Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 45

Fiaɖuƒea Ma Ðe Eve

Fiaɖuƒea Ma Ðe Eve

Ŋutifafa nɔ Israel esi Salomo yi edzi subɔ Yehowa. Gake Salomo ɖe srɔ̃ geɖe tso dukɔ bubuwo me, eye nyɔnu siawo nye trɔ̃subɔlawo. Vivivi la, Salomo trɔ eye eya hã te trɔ̃wo subɔsubɔ. Yehowa do dziku. Egblɔ na Salomo be: ‘Maxɔ Israel le wò ƒomea si eye wòama ɖe eve. Matsɔ akpa gãtɔ ana wò dɔlawo dometɔ ɖeka, eye wò ƒomea aɖu akpa suetɔ dzi.’

Yehowa gaɖo kpe eƒe nya sia dzi le mɔ bubu aɖe nu. Salomo ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Yeroboam do go nyagblɔɖila Ahiya le mɔ dzi. Ahiya dze eya ŋutɔ ƒe awu ɖe akpa 12 me eye wògblɔ na Yeroboam be: ‘Yehowa axɔ Israel fiaɖuƒea le Salomo ƒe ƒomea si eye wòamae ɖe eve. Tsɔ awu si medze la ƒe akpa ewo elabena àɖu fia ɖe to ewo dzi.’ Fia Salomo se nya sia eye wòdi be yeawu Yeroboam! Eya ta Yeroboam si yi Egipte. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Salomo ku eye via Rehabeam zu fia ɖe eteƒe. Ale Yeroboam kpɔe be yeate ŋu atrɔ ava Israel azɔ.

Israel ƒe ame tsitsiwo gblɔ na Rehabeam be: ‘Ne èwɔ nu ɖe ameawo ŋu nyuie la, woawɔ nuteƒe na wò.’ Gake Rehabeam xɔlɔ̃ siwo nye ehatiwo gblɔ nɛ be: ‘Ele be wò asi nasẽ ɖe ameawo dzi! Na woawɔ dɔ sesẽ wu!’ Rehabeam ɖo to ehatiawo ƒe aɖaŋuɖoɖoa. Esẽ tame le ameawo ŋu eya ta ameawo dze aglã. Wotsɔ Yeroboam ɖo fiae ɖe to ewo si wova yɔ be Israel fiaɖuƒe la dzi. Woyɔ to eve susɔea be Yuda fiaɖuƒe eye wonɔ Rehabeam yome. Israel to 12 la ma ɖe eve azɔ.

Yeroboam medi be yeƒe amewo nanɔ Yerusalem si le Rehabeam ƒe fiaɖuƒea me la yim na tadedeagu o. Ènya nu si tae? Yeroboam nɔ vɔvɔ̃m be yeƒe amewo atrɔ ɖa le ye yome ade Rehabeam dzi. Eya ta ewɔ sikanyivi eve eye wògblɔ na eƒe amewo be: ‘Yerusalem didi akpa. Miate ŋu ade ta agu le afi sia.’ Ameawo dze tadedeagu na sikanyiviawo gɔme eye wogaŋlɔ Yehowa be.

“Miganɔ kɔkuti ɖeka te kple dzimaxɔsetɔwo o. Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? . . . Alo kadodo kae le xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔ dome?”—2 Korintotɔwo 6:14, 15