to la ƒe atikplɔ ŋu. Tsɔ wo da ɖe avɔgbadɔa me eye ame si matia la ƒe atikplɔ aƒo se.’

Esi ŋu ke la, Mose ɖe atikplɔawo do goe eye wòtsɔ wo fia tatɔawo. Aron ƒe atikplɔa ƒo se hetse yevuzi ɖiɖiwo. Yehowa to esia dzi ɖee fia be yetia Aron be wòanye nunɔlagã.

“Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la, eye mibɔbɔ mia ɖokui na wo.”—Hebritɔwo 13:17