Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 46

Dodokpɔ Si Wowɔ Le Karmel To La Dzi

Dodokpɔ Si Wowɔ Le Karmel To La Dzi

Fia vɔ̃ɖi geɖe ɖu Israel-to ewo fiaɖuƒea dzi, eye Ahab nye esiwo vɔ̃ɖi wu la dometɔ ɖeka. Eɖe nyɔnu vɔ̃ɖi aɖe si subɔa Baal. Nyɔnua ŋkɔe nye Izebel. Ahab kple Izebel na Baal subɔsubɔ xɔ anyigba la dzi eye wowu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo. Nu kae Yehowa wɔ? Edɔ nyagblɔɖila Eliya be wòagblɔ gbedeasi aɖe na Ahab.

Eliya gblɔ na Fia Ahab be le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ta la, tsi madza le Israel o. Nukuwo mewɔ o hena ƒe etɔ̃ kple edzivɔ eye dɔ wu amewo. Emegbe Yehowa gadɔ Eliya ɖe Ahab gbɔ. Fia la gblɔ nɛ be: ‘Èle fu ɖem ŋutɔ! Gbɔwòe wòtso be nu siawo katã dzɔ.’ Eliya ɖo eŋu nɛ be: ‘Menye gbɔnyee kuɖiɖi sia tso o. Gbɔwòe wòtso elabena èle Baal subɔm. Na míawɔ dodokpɔ aɖe. Ƒo dukɔ la kple Baal ƒe nyagblɔɖilawo nu ƒu ɖe Karmel To la dzi.’

Ameawo va ƒo ƒu ɖe toa dzi. Eliya gblɔ be: ‘Mitia ame si miasubɔ. Ne Yehowa ye nye Mawu vavãa la, midze eyome. Ne Baal ye la, midze eyome. Mebe mitia ɖeka. Mina Baal ƒe nyagblɔɖila 450 la nadzra vɔsalã ɖo na woƒe mawua, eye nye hã madzra nye vɔsalã ɖo eye mayɔ Yehowa. Mawu si ana dzo nava fiã vɔsalã lae nye Mawu vavã la.’ Ameawo lɔ̃ ɖe edzi.

Baal ƒe nyagblɔɖilawo dzra woƒe vɔsalãa ɖo. Wonɔ woƒe mawua yɔm ŋkeke bliboa katã be: ‘Oo Baal tɔ na mí!’ Esi Baal metɔ o la, Eliya ɖu fewu le eŋu. Egblɔ be: ‘Miyɔe sesĩe ale si miate ŋui. Ðewohĩ edɔ alɔ̃ eye wòhiã be ame aɖe nanyɔe.’ Wonɔ Baal yɔm ʋuu va se ɖe ɣetrɔ me. Gake Baal metɔ o.

Eliya tsɔ eƒe vɔsalãa ɖo vɔsamlekpuia dzi eye wòkɔ tsi ɖe edzi. Eye wòdo gbe ɖa be: ‘Oo Yehowa, meɖe kuku, na ame siawo nanyae be wòe nye Mawu vavã la.’ Enumake Yehowa na dzo tso dziƒo va fiã vɔsalãa. Ameawo do ɣli be: ‘Yehowae nye Mawu vavã la!’ Eliya gblɔ be: ‘Migana Baal ƒe nyagblɔɖilawo nasi o!’ Wowu Baal ƒe nyagblɔɖila 450 la gbe ma gbe.

Esi alilikpo sue aɖe do ɖe yame le atsiaƒua dzi la, Eliya gblɔ na Ahab be: ‘Ahom aɖe gbɔna. Tsi lãwo ɖe wò tasiaɖam ŋu nàyi aƒe me.’ Alilikpo xe yame yibɔɔ, ya ƒo, eye tsi gã aɖe te dzadza. Mlɔeba kuɖiɖia tɔ. Ahab do eƒe tasiaɖam la sesĩe ale si wòate ŋui. Yehowa kpe ɖe Eliya ŋu wòƒu du sesĩe wu tasiaɖam la! Gake ɖe Eliya ƒe kuxiwo katã vɔa? Na míakpɔe ɖa.

“Na woadze sii be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò ɖeɖe koe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba blibo la dzi.”—Psalmo 83:18