Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 36

Ŋugbe Si Yefta Do

Ŋugbe Si Yefta Do

Israel-viwo gagblẽ Yehowa ɖi va le alakpamawuwo subɔm. Esi Amonitɔwo va dze Israel-viwo dzi hewɔ aʋa kpli wo la, alakpamawu siawo mekpe ɖe wo ŋu o. Israel-viwo kpe fu ƒe geɖe. Mlɔeba wogblɔ na Yehowa be: ‘Míewɔ nu vɔ̃. Míeɖe kuku, ɖe mí tso míaƒe futɔwo si me.’ Israel-viwo gblẽ woƒe trɔ̃wo dome eye wogasubɔ Yehowa. Yehowa medi be woaganɔ fu kpem o.

Mawu tia ŋutsu sesẽ aɖe si ŋkɔe nye Yefta be wòanɔ ŋgɔ na Israel-viwo woawɔ aʋa kple Amonitɔwo. Yefta gblɔ na Yehowa be: ‘Ne èkpe ɖe mía ŋu míeɖu dzi le aʋa sia me la, mele ŋugbe dom be ne metrɔ gbɔ va aƒe la, matsɔ ame gbãtɔ si ado go tso nye aƒe me ava kpem la ana wò.’ Yehowa se Yefta ƒe gbedodoɖaa eye wòna wòɖu dzi.

Esi Yefta trɔ gbɔ va aƒe la, ame gbãtɔ si do go va kpee ye nye vianyɔnu si nye vi ɖekɛ nɛ la. Enɔ axatsɛ ƒom henɔ ɣe ɖum. Nu kae Yefta awɔ? Eɖo ŋku eƒe ŋugbedodoa dzi eye wògblɔ be: ‘Ao, vinye! Ègbã dzi nam. Medo ŋugbe na Yehowa. Be mawɔ ŋugbedodoa dzi la, ele be maɖo wò ɖe Silo nàva subɔ le avɔgbadɔa me.’ Gake via gblɔ nɛ be: ‘Papa ne èdo ŋugbe na Yehowa la, ke wɔ ɖe edzi. Nu si biam mele koe nye be nàna ɣleti evem ne nye kple xɔ̃nye nyɔnuviwo míayi toawo dzi. Emegbea mayi.’ Yefta vinyɔnu la subɔ le avɔgbadɔa me nuteƒewɔwɔtɔe le eƒe agbe me katã. Ƒe sia ƒe la, xɔlɔ̃awo yia Silo va srãnɛ kpɔ.

“Ame si lɔ̃a viaŋutsu alo vianyɔnu wum la, eya medzem o.”—Mateo 10:37