Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 33

Rut Kple Naomi

Rut Kple Naomi

Esi dɔ to le Israel la, Israel-nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Naomi, srɔ̃a kple viaŋutsu eve ʋu yi Moab-nyigba dzi. Emegbe Naomi srɔ̃ ku. Viaŋutsuawo ɖe Moab-nyɔnu siwo nye Rut kple Orpa. Nublanuitɔea, Naomi viŋutsuawo hã ku le ɣeyiɣi aɖe megbe.

Esi Naomi se be dɔwuamea nu yi le Israel la, eɖoe be yeatrɔ ayi aƒe. Rut kple Orpa dze mɔ kplii, gake esi wonɔ mɔa dzi la, Naomi gblɔ na wo be: ‘Srɔ̃nyɔnu nyuiwoe mienye na vinyeŋutsuawo eye mienye lɔ̃xoyɔvi nyuiwo nam. Medi be mi ame evea miagaɖe srɔ̃. Eya ta mitrɔ yi mia de Moab.’ Nyɔnuawo gblɔ be: ‘Míelɔ̃ wò! Míedi be míagblẽ wò ɖi o.’ Naomi gblɔ na wo zi geɖe be woatrɔ ayi aƒe. Mlɔeba Orpa trɔ dzo gake Rut ya medzo o. Naomi gblɔ nɛ be: ‘Orpa trɔ yina eƒe amewo kple eƒe mawuwo gbɔ. Trɔ nàdze eyome, ne nàyi nɔwò ƒe me.’ Gake Rut gblɔ be: ‘Nyemagblẽ wò ɖi o. Wò amewo anye nye amewo eye wò Mawu anye nye Mawu.’ Aleke nèsusu be Naomi ase le eɖokui me esi Rut gblɔ nya ma?

Rut kple Naomi va ɖo Israel le ƒoxaɣi ƒe gɔmedzedze. Gbe ɖeka la, Rut yi ɖafɔ nukuwo le ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Boaz, ame si nye Rahab viŋutsu ƒe agble me. Boaz se be Rut nye Moabtɔ si le Naomi ŋu nuteƒewɔwɔtɔe. Egblɔ na eƒe dɔwɔlawo be woagblẽ nuku aɖewo ɖi na Rut wòafɔ.

Le zã ma me la, Naomi bia Rut be: ‘Ame ka ƒe agble mee nèwɔ dɔ le egbea?’ Rut ɖo eŋu be: ‘Mewɔ dɔ le ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Boaz ƒe agble me.’ Naomi gblɔ nɛ be: ‘Boaz nye srɔ̃nye ƒe ƒometɔ. Nɔ ɖetugbuiawo ŋu nàfɔ nuku le eƒe agblea me. Ànɔ dedie le afi ma.’

Rut fɔ nuku le Boaz ƒe agble me va se ɖe esime nuxaɣia wu enu. Boaz kpɔe be Rut wɔa dɔ sesẽ eye wònye nyɔnu zazɛ̃ aɖe. Le ɣeyiɣi mawo me la, ne ŋutsu aɖe ku evɔ vi mele esi o la, ele be eƒe ƒometɔ aɖe naɖe ahosia. Eya ta Boaz ɖe Rut. Wodzi ŋutsuvi aɖe si ŋkɔe nye Obed, ame si va nye Fia David tɔgbui. Naomi xɔlɔ̃wo kpɔ dzidzɔ. Wogblɔ be: ‘Gbãa, Yehowa tsɔ Rut, ame si kpe ɖe ŋuwò geɖe la na wò, eye fifia, èxɔ mamayɔvi. Woakafu Yehowa.’

“Xɔlɔ̃ aɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.”—Lododowo 18:24