Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 38

Yehowa Na Ŋusẽ Samson

Yehowa Na Ŋusẽ Samson

Israel-vi geɖe gava nɔ trɔ̃wo subɔm, eya ta Yehowa ɖe mɔ Filistitɔwo ɖu woƒe anyigba la dzi. Gake Israel-vi aɖewo ya yi edzi lɔ̃ Yehowa. Ame siawo dometɔ ɖekae nye Manoa. Vi aɖeke menɔ eya kple srɔ̃a si o. Gbe ɖeka la, Yehowa dɔ eƒe dɔla aɖe ɖe Manoa srɔ̃ gbɔ. Mawudɔla la gblɔ nɛ be: ‘Èle ŋutsuvi aɖe dzi ge. Eyae aɖe Israel-viwo tso Filistitɔwo si me. Anye Naziritɔ.’ Ènya ame si Naziritɔwo nyea? Wonye Yehowa subɔla tɔxɛ aɖewo. Womeɖe mɔ na Naziritɔwo be woalũ ta o.

Eteƒe medidi o wodzi ŋutsuvi na Manoa, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Samson. Esi Samson tsi la, Yehowa na ŋusẽ geɖe nɔ eŋu. Samson te ŋu tsɔ asi ƒuƒlu wu dzata. Gbe ɖeka la, Samson ɖeɖe wu Filistitɔ 30. Filistitɔwo lé fui eye wonɔ mɔnu dim le eŋu ne yewoawui. Esi Samson va tsi Gaza dua me le zã aɖe me la, Filistitɔwo va dua ƒe agbo nu henɔ lalam be ne ŋu ke la yewoawui. Gake le zã titina la, Samson fɔ yi dua ƒe agbo nu eye wòho agboa le glia me. Ekɔ agboa ɖe eƒe abɔta yi keke to aɖe si te ɖe Hebron ŋu la dzi!

Emegbe Filistitɔwo yi Samson ƒe ahiãvi si ŋkɔe nye Delila gbɔ eye wogblɔ nɛ be: ‘Ne ète ŋu gblɔ nu si gbɔ Samson ƒe ŋusẽa tso na mí la, míana ga gbogbo aɖe wò. Míedi be míalée ade gaxɔ me.’ Delila di be gaa nasu ye si eya ta elɔ̃. Gake Samson melɔ̃ gbã be yeagblɔ nu si gbɔ yeƒe ŋusẽa tso nɛ o. Gake nyɔnua ɖe fu nɛ ʋuu ale be wògblɔe nɛ. Egblɔ nɛ be: ‘Womelũ ta nam kpɔ o elabena Naziritɔ menye. Ne wolũ ta nam la ŋusẽ avɔ le ŋunye.’ Mèkpɔe be Samson wɔ vodada gã aɖe be wògblɔ nya sia nɛ oa?

Enumake Delila gblɔ na Filistitɔwo be: ‘Menya nu si gbɔ eƒe ŋusẽa tso!’ Ena Samson dɔ alɔ̃ ɖe eƒe ata dzi eye wòna ame aɖe lũ ta nɛ. Delila do ɣli be: ‘Samson Filistitɔwo va ɖo!’ Samson nyɔ tso alɔ̃ me gake ŋusẽ megale eŋu o. Filistitɔwo lée, gbã ŋku nɛ eye wodee gaxɔ me.

Gbe ɖeka la, Filistitɔ akpe geɖe va ƒo ƒu ɖe woƒe mawu Dagon ƒe trɔ̃xɔa me henɔ ɣli dom be: ‘Míaƒe mawu la tsɔ Samson de asi na mí! Mikplɔ Samson vɛ! Ne wòava do nukokoe na mí.’ Wokplɔe va tɔ ɖe sɔti eve dome eye woɖu fewu le eŋu. Samson do ɣli be: ‘Oo Yehowa, meɖe kuku na ŋusẽ nagaɖo ŋunye zi ɖeka pɛ sia.’ Le ɣeyiɣi sia me la, Samson ƒe ɖa gato. Etsɔ eƒe ŋusẽ katã tutu trɔ̃xɔa ƒe sɔtiwo. Xɔ blibo la mu eye ame siwo katã nɔ eme la ku, Samson hã ku.

“Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.”—Filipitɔwo 4:13