Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 31

Yosua Kple Gibeontɔwo

Yosua Kple Gibeontɔwo

Dukɔ bubu siwo le Kanaan la se nu si dzɔ ɖe Yeriko dzi. Woƒe fiawo ɖoe be yewoawɔ ɖeka awɔ aʋa kple Israel-viwo. Gake Gibeontɔwo ya wɔ nu bubu aɖe. Wodo awu vuvuwo eye wova Yosua gbɔ va gblɔ nɛ be: ‘Anyigba didi aɖe dzie míetso va. Míese nu siwo katã Yehowa wɔ na mi le Egipte kple Moab la ŋu nya. Mido ŋugbe na mí be yewomadze mía dzi o, ekema míazu miaƒe subɔviwo.’

Yosua xɔ woƒe nyawo dzi se eye wòlɔ̃ be yewomadze wo dzi o. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, eva see be menye anyigba didi aɖe dzie wotso va o. Kanaan-nyigba dzie wotso. Yosua bia Gibeontɔwo be: ‘Nu ka ta mieble mí?’ Woɖo eŋu be: ‘Míenɔ vɔvɔ̃m! Míenya be miaƒe Mawu Yehowa le aʋa wɔm na mi. Míeɖe kuku migawu mí o.’ Yosua wɔ ɖe ŋugbe si wòdo na wo la dzi eye wòna wotsi agbe.

Eteƒe medidi o, Kanaantɔwo ƒe fia atɔ̃ kple woƒe aʋakɔwo ho ɖe Gibeontɔwo ŋu. Yosua kple eƒe aʋawɔlawo zɔ zã bliboa be yewoaxɔ na Gibeontɔwo. Esi ŋu ke la wokpe aʋa kple futɔawo. Kanaantɔwo si ɖo ta goawo katã me. Yehowa na tsikpe gãwo dza ɖe wo dzi le teƒe siwo katã wosi yi. Eye Yosua bia Yehowa be wòana ɣe natɔ ɖe teƒe ɖeka. Nu ka tae wòbia Yehowa be wòana ɣe natɔ ɖe teƒe ɖeka evɔ nu sia medzɔ kpɔ o? Elabena Yosua ka ɖe Yehowa dzi. Ɣe tɔ ɖe teƒe ɖeka ŋkeke bliboa va se ɖe esime Israel-viwo ɖu Kanaan-fiawo kple woƒe aʋakɔwo dzi.

“Mina miaƒe ‘Ɛ̃’ nanye ɛ̃, eye miaƒe ‘Ao’ nanye ao, elabena nu si wu esiawo la, vɔ̃ɖitɔ la gbɔe wòtso.”—Mateo 5:37