Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 49

Wohe To Na Fianyɔnu Vɔ̃ɖi Aɖe

Wohe To Na Fianyɔnu Vɔ̃ɖi Aɖe

Ne Fia Ahab le eƒe fiasã me le Yezreel la, ekpɔa ŋutsu si ŋkɔe nye Nabot ƒe waingble to eƒe fesre nu. Ahab di be waingble sia nazu ye tɔ, eya ta edze agbagba be yeaƒlee le Nabot si. Gake Nabot melɔ̃ be yeadzrae nɛ o, elabena Yehowa ƒe Se meɖe mɔ be ame nadzra anyigba si ƒe dome wònyi o. Ðe Ahab de bubu Nabot ŋu le esi wòwɔ nu si sɔ taa? Ao. Ðe Ahab do dziku vevie boŋ. Ete ɖe edzi ale gbegbe be wòtsi xɔ me eye wògbe hã be yemaɖu nu o.

Ahab srɔ̃, Fianyɔnu vɔ̃ɖi Izebel gblɔ nɛ be: ‘Wòe nye Israel-fia. Eya ta nu sia nu si nèdi la ate ŋu asu asiwò. Maxɔ anyigba ma na wò.’ Izebel ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe du si me Nabot le la ƒe ame tsitsiwo be woatso enu be eƒo fi de Mawu ne woaƒu kpee wòaku. Ame tsitsiawo wɔ nu si Izebel gblɔ na wo be woawɔ la, emegbe Izebel gblɔ na Ahab be: ‘Nabot ku. Eya ta waingble la zu tɔwò.’

Menye Nabot koe nye ame maɖifɔ si Izebel wu o. Ewu ame gbogbo aɖewo siwo lɔ̃ Yehowa la hã. Trɔ̃woe Izebel ya subɔna eye wòwɔ nu gbegblẽ bubu geɖe. Yehowa kpɔ nu gbegblẽ siwo katã Izebel wɔ. Nu kae wòawɔ Izebel?

Esi Ahab ku la, via Yehoram zu fia. Yehowa dɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yehu be wòahe to na Izebel kple eƒe ƒomea.

Yehu do eƒe tasiaɖam yi Yezreel, afi si Izebel le. Yehoram do tasiaɖam va do go Yehu eye wòbiae be: “Ŋutifafa yea?” Yehu ɖo eŋu be: ‘Aleke ŋutifafa awɔ anɔ anyi, esi dawò Izebel le nu vɔ̃ɖiwo wɔm?’ Yehoram dze agbagba be yeatrɔ yeƒe tasiaɖam asi. Gake Yehu da aŋutrɔ Yehoram eye wòku.

Emegbe Yehu yi Izebel ƒe fiasãa me. Esi wòse be Yehu gbɔna la, esisi nuwo ɖe ŋkume, wɔ ɖa eye wònɔ anyi ɖe fesre to le eƒe dziƒoxɔa dzi nɔ lalam. Esi Yehu va ɖo la, Izebel medo vivi ɖe eŋu o. Yehu do ɣli gblɔ na Izebel ƒe dɔla siwo tɔ ɖe egbɔ be: ‘Mitutui ƒu anyi!’ Wotutui to fesrea nu wòge va dze anyi eye wòku.

Emegbe la, Yehu wu Ahab viŋutsu 70-awo eye wòɖe Baal subɔlawo ɖa le anyigba la dzi. Mèkpɔe be Yehowa nya nu sia nu eye le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la ehea to na nu baɖa wɔlawo oa?

“Domenyinu si wokpɔ to ŋukeklẽ dzi le gɔmedzedzea la, yayra manɔ eme le nuwuwua o.”—Lododowo 20:21