Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 48

Wogbɔ Agbe Ahosi Aɖe Ƒe Vi

Wogbɔ Agbe Ahosi Aɖe Ƒe Vi

Le kuɖiɣia la, Yehowa gblɔ na Eliya be: ‘Yi Zarefat. Ahosi aɖe si le afi ma ana nuɖuɖu wò.’ Esi Eliya ɖo dua ƒe agbo nu la, ekpɔ ahosi dahe aɖe wònɔ nake fɔm. Egblɔ nɛ be wòaku tsi vɛ na ye yeano. Esi wòyina tsia ku ge la, Eliya yɔe hegblɔ nɛ be: ‘Meɖe kuku tsɔ abolo vi aɖe vɛ nam.’ Gake ahosia gblɔ be: ‘Abolo aɖeke mele asinye mana wò o. Wɔ sue aɖe kple ami si matsɔ aɖa nu na nye kple vinye koe le asinye.’ Eliya gblɔ nɛ be: ‘Yehowa do ŋugbe be ne èna nuɖuɖum la, wò wɔ la kple amia mavɔ o va se ɖe esime tsi nagadza.’

Eya ta ahosi la yi aƒe me ɖamè abolo na Yehowa ƒe nyagblɔɖilaa. Abe ale si Yehowa do ŋugbee ene la, nuɖuɖu mevɔ le ahosi la kple via si le kuɖiɣia o. Wɔ la mevɔ le zea me o, eye ami la hã mevɔ o.

Gake nya sesẽ aɖe va dzɔ. Ahosia ƒe viŋutsuvia dze dɔ sesĩe eye wòku. Ahosia ɖe kuku na Eliya be wòakpe ɖe ye ŋu. Eliya xɔ ɖevia le esi eye wòkɔe yi xɔtaxɔ aɖe si le nyɔnua ƒe aƒea me la me. Etsɔe mlɔ aba dzi eye wòdo gbe ɖa be: ‘Yehowa, meɖe kuku, na ɖevi sia nagbɔ agbe.’ Ènya nu si tae esia anye nukunu gã aɖe si Yehowa awɔa? Elabena va se ɖe ɣemaɣi la, womefɔ ame kuku aɖeke ɖe tsitre kpɔ o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ahosi sia kple via menye Israel-viwo o.

Gake agbe gaɖo ɖevia me eye wòte gbɔgbɔ! Eliya gblɔ na ahosia be: ‘Kpɔ ɖa! Viwòa gbɔ agbe.’ Nyɔnua kpɔ dzidzɔ ale gbegbe eye wògblɔ na Eliya be: ‘Mawu ƒe amee nènye nyateƒe. Menya, elabena nya si Yehowa gblɔ na wò koe nègblɔna.’

“Mibu akpaviãwo ŋu kpɔ: Womeƒãa nu alo ŋea nu o, eye ava alo nudzraɖoƒe mele wo si o; ke hã Mawu nyia wo. Ðe miexɔ asi sãsãsã wu xeviwo oa?”—Luka 12:24