Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 47

Yehowa Do Ŋusẽ Eliya

Yehowa Do Ŋusẽ Eliya

Izebel se nu si dzɔ ɖe Baal ƒe nyagblɔɖilawo dzi eye dzi kui vevie. Edɔ ame ɖe Eliya gbɔ be woagblɔ nɛ be: ‘Etsɔ la, wò hã aku abe Baal ƒe nyagblɔɖilawo ene.’ Vɔvɔ̃ ɖo Eliya ale gbegbe be wòsi yi gbedzi. Edo gbe ɖa be: ‘Yehowa eva glom azɔ. Na maku.’ Esi ɖeɖi te Eliya ŋu belibeli ta la, edɔ alɔ̃ ɖe ati aɖe te.

Mawudɔla aɖe va nyɔe blewu gblɔ nɛ be: ‘Fɔ nàɖu nu.’ Eliya kpɔ abolo nogoe aɖe le kpe xɔdzowo dzi kple kplu aɖe si me tsi le. Eɖu nu no nu eye wògamlɔ anyi. Mawudɔlaa ganyɔe ake gblɔ nɛ be: ‘Ðu nu. Ele be ŋusẽ nanɔ ŋuwò nàte ŋu azɔ mɔa.’ Eya ta Eliya gaɖu nua. Emegbe ezɔ mɔ ŋkeke 40 kple zã 40 va se ɖe esime wòɖo Horeb To la gbɔ. Le afi ma la, Eliya ge ɖe agado aɖe me be yeamlɔ anyi. Gake Yehowa ƒo nu kplii. Ebiae be: ‘Eliya, nu ka wɔm nèle le afi sia?’ Eliya ɖo eŋu be: ‘Israel-viwo mewɔ ɖe ŋugbe si wodo na wò la dzi o. Wogbã wò vɔsamlekpuiwo eye wowu wò nyagblɔɖilawo. Fifia wole didim be yewoawu nye hã.’

Yehowa gblɔ nɛ be: ‘Yi nàtɔ ɖe toa tame.’ Gbã la, ya sesẽ aɖe ƒo va to agadoa nu. Emegbe anyigba ʋuʋu eye dzobibi kplɔe ɖo. Mlɔeba Eliya se gbe aɖe si ɖi blewu. Etsɔ eƒe awua tsyɔ ŋkume eye wòva tɔ ɖe agadoa nu. Yehowa biae be, nu ka tae nèsi? Eliya ɖo eŋu be: ‘Nye ɖeka koe susɔ.’ Gake Yehowa gblɔ nɛ be: ‘Menye wò ɖeka koe susɔ o. Ame 7,000 gale Israel siwo subɔam. Trɔ yi, eye nàɖo Elisa nyagblɔɖilae be wòaxɔ ɖe tewòƒe.’ Enumake Eliya yi ɖawɔ nu si Yehowa gblɔ nɛ. Èsusu be Yehowa akpe ɖe ŋuwò ne èwɔ nu si wòdi be nàwɔa? Ɛ̃, akpe ɖe ŋuwò. Na míakpɔ nane si dzɔ le kuɖiɣia ɖa.

“Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo.”—Filipitɔwo 4:6